Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TV​—“Ayemenufiala” La

TV​—“Ayemenufiala” La

TV​—“Ayemenufiala” La

TELEVISION ate ŋu anye nufiafiamɔnu nyui aɖe. To television dzi la, míesrɔ̃a nu tso dukɔ kple ame ƒomevi siwo ŋu anye ne míate ŋu anya nu tsoe gbeɖe o ŋu. Television kplɔa mí “ɖia tsa” le ave dodo siwo le anyigba xɔdzowo dzi me, kple le tsikpenyigba siwo fana miamiamia, siwo le anyigba ƒe mlɔenuwo ke la dzi hekplɔa mí yia to kɔkɔwo tame vaseɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke. Ekpena ɖe mía ŋu míenyaa nu tso nu wɔnuku siwo nye atɔm kple ɣletiviwo siaa ŋu. Enana míekpɔa nudzɔdzɔwo enumake esime wole dzɔdzɔm le xexeame ƒe akpa bubuwo. Eye wòganana míenyaa nu geɖe tso dunyahehe, blemaŋutinya, nyadzɔdzɔwo, kple dekɔnuwo ŋu. Television nana míekpɔa kuxi siwo me tom amewo le kple dzidzɔ si kpɔm wole siaa. Eɖea modzaka na ame, efiaa nu ame, eye edea dzo ame me ɖe nuwɔwɔ ŋu kura gɔ̃ hã.

Gake nu geɖe siwo woɖena fiana le television dzi metua ame ɖo loo alo fiaa nu adodoe aɖeke ame o. Ke hã, anɔ eme be amesiwo ɖea ɖeklemi television dzi wɔnawo wue nye amesiwo ƒoa nu tsia tre ɖe alesi gbegbe woɖena ŋutasẽnuwɔwɔ kple gbɔdɔdɔnuwɔnawo fiana gaglãe le edzi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ le United States (États-Unis) ɖee fia be, television dzi wɔna 2 kloe le 3 ɖesiaɖe me nye esiwo me woɖea ŋutasẽnuwɔnawo fiana le, si nye ŋutasẽnuwɔna ade le gaƒoƒo ɖesiaɖe me. Kaka ɖevi aɖe si kpɔa television nava zu ame tsitsi la, akpɔ ŋutasẽnuwɔna kple amewuwu akpe geɖe teƒe. Gbɔdɔdɔnuwɔnawo hã bɔna ɖe television dzi wɔnawo me fũ. Woƒoa nu tso gbɔdɔdɔ ŋu le television dzi wɔna eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me me, eye gbɔdɔdɔnuwɔnawo dzena le television dzi wɔna 35 le alafa me me. Zi geɖe la, wonana wòdzena le wɔna siawo me be afɔku aɖeke mele gbɔdɔdɔnuwɔna mawo me o, eye amesiwo menye srɔ̃tɔwo o hã kpɔa gome le eme faa. *

Ame geɖe wu va le dzidzɔ kpɔm ɖe wɔna siwo me woɖea gbɔdɔdɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ fiana le ŋu ŋutɔ le xexeame godoo. Amerikatɔwo ƒe sinima siwo me wowɔa anyrãnu geɖe le, eye wova ɖena wo fiana le television dzi emegbe la, le dukɔ bubuwo me ɖom bɔbɔe. Mehiã kokoko be eme nuwɔnawo nanyo alo be fefea ŋɔŋlɔ nanye aɖaŋunu boo aɖeke o. Gake wosea wo gɔme bɔbɔe. Wowɔa kɔdada, amewuwu, gbeɖiɖi kple nukpɔkpɔ tɔxɛwo kpakple gbɔdɔdɔnuwɔnawo ŋudɔ tsɔ léa ekpɔlawo ɖi be woayi edzi anɔ ekpɔm. Gake be woana ekpɔla nayi ekpɔkpɔ dzi la, ebia be woanɔ ɖeɖefiawo ɖɔlim. Nu ɖeka tɔgbe kpɔkpɔ tina nukpɔlawo kaba; nusiwo wɔa dɔ ɖe wo dzi vevie tsã la megava ɖia naneke na wo o. Bene sinimawɔlawo nana nukpɔlawo naɖi kɔ na woƒe dzodzrowo la, wogatrɔa asi le sinimaawo ŋu wodzia ŋɔ hewɔa dɔ ɖe ame dzi geɖe wu, to alesi wonana be ŋutasẽnuwɔnawo, gbɔdɔdɔnuwɔnawo, hlɔ̃nuwɔwɔwo, kple nutɔŋkuwo ɖeɖe fia gaglã sɔa gbɔ ɖe wo me geɖe wu dzi.

Nyaʋiʋli le Television ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Ŋu

Aleke television dzi ŋutasẽnuwɔna kple gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ atraɖii kpɔa ŋusẽ ɖe ekpɔlawo dzii? Ðeklemiɖelawo gblɔna be ŋutasẽnu siwo wowɔna le television dzi nana amewo wɔa nu adãtɔe eye, womegasea veve ɖe amesiwo ŋu wowɔa anyrã le ŋutɔŋutɔ nu o. Wogblɔna hã be gbɔdɔdɔnuwɔnawo ɖeɖe fia doa gbolowɔwɔ ɖe ŋgɔ, eye wònana agbenyuinɔnɔ yia to.

Ðe television kpɔkpɔ doa nuwɔna mawo ɖe ŋgɔ nyateƒea? Woʋli nya le biabia sia ŋu ƒe bla nanewo; numekuku alafa geɖe, agbalẽ akpe geɖewo, kple nyati vovovowo dzro nya sia me. Nya vevi si womete ŋu le ta kpɔm na le nyaʋiʋli sia me o enye alesi wòsesẽ be woaɖo kpe edzi be ŋutasẽnuwɔnawo kpɔkpɔ le television dzi tso ɖevime nana be ame va zua adãnuwɔla emegbe. Esesẽna ɣeaɖewoɣi be woaɖo kpe nane si dzɔ kple nusi tututu gbɔ wòtso dzi. Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be èno atike aɖe zi gbãtɔ, eye le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la ŋuti te wò fiefie. Le go sia me la, ele bɔbɔe be nàƒo nya ta be atikea gbɔe ŋutifiefiea tso. Gake ɣeaɖewoɣi la, atike aɖe ƒe nugbegblẽ le ame ŋu medzena kaba o. Ne edzɔ nenema la, asesẽ ŋutɔ be nànya nusi koŋue le nu gblẽm le ŋuwò, le esi kuxia ate ŋu atso nu vovovowo gbɔ ta.

Nenema kee wòsesẽ be woaɖo kpe edzi be ŋutasẽnuwɔna siwo woɖena fiana le television dzi la gbɔe nu vlo kple nusiwo tsi tre ɖe hadomegbenɔnɔ ŋu wɔwɔ tsona. Numekuku geɖe ɖee fia be ate ŋu adzɔ nenema. Gakpe ɖe eŋu la, nuvlowɔla aɖewo gblɔ be nusiwo yewokpɔ le television dzie na yewonɔa agbe vlo hesẽa ŋuta. Le go bubu me la, nu geɖewo hã kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi. Video dzi fefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ƒe agbenɔnɔ, nɔnɔme si me ame tsi le—nusiawo katã ate ŋu awɔe be ame nanye adãnuwɔla.

