Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu ka ƒe sewoe nye gbogbo siawo?

Nu ka ƒe sewoe nye gbogbo siawo?

 Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nu ka ƒe sewoe nye gbogbo siawo?

“Ɣeyiɣi si woɖo nam be magbɔ va aƒe me gbe sia gbe la medzɔa dzi nam kura o! Ne mekpɔ be mía tɔ bubuwo ya megbɔna vaa aƒe me kaba abe ale si woɖoe na nye ya ene o la, eveam ŋutɔ.”—Allen.

“Etena ɖe dzinye ŋutɔ be ame bubuwo nadi be yewoanya ame siwo mele nu ƒom kplii le nye asitelefon dzi. Mesena le ɖokuinye me be wole nu wɔm ɖe ŋunye abe ɖevie menye ene!”—Elizabeth.

ÐE WÒWƆNA na wò be se siwo dziwòlawo dena na wò la sesẽ akpaa? Ðe wòdzro wò kpɔ be yeato nuxanuxa ado go le aƒea me, alo ada alakpa na dziwòlawo le nu siwo nèwɔna ŋua? Ne nenemae la, ke ɖewohĩ wò seselelãmewo sɔ kple ƒewuivi aɖe tɔ, ame si gblɔ tso edzilawo ŋu be woƒe ŋku nɔa ame ŋu akpa, eye wògblɔ be: ‘Woneɖe asi le ŋunye ya naƒo ɖem vie!’

Zi geɖe la, dziwòlawo alo ame siwo le dziwò kpɔm la ade se aɖewo na wò le nu siwo wòle be nàwɔ kple esiwo mele be nàwɔ o ŋu. Se siawo ate ŋu aku ɖe sukudɔdasi siwo wona wò be nàwɔ le aƒe me, aƒemedɔwo, ɣeyiɣi si wòle be nàgbɔ va aƒe me, kpakple ale si wòle be nàzã telefon, television, alo kɔmpiuta ŋu. Ðewohĩ menye nu siwo wòle be nàwɔ le aƒe me ɖeɖe ŋu koe se siawo aku ɖo o, woate ŋu aku ɖe ale si wòle be nànɔ agbee le suku kple xɔ̃ siwo nàdze hã ŋu.

Zi geɖe la, sɔhɛ geɖe dana le se siwo wo dzilawo de na wo la dzi. Ƒewuivi siwo wobia gbee le numekuku aɖe me la dometɔ eve kloe le etɔ̃ ɖe sia ɖe me gblɔ be wohe to na yewo le se siwo wode na yewo la dzi dada ta, eye seawo dzi dada koŋ tae wohea to na yewo ɖo.

Ke hã, sɔhɛ geɖe lɔ̃ ɖe edzi be ehiã be woade se aɖewo na yewo; ne menye nenema o la, nuwo mate ŋu azɔ nyuie gbeɖe o. Gake ne ehiã be woade se aɖewo na ame hã la, nu ka tae wo dometɔ aɖewo vea dɔme na ame vevie nenema? Eye ne ewɔ na wò be ye dzilawo ƒe sewo na yede vovo ge do kpoe la, nu kae nàwɔ akpɔ gbɔdzɔe vi aɖe?

“Meganye Ðevie Menye O Ðe”!

Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Emily bia be: “Aleke mawɔ ana dzinyelawo nanya be meganye ɖevie menye o, eye be ele be woana ablɔɖem?” Ðe wò hã nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Abe Emily ene la, ɖewohĩ se siawo dzi wɔwɔ vea dɔme na wò hã, elabena ewɔna na wò be wowɔa nu ɖe ye ŋu abe ɖevi si mele naneke nyam o ene. Le nyateƒe me la, ɖewohĩ dziwòlawo ƒe susu to vovo le nyaa ŋu. Ðewohĩ wosusui be se siwo yewode na wò la hiã bene woakpɔ tawò ahadzra wò ɖo ɖe agbanɔamedzi siwo ava dze ŋgɔ wò le tsitsi me ŋu.

Ne ablɔɖe aɖe sinu le asiwò hã la, ɖewohĩ awɔ na wò be togbɔ be yele tsitsim hã la, nenema ko seawo ya gakpɔtɔ le. Esia gavea ame wu ne ewɔ na wò be woɖe mɔ le nu geɖe ŋu na ye nɔvi  bubuwo ya. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Marcy gblɔ be: “Mexɔ ƒe 17, gake dzinyelawo ɖoe be magbɔ va aƒe me kaba gbe sia gbe. Ne mewɔ nu gbegblẽ aɖe ko la, womegaɖea mɔ nam medoa go o, gake esime nɔvinyeŋutsu ya xɔ ƒe si mexɔ fifia la, womeɖoa ɣeyiɣi si wòagbɔ va aƒe me la nɛ o, eye ame aɖeke hã mexe mɔ ɖe eƒe gododo le aƒea me nu kpɔ o.” Matthew ɖo ŋku edzi be esime yenɔ yeƒe ƒewuiwo me la, womehea to na ye nɔvinyɔnu kple ye tasi ƒe vinyɔnuwo o “ne wowɔ nu gbegblẽ gã aɖe kura gɔ̃ hã!”

Ðe Wòanyo Wu Ne Se Aɖeke Meli Oa?

Eme kɔ be ɖewohĩ èle didim be yeavo tso ye dzilawo ƒe ŋusẽ te. Gake ɖe eme anyo na wò wu ne womede se aɖeke na wò oa? Ðewohĩ ènya hatiwò sɔhɛ aɖewo siwo te ŋu nɔa gbɔme wòdidina ale si wodi, wote ŋu doa nu sia nu si dze wo ŋu, eye woa kple wo xɔlɔ̃wo te ŋu yia afi sia afi si wolɔ̃ ɣesiaɣi. Ðewohĩ wo dzilawo xaxa ale gbegbe be womete ŋu dea dzesi nu siwo wɔm wo viwo le o. Aleke kee wòɖale o, vihehe alea mehea nu nyui aɖeke vanɛ o. (Lododowo 29:15) Nu si gbɔ amemalɔ̃malɔ̃ si teƒe kpɔm nèle le xexea me godoo egbea tso koŋue nye be, emenɔlawo nye ɖokuitɔdilawo, eye wohe wo le aƒe siwo me se aɖeke menɔ o me.—Timoteo II, 3:1-5.

Ðewohĩ gbe ɖeka la, wò susu le se siwo dzilawo dena na wo viwo ŋu la ava trɔ. De ŋugble tso numekuku aɖe si wowɔ ku ɖe ɖetugbi siwo tsi le aƒe siwo me se geɖe menɔ o, eye wo dzilawo ƒe ŋku menɔ wo ŋu ale hã o, la ŋu kpɔ. Esi wobu ale si nuwo nɔ va yii ŋu la, wo dometɔ aɖeke mebu ale si womena hehe wo o la be enye nu nyui o. Ðe wokpɔe boŋ be nuwɔwɔ alea fia be dzilawo metsɔ ɖeke le eme na wo viwo o, alo be womesu te anye dzilawo o.

Le esi teƒe be nàʋã ŋu sɔhɛ siwo woɖe mɔ na wo be woawɔ nu sia nu si dze wo ŋu la, dze agbagba nàbu se siwo dziwòlawo dena na wò la be enye kpeɖodzi be wolɔ̃ wò, eye be wotsɔ ɖe le eme na wò. Ne woxe mɔ ɖe nanewo nu na wò, eye wòsɔ la, ekema wole Yehowa Mawu srɔ̃m, ame si gblɔ na eƒe amewo be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.”—Psalmo 32:8.

Ke hã, ɖewohĩ awɔ na wò fifia be seawo sɔ gbɔ akpa. Ne nenemae la, ekema bu nu siwo nàte ŋu awɔ be aƒea me nɔnɔ navivi nuwò la ŋu kpɔ.

Dzeɖoɖo Si Ƒomevi Ðea Vi

Eɖanye ablɔɖe geɖe wu dim nèle alo ɖeko nèdi be woaɖe mɔ na ye yeazã ablɔɖe si le ye  si fifia la ale si yedii ene o, nu vevitɔe nye be dzeɖoɖo nyui nanɔ mia kple dziwòlawo dome. Ame aɖewo agblɔ be: ‘Medze agbagba ƒo nu kple dzinyelawo, gake gbeɖea koe!’ Ne nenemae nèsena le ɖokuiwò me la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mate ŋu atrɔ asi le ale si meɖoa dze kpli woe ŋu wòanyo ɖe edzia?’ Dzeɖoɖo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nyuie ŋutɔ be (1) nàkpɔ nu si dim nèle loo, alo (2) nàse nu si tae womedi be woawɔ nu si dim nèle na wò o la gɔme. Ẽ, ne èdi be woawɔ nu ɖe ye ŋu abe ame tsitsi ene la, eme kɔ be ele be nàdze agbagba asrɔ̃ ale si nàɖo dze kple dziwòlawo abe ame tsitsi ene.

Dze agbagba nàɖu ɖokuiwò dzi. Biblia gblɔ be: “Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala fa enu emegbe.” (Lododowo 29:11) Dzeɖoɖo nyui mefia nyatoƒoetoto o. Ðeko wòana dziwòlawo nagaxe mɔ ɖe nu bubuwo nu na wò! Eya ta ƒo asa na nyanyra, adãɖoɖo, kple dzikudodo abe ɖevi ene. Aleke gbegbe wòɖawɔ na wò be yeatsɔ dziku atu ʋɔtrua gblaŋ, alo anɔ afɔ tum anyigba ne èle zɔzɔm le aƒea me, le esi dziwòlawo xe mɔ ɖe nanewo nu na wò ta o, ɖewohĩ ɖeko nuwɔwɔ alea ana woade se geɖe akpee na wò—menye be woana ablɔɖe geɖe wò o.

