Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke mawɔ akpe ɖe amesiwo le hiã me ŋu?

Aleke mawɔ akpe ɖe amesiwo le hiã me ŋu?

 Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke mawɔ akpe ɖe amesiwo le hiã me ŋu?

“Mele mɔ kpɔm be ne mewu suku nu la, manye elɛktrikdɔwɔla. Medi be mana kpekpeɖeŋu le Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me.”—Tristan, ƒe 14.

“Mele dɔlar 20 sia ɖom ɖe mi hena agbalẽtamɔ̃ yeyea. Enye nye kotokumega, gake medi be matsɔe na mi.”—Abby, ƒe 9.

EGBEA la, ame geɖe bua sɔhɛwo be wonye ɖokuitɔdilawo. Gake sɔhɛ geɖewo—siwo dome amesiwo ŋu míeƒo nu tsoe le etame hã le—le eɖem fia be yewonye ɖokuitɔmadilawo. Yehowa Ðasefowo ƒe sɔhɛ geɖewo le woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo zãm tsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu. (Psalmo 110:3) Kpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu bubuwo hã ɖa.

Esi ƒe adre vi Jirah, si le Australia, mama ku megbe teti la, tɔgbuia nae Australia ga si nye dɔlar 50. Nukae Jirah tsɔ ga la wɔ? Esi wòyi kpekpe le woƒe hamea me la, etsɔ ga la katã yiɖade nudzɔɖaka me. Nukatae? Eɖe eme na dadaa bena: “Fefenu geɖewo le asinye, gake mama ɖeka pɛ koe le asinye. Menyae be Mama adi be madzɔ ga sia, elabena elɔ̃ Yehowa vevie.”

Sɔwo ƒe nu doa dzidzɔ na Hannah, si xɔ ƒe atɔ̃, si le United States (États-Unis) la ŋutɔ. Edi be yeaƒle sɔ wɔwɔe aɖe si ƒe homee enye dɔlar 75. Esi Hannah dzilawo di be yewoafiae ga dzadzraɖo ƒe vevienyenye ta la, wonanae ga ɣeaɖewoɣi be wòatsɔ anɔ dzadzram ɖo ɖe gaɖakavi, si ƒe dzedzeme le abe ha ene, me. Eteƒe medidi o, Hannah kpɔ ga si wòatsɔ aƒle sɔa wògbɔ edzi kura.

Gake le ɣeyiɣi ma me lɔƒo la, Katrina Ahomya gblẽ nu le Gulf Coast nutoa me. Hannah tsi dzi ɖe amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la ŋu, eyata etso nya me be yeatsɔ ga si yedzra ɖo la katã—si wu dɔlar 100—ana kpekpeɖeŋu wo.  Hannah ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã bena: “Mele ga sia ɖom ɖe mi, elabena melɔ̃ Yehowa eye medi be mana kpekpeɖeŋu.” Ðe Yehowa kpɔa dɔmenyonyo siawo tɔgbea? Biblia gblɔ be: “Migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.”—Hebritɔwo 13:16.

Nyɔnuvi aɖe si woyɔna be Tiffany, si hã tso United States, ɖo nudzɔdzɔ aɖe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le esime ahomya eve gblẽ nu le Florida le ƒe 2004 me megbe. Eŋlɔ kpe ɖe eŋu bena: “Mía kple nɔvinye Timothy míele ga dɔlar 110 ɖom ɖe mi. Ahomyaawo megblẽ nu le míaƒe aƒe ŋu boo o, gake míekpɔ be wogblẽ nu le aƒe bubuwo ŋu vevie. Míedi be míana kpekpeɖeŋu, eyata míete ga dzadzraɖo. Timothy kpe ɖe ame aɖewo ŋu wofo ʋuƒowo le aƒe aɖe ƒe gli ŋu, eye wonae dɔlar 10, eye nye hã mete ŋu dzra dɔlar 100 ɖo.” Tiffany xɔ ƒe 13, eye nɔvia Timothy yaa xɔ ƒe 7 ko! Nukae dona tsoa eme ne míetsɔ ame bubuwo ƒe nyonyo ɖo nɔƒe gbãtɔ na míaƒe didiwo? Lododowo 11:25 gblɔ be: “Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.”

Sɔhɛ Ðasefo siwo xɔ tso ƒe 4 vaseɖe 15 ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le United States, se be wo nɔvi haxɔsetɔ siwo le Afrika hiã Fiaɖuƒe Akpatawo. Eyata woɖoe be yewoawɔ nane. Wogblɔ be: “Míedzra akpɔnɔ viviwo kple botokoewo le nudzraƒe aɖe, eye míekpɔ  ga home si de dɔlar 107 kloe. Míegblɔ na nuƒlelawo be, woazã ga la atsɔ atu takpeƒewo le Afrika afisiwo amewo ate ŋu asrɔ̃ Biblia le. Ame geɖe xɔ nya sia nyuie. Esia wɔwɔ xɔ gaƒoƒo asieke sɔŋ, gake eɖe vi ŋutɔ—Yehowa ta míewɔe ɖo!”