Ale wɔ mewɔ nuku o be, amewo ƒe nukpɔsusu to vovo le nya sia ŋu. Canadatɔwo ƒe susuŋutinunyala aɖe ŋlɔ bena: “Dzɔdzɔmeŋutinunya me numekuku meɖo kpe edzi be ŋutasẽnuwɔnawo kpɔkpɔ le television dzi nana be ame sẽa ŋuta loo, alo nana be ame bubuwo ƒe fukpekpe megatsɔa fu le lãme na ame o.” Amerika Susuŋutinyalawo ƒe Habɔbɔ ƒe Kɔmiti si Kpɔa Nyakakamɔnuwo kple Hadomenyawo Gbɔ gblɔ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be, ƒomedodo le ŋutasẽnuwɔnawo kpɔkpɔ fũ le television dzi kple alesi amewo va le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋutasẽnuwɔnawo ŋu kpakple alesi adãnuwɔwɔ le dzidzim ɖe edzii dome.”

Alesi Television Kpɔa Ŋusẽ Ðe Tamebubu Dzii

Ðo ŋku edzi be eŋutinunyalawo gakpɔtɔ le nya ʋlim le kpeɖodzia ŋu—nenye be woate ŋu aɖo kpe edzi be adãnuwɔwɔ kpɔkpɔ nana wowɔa nu adãtɔe loo alo menanae o. Gake ame aɖewo aʋli nya be television mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe míaƒe tamebubu kple nuwɔna dzi o. Wò ya bu eŋu kpɔ ko. Foto ɖeka aɖe kpɔkpɔ ɖeɖe dzaa ate ŋu ana míado dziku, afa avi, alo akpɔ dzidzɔ. Hadzidzi hã wɔa dɔ ɖe mía dzi vevie. Nyagbɔgblɔwo, esiwo le agbalẽ dzi gɔ̃ hã, nana míebua tame, woʋãa mí, eye wonana míetsona ɖe nuwɔwɔ ŋu. Ke kpɔ ŋusẽ si gbegbe sinima me ɖeɖefia, haƒoƒo, kple nyagbɔgblɔ siwo ŋu wotrɔ asi le aɖaŋutɔe akpɔ ɖe ame dzii ɖa! Mewɔ nuku o be television kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi ale gbegbe! Eye ebɔ hã ŋutɔ. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Tso keke esime amegbetɔwo srɔ̃ alesi woaŋlɔ woƒe susuwo ɖi la, . . . womegato nyatakakamɔnu ƒe aɖaŋunu aɖeke vɛ si kpɔ ŋusẽ ɖe ŋkuʋuʋu dzi wu television o.”

Asitsadɔwɔƒewo gblẽa ga dɔlar miliɔn akpe geɖe ɖe boblododo woƒe adzɔnuwo ŋu le television dzi ƒe sia ƒe, elabena wonyae be nusi amewo kpɔna kple nusi wosena wɔa dɔ ɖe wo dzi vevie. Menye ɖee wozãa ga gbogbo ma gbegbe kple susu be ɖewohĩ awɔ dɔ o; ke boŋ woka ɖe edzi be awɔ dɔ godoo. Enana wodzraa woƒe adzɔnuwo. Le ƒe 2004 me la, Coca-Cola Adzɔha la zã dɔlar miliɔn 2,200 tsɔ do boblo woƒe adzɔnuwo le magazinewo me, kpakple le radio kple television dzi, le xexeame godoo. Ðe gazazã ma ɖe via? Adzɔha la kpɔ viɖe gbogbo si ade dɔlar miliɔn 22,000 sɔŋ kloe le ƒe ma me. Boblodolawo nyae be boblododo ɖeka aɖe ko makpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi o. Ke boŋ wonya be boblododo enuenu ƒe geɖe ye kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi.

Ne sɛkɛnd 30 ƒe boblododo te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo dzi la, míate ŋu aka ɖe edzi be, television kpɔkpɔ gaƒoƒo geɖe hã akpɔ ŋusẽ ɖe míadzi godoo. Agbalẽŋlɔla aɖe si ŋlɔ nu tso television ŋu gblɔ be: “Togbɔ be ame geɖe mete ŋu kpɔnɛ dzea sii bɔbɔe o hã la, television toa modzakaɖeɖe kple fefe siwo meɖi naneke o dzi wɔa nu abe ayemenufiala ene.” (Television—An International History) Television ŋuti gbalẽ bubu gblɔ be: “Television le alesi míebua tamee trɔm.” (A Pictorial History of Television) Nya si wòle be míabia mía ɖokui enye, ‘Ðe nusiwo mekpɔna le television dzi kpɔa ŋusẽ ɖe nye tamebubu dzi wòsɔna ɖe alesi medii nua?’

Le mawusubɔlawo gome la, nyabiabia ma le vevie etɔxɛe. Nusiwo woɖena fiana le television dzi dometɔ geɖe tsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖose kple agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu. Wonana agbenɔnɔ kple nuwɔna siwo dzi Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o la dzena abe nusiwo nyo hesɔ, eye kura gɔ̃ hã be wole tsia dzi ene. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woŋea aɖaba ƒua Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo dzi hedoa vloe, eye woɖua fewu le amesiwo léa dzidzenu siawo me ɖe asi gɔ̃ hã ŋu le television dzi wɔnawo me edziedzi. Agbalẽŋlɔla aɖe fa konyi be: “Mesɔgbɔ be woana nugbegblẽ nadze nunyui o. Ke wodina hã be yewoana woabui be nunyui nye nugbegblẽ.” Nenemae “ayemenufiala” la nɔa dalĩ dom heyɔa: “Vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃.”—Yesaya 5:20.

Ele be míakpɔ mía ɖokui dzi le nusiwo míekpɔna ŋu, elabena woakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu dzi. Biblia gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Biblia ŋuti nunyala Adam Clarke gblɔ be: “Be woazɔ kple ame aɖe bia lɔlɔ̃ kple kukuɖeameŋu; eye manya wɔ be míagbe amesiwo míelɔ̃ sɔsrɔ̃ o. Eyatae míegblɔna be, ‘Fiam eƒe zɔhɛ, ne magblɔ amesi ƒomevi wònye la na wò’ alo nɔnɔme si le esi la na wò.” Abe alesi míekpɔe do ŋgɔ ene la, ame akpa gãtɔ zãa ɣeyiɣi gbogbo aɖe tsɔ nɔa television dzi fefewɔla siwo medze nunya kura o la kpɔm, si nye ha dede kpli wo le mɔ aɖe nu, amesiwo Kristotɔ vavã aɖeke madi be yeakpe va yeƒe aƒeme gbeɖe o.

Ne ɖɔkta ŋlɔ atike aɖe si nu sẽ na wò la, anɔ eme godoo be, àbu viɖe kple afɔku siwo ate ŋu ado tso ezazã me siaa ŋu nyuie. Atike siwo mesɔ o nono—alo atike si nyo kura gɔ̃ hã nono wòagbɔ eme—ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò. Nenema ke wòle le television kpɔkpɔ hã gome. Eyata nunya le eme be míabu nusiwo míekpɔna le television dzi la ŋu nyuie moveviɖoɖotɔe.

Apostolo Paulo si gbɔgbɔ ʋã la xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woade ŋugble le nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dze na bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, nusiwo dzea ame wɔwɔ, kple esiwo dze na kafukafu la ŋu. (Filipitɔwo 4:6-8) Àwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzia? Àkpɔ dzidzɔ ne èwɔ ɖe edzi.—g10/06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 United States ƒe akɔntabubuwo sɔ kple dukɔ bubuwo tɔ, le esi wònye be woɖea Amerikatɔwo ƒe television dzi wɔnawo kple sinimawo fiana le xexeame katã ta.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

“Television nye nutovɛ aɖe si ana be amesiwo màlɔ̃ be yeakpe va aƒewò me gbeɖe o la, nanɔ modzaka ɖem na wò le wò ŋutɔ wò xɔ me.”—Britaintɔ nyadzɔdzɔxlẽla, David Frost

[Aɖaka si le axa 5]

KE GBƆDƆDƆ KPLE ŊUTASẼNUWƆNA SIWO LE BIBLIA ME YA ÐE?

Vovototo kae le ŋutasẽnuwɔna kple gbɔdɔdɔnuwɔna siwo woɖena fiana le television dzi kple esiwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me dome? Woŋlɔ gbɔdɔdɔ kple ŋutasẽnuwɔna ŋuti nya siwo le Biblia me la le míaƒe nufiafia ta ke menye le modzakaɖeɖe ta o. (Romatɔwo 15:4) Mawu ƒe Nya la ƒo nu tso ŋutinya me nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ŋu. Ekpena ɖe mía ŋu míenyana Mawu ƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu, eye míesrɔ̃a nu tso ame bubuwo ƒe vodadawo me.

Le dukɔ akpa gãtɔ siwo me woɖea gbɔdɔdɔnuwɔna kple ŋutasẽnuwɔnawo fiana le television dzi me la, menye le nufiafia tae o—ke boŋ ga tae. Boblodolawo di be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe alesinu yewoate ŋui dzi, eye gbɔdɔdɔnuwɔna kple ŋutasẽnuwɔnawo nana be nukpɔlawo mete ŋu tsona le woƒe television gbɔ o. Emetsonuae nye be: Wokpɔa boblododoawo, eye woƒlea nusi wole boblo domee la. Television dzi nyadzɔdzɔxlẽlawo gblɔna be: “Ne ewɔ dɔ ɖe ame dzi vevie la, ke woanɔ nu ƒom le eŋu.” Ne míagblɔe kpuie ko la, amewo tsia dzi ɖe nyadzɔdzɔ me nyatakaka siwo doa ŋɔdzi na ame—abe hlɔ̃dodo, dzɔdzɔmefɔku, kple aʋawɔwɔ ene—ŋu wu nyadzɔdzɔ siwo mewɔa dɔ ɖe ame dzi o.

Togbɔ be Biblia ƒo nu tso ŋutasẽnuwɔnawo ŋu hã la, edea dzi ƒo na amewo be woanɔ ŋutifafagbe—be woakpɔ masɔmasɔwo gbɔ le ŋutifafa me, ke menye be woabia hlɔ̃ na wo ɖokui o. Ekafua gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ ɣesiaɣi. Menye nyatakaka siawo ŋue woƒoa nu tsoe alo ɖena fiana le television dzi wɔna akpa gãtɔ me o.—Yesaya 2:2-4; Korintotɔwo I, 13:4-8; Efesotɔwo 4:32.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

TELEVISION KPLE ÐEVIWO

“Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple lãmesẽnyagbɔkpɔlawo nɔ te ɖe kpeɖodzi siwo ŋu woke ɖo le numekuku siwo wowɔ le ƒe blanane siwo va yi me dzi ƒo nya ta nukutɔe be, ŋutasẽnuwɔnawo kpɔkpɔ le television dzi ate ŋu agblẽ nu le ɖeviwo ŋu vevie.”Henry J. Kaiser-ƒomea, Lãmesẽnyawo Ŋuti Nyatakakanaha.

“[Míeda asi ɖe] nya si Amerika Ðeviwo ƒe Lãmesẽ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ be ‘mele be woaɖe mɔ ɖevi siwo xɔ ƒe eve kple esiwo mekpɔ xɔe haɖe o siaa nanɔ television kpɔm o’ la dzi. Ehiã be ɖevi siawo siwo ƒe ahɔhɔ̃ gakpɔ le dɔ wɔm vevie ɖota tsitsi gbɔ la nade ha kple ame ŋutɔŋutɔ siwo afe fefe kpli wo ale be esia nade wo dzi woatsi le susu me, le ŋutilã me, kple le hadomenunya me.”—Dukɔa ƒe Nyakakamɔnu Kple Ƒomenyawo Gbɔkpɔdɔwɔƒe.

[Nɔnɔmetata si le axa 6, 7]

Ðe nusiwo mekpɔna le television dzi trɔa nye tamebubu wòsɔna ɖe alesi medii nua?