Dze agbagba nàse dziwòlawo ƒe susua me. Sɔhɛ Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Tracy, si le dzilaɖekɛƒome aɖe me, la kpɔe be esia ɖea vi. Egblɔ be: “Mebiana ɖokuinye be, ‘Nu ka tae dada le se siawo dem nam ɖo?’ Ðe wòle didim be yeakpe ɖe ŋunye mazu ame nyui.” (Lododowo 3:1, 2) Ðokuiwò tsɔtsɔ ɖo dziwòlawo teƒe alea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖe wò susu agblɔ na wo. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be womedi be nàkpɔ gome le kplɔ̃ɖoƒe aɖe me o. Le esi teƒe be nànɔ nya hem kpli wo la, àte ŋu abia wo be, “Ke ne xɔ̃nye kpɔnuteƒe aɖe, si dzi meka ɖo, ya ayi kplim ɖe, miaɖe mɔ namaa?” Ðewohĩ dziwòlawo maɖe mɔ na wò ɣesiaɣi ya o; gake ne èse nu siwo ŋu wotsi dzi ɖo gɔme la, ɖewohĩ àdo susu aɖe ɖa si dzi woalɔ̃ ɖo.

Na dziwòlawo naka ɖe dziwò. Nana be dziwòlawo naka ɖe dziwò le ko abe gadede gadzraɖoƒe ene. Ga si nèda ɖi xoxo la koe nàte ŋu axɔ. Ne èto mɔ aɖe dzi di be yeaxɔ ga wòawu esi nèda ɖi la, woalé wò, eye ne èxɔ ga si nèdzra ɖo la katã la, ekema woate fli ɖe wò gadzraɖonuŋlɔɖiwo me. Didi be dziwòlawo nana mɔnukpɔkpɔ bubu aɖe wò la le ko abe ale si nàyi be yeaxɔ ga le gadzraɖoƒe ene; ne wò agbenɔnɔ ɖee fia be woate ŋu aka ɖe dziwò ko hafi woalɔ̃ na wò.

Mègadi ablɔɖea wòagbɔ eme o. Agba le dzilawo dzi be woalé ŋku ɖe wò nuwɔnawo ŋu va se ɖe afi aɖe. Eya tae Biblia ƒo nu tso “fofowò ƒe sedede” kple “dawò ƒe nufiame” ŋu ɖo. (Lododowo 6:20) Ke hã, mele be nàsusu be se siwo dziwòlawo de na wò la agblẽ nu le ŋuwò o. Ke boŋ Yehowa do ŋugbe be ne èbɔbɔ ɖe dziwòlawo ƒe ŋusẽ te la, ‘eme anyo na wò’ le etsɔ me!—Efesotɔwo 6:1-3.—g12/06.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Se kawo koŋ dzi wɔwɔe sesẽna na wò?

▪ Nyati sia me mɔfiame kawoe akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖe dziwòlawo ƒe sewo dzi?

▪ Aleke nàwɔ dziwòlawo naka ɖe dziwò geɖe wu?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

Ne Èda Le Se Aɖe Dzi

Ðewohĩ nu sia dzɔ ɖe dziwò kpɔ: Mègbɔ va aƒe me ɖe ɣeyiɣi si woɖo na wò dzi o, mèwɔ wò aƒemedɔwo o, alo èzã telefon wògbɔ game si wona wò dzi. Ke fifia, dziwòlawo yɔ wò be nàva ɖe ɖokuiwò nu! Aleke nèle nu wɔ gee be nyaa nagagblẽ ɖe edzi boŋ o?

To nyateƒe. Menye ɣeyiɣi sia mee nànɔ agbagba dzem be yeable ye dzilawo o; to nyateƒe, eye nàgblɔ nu si tututu dzɔ. (Lododowo 28:13) Dziwòlawo beble ana womagaka ɖe dziwò azɔ o. Mègadi be yeaʋli ye ɖokui ta alo agblɔ be menye nya gã aɖekee nya sia nye o. Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be “nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.”—Lododowo 15:1.

Ðe kuku. Esɔ be nàɖee afia be yese veve ɖe nuxaxa, dziɖeleameƒo, alo dɔ bubu si yegaɖo na ye dzilawo ta, eye ɖewohĩ esia awɔe be woaɖe tohehea dzi akpɔtɔ na wò. (Samuel I, 25:24) Ke hã, ele be nàɖee afia be wò vevesesea tso dzi me.

Lɔ̃ nàxɔ nu siwo do tso wò nuwɔnaa me. Ðewohĩ awɔ na wò gbã be yeagbe tohehea, vevietɔ ne èsusu be yemedze nɛ o. (Lododowo 20:3) Ke hã, ne èlɔ̃ faa xɔa agba si wò nuwɔnawo da ɖe dziwò la, ekema èle eɖem fia be yetsi. (Galatiatɔwo 6:7) Ðewohĩ nu nyuitɔ si nàwɔe nye be nàdze agbagba ana dziwòlawo nagaka ɖe dziwò ake.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Dze agbagba nàse nu siwo ŋu dziwòlawo tsi dzi ɖo la gɔme