Wò hã Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu

Sɔhɛawo kpɔ Yesu ƒe nya si nye be, ‘Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ’ la ƒe nyateƒenyenye dze sii. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Wò hã àte ŋu akpɔ dzidzɔ sia. Le mɔ kawo nu?

Ðe nèse haxɔsetɔwo ƒe hiãtuame ŋu nya aɖea? Le kpɔɖeŋu me, ɖe dzɔdzɔmefɔku aɖe dzɔa? Kpɔ alesi gbegbe wòanɔ na wòe ɖa le susu me, be miaƒe aƒe gbã, miaƒe nunɔamesiwo dome gblẽ, alo wò ame vevi aɖe ku. Apostolo Paulo ŋlɔ bena ele be Kristotɔwo “nagakpɔ nusi nye [woa ŋutɔwo ɖeɖeko] tɔ dzi o, ke boŋ [woakpɔ] nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!” (Filipitɔwo 2:4) Ne teƒe si dzɔdzɔmefɔku aɖe dzɔ le gbɔ didi hã la, ɖewohĩ àte ŋu adzɔ nu, be Yehowa Ðasefowo nazã le kpekpeɖeŋunadɔwo me. *

Àte ŋu ana kpekpeɖeŋu to mɔ bubuwo nu hã. Le kpɔɖeŋu me, ne Yehowa Ðasefoe nènye la, anyo be nàlé ŋku ɖe amesiwo dea kpekpe le miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me ŋu. Ðe ame tsitsiwo alo ame bubu aɖewo li siwo ahiã kpekpeɖeŋu aɖea? Ðe nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ mea? Apostolo Paulo ŋlɔ na Romatɔwo bena: “Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!” (Romatɔwo 12:10) Te ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu nàkpe ɖe wo ŋu. Lɔ̃ faa nàwɔ dɔ tsɛwo kura gɔ̃ hã. Eye ɖo ŋku edzi be kpekpeɖeŋu nana amewo do ƒome kplikplikpli kple Mawu subɔsubɔ. Biblia gblɔ be: “Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.”—Lododowo 19:17.

Gake nusiwo nènya tso Mawu ƒe Nya, Biblia, me gbɔgblɔ na woe le vevie wu. Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ehiã be amewo nase Biblia me nyateƒe si naa agbe ame la fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Eyata yi edzi nàdo vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye nàka ɖe edzi be wò ‘agbagbadzedze manye dzodzro o.’—Korintotɔwo I, 15:58.—g8/06.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Ðe nènya ame aɖe si hiã kpekpeɖeŋua?

▪ Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe eŋu?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Míekpɔa ŋudzedze ɖe nunana siwo woɖona ɖa hena afɔku aɖe koŋ gbɔ kpɔkpɔ la ŋuti. Ke hã anyo ŋutɔ ne woɖo nunanawo ɖa to Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe nudzɔɖoɖoa dzi, elabena wote ŋu zãa ga sia ɣesiaɣi si hiahiã aɖe do mo ɖa.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]

“Migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.”—Hebritɔwo 13:16

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 24]

NUKATA NÀSRƆ̃ NUNANA AME?

“Alesi dzinyelawo zãa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ subɔa Yehowa henana kpekpeɖeŋu wo haviwo kpɔkpɔ na nye hã medi be manɔ agbe nenema. Fofonye gblɔ nam be: ‘Aleke kee nusi nàwɔ na Yehowa anɔ sue o, anɔ anyi tegbee. Yehowa li tegbee, eye aɖo ŋku edzi ɖaa tegbee. Gake agbe nɔnɔ na ame ɖokui ko, nye tofloko. Ne èku ko la, nusi nèwɔ hã nu yi kpli wò.’”—Kentaro, ƒe 24, Japan.

“Ne mato nyateƒea, aƒemedɔwo wɔwɔ na ame tsitsiwo le Memleɖagbe ɣetrɔwo ya mevivia nunye kura o. Nusi doa dzidzɔ nam koe nye be manɔ hatinyewo dome, míanɔ dzidzɔ kpɔm. Gake ame tsitsiwo gbɔ nɔnɔ doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Esia wɔe be, meva kpɔe be ɖeko woawo hã le abe nye ke ene, eye be woawo hã wonɔ sɔhɛ me kpɔ. Esia ʋãm be mana kpekpeɖeŋu wo.”—John, ƒe 27, England.

“Esi menɔ ɖevime la, mekpɔa gome le Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo kple dɔ bubuwo wɔwɔ me. Dɔ tsɔtsɔ na hamea me tɔwo hã doa dzidzɔ nam. Ne èna kpekpeɖeŋu amewo la, akpɔ alesi wòdoa dzidzɔ na woe. Le kpɔɖeŋu me, mía kple ame aɖewo míeyi ɖafa xɔmedzraɖonuwo ɖe gli ŋu na nɔvinyɔnu tsitsi aɖe. Dzi dzɔe ale gbegbe! Ne èna ame aɖe kpɔ dzidzɔ la, dzi adzɔ wò ŋutɔ hã.”—Hermann, ƒe 23, France.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Sɔhɛ geɖe dzɔa nu tsɔ naa kpekpeɖeŋu amesiwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo