Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Amegbetɔwo Trɔna Zua Mawudɔlawo ne Wokua?

Ðe Amegbetɔwo Trɔna Zua Mawudɔlawo ne Wokua?

 Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Amegbetɔwo Trɔna Zua Mawudɔlawo ne Wokua?

ARGYRO si nye ɖevi dzaa la ku esime wòxɔ ƒe adre pɛ ko. Edzila siwo ƒe dzi gbã vevie la, fɔ ŋku ɖe ɖevi sia si wòdo awu ɣi na tsɔ mlɔ aɖaka me la dzi. Esi woƒe osɔfo nɔ didim be yeafa akɔ na wo la, egblɔ be: “Mawu gahiã mawudɔla bubu, eyatae wòkplɔ mia vi sue Argyro be wòava nɔ ye gbɔ. Fifia eƒe luʋɔ le agba sam le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe fiazikpui la ŋu godoo.”

Ame aɖewo xɔe se vevie be ame kukuwo ƒe luʋɔwoe mawudɔlawo nye, togbɔ be subɔsubɔha ʋɛ aɖewo koe da asi ɖe dzixɔse sia dzi hã. Nyakakamɔnuwo doa boblo nukpɔsusu sia le television dzi fefe siwo me ame kukuwo toa kpekpeɖeŋu nana agbagbeawo kple wo ta kpɔkpɔ me zua mawudɔlawo mlɔeba.

Le nyateƒe me la, ɖe wòle be nàkpɔ mɔ be yeƒe ame veviwo atrɔ zu mawudɔlawo ne wokua? Nukae Biblia fia le nya sia ŋu? Hafi míaɖo nya sia ŋu la, mina míadzro nusi Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔ ku ɖe amesi mawudɔlawo nye kple nɔnɔme si tututu me ame kukuwo le la ŋu me.

Mawudɔlawo—Nuwɔwɔ Siwo Le Etɔxɛ

Mawudɔlawo nye Mawu subɔla siwo si ŋusẽ triakɔ le, eye wole gbɔgbɔmenutowo me. Ƒomedodo aɖeke mele woƒe anyinɔnɔ kple amegbetɔwo tɔ dome o. Mawudɔlawo nye Mawu ƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo. Biblia gblɔ be: ‘Mawudɔlawo nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena ede se, eye wowɔ wo.’Psalmo 148:2, 5.

Biblia ɖee fia be dziƒonuwɔwɔ wɔnuteƒe miliɔn geɖe, siwo dome serafiwo kple kerubiwo le, subɔna nuteƒewɔwɔtɔe le mɔ tɔxɛwo nu, le ɖoƒe kple dɔdasi si le wo si nu. (Psalmo 103:20, 21; Yesaya 6:1-7; Daniel 7:9, 10) Ðe wònye nyateƒe be amegbetɔwoe kuna hafi Mawu te ŋu wɔa mawudɔla gbogbo mawoa? Mate ŋu anye nenema kura o. Nukatae?

Biblia ɖee fia be wowɔ mawudɔlawo do ŋgɔ gbaɖegbe ʋĩ ke hafi va wɔ amegbetɔwo. Esi Yehowa wɔ ɣletinyigba sia si dzi amegbetɔwo ava nɔ emegbe la, mawudɔlawo—siwo woyɔ le hakpanya me be ŋkeɣletiviwo—‘nɔ aseye tsom, eye wogli kple dzidzɔ.’ (Hiob 38:4-7) Eyata mawudɔlawo nɔ anyi ƒe gbogbo aɖe siwo mele xexlẽ me o hafi wova wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi.

Gawu la, vovototo gã aɖe le mawudɔlawo kple amegbetɔwo dome le woƒe wɔwɔme kple akpa si wowɔna le Yehowa ƒe tameɖoɖo me la me. * Mawu wɔ ame ‘wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo,’ eyata esɔ be woabu gbɔgbɔmenuwɔwɔ mawo be wotri akɔ wu amegbetɔwo, eye tamebubu ŋutete kple ŋusẽ gã hã le wo si. (Hebritɔwo 2:7) Mawudɔlawo ƒe “nɔƒe” koŋue nye dziƒowo. (Yuda 6) Le amegbetɔwo ya gome la, Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na woe nye be woanɔ agbe mavɔ le anyigba dzi. (Mose I, 1:28; 2:17; Psalmo 37:29) Ne ɖe atsu kple asi gbãtɔawo ɖo to Mawu  la, anye ne womaku gbeɖe o. Eyata, tso gɔmedzedzea me ke la, amegbetɔwo kple mawudɔlawo ƒe ɖoƒe nɔ vovovo le Mawu ƒe tameɖoɖo me.

Nukae Dzɔna le Ku Me?

Nyabiase vevi bubu siwo wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo nae nye: Nukae dzɔna ɖe amegbetɔwo dzi ne woku? Ðe woyia edzi nɔa agbe le nɔnɔme bubu aɖe me, le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ abe mawudɔlawo ene le gbɔgbɔmenutowo mea? Biblia na ŋuɖoɖo si me kɔ eye egɔmesese le bɔbɔe, be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.” (Nyagblɔla 9:5) Eyata ne amegbetɔwo ku la, womeganɔa agbe le afi aɖeke o. Ame kukuwo menyaa naneke o, womesea naneke le wo ɖokui me o, eye womesea veve alo kpɔa dzidzɔ aɖeke kura o.

Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ame kukuwoa? Ẽ! Biblia ɖee fia be mɔkpɔkpɔ si li na amegbetɔ siwo ku dometɔ akpa gãtɔe nye be woafɔ wo ɖe tsitre. Woafɔ ame kukuwo dometɔ akpa gãtɔ woanye amegbetɔwo anɔ agbe le paradisonyigba dzi.—Luka 23:43; Yohanes 5:28.

Amegbetɔ ʋɛ aɖewo ko sie mɔkpɔkpɔ le be woafɔ wo woaɖanɔ agbe le dziƒo. Womesɔgbɔ kura o—woƒe xexlẽme katã koe nye ame 144,000. Gake, ame 144,000 siawo to vovo kura na nuwɔwɔ siwo woyɔna be mawudɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, ame 144,000-awo aɖu fia kple Kristo ahanye nunɔlawo eye womagaku akpɔ o. Woanye ʋɔnudrɔ̃lawo hã. (Korintotɔwo I, 6:3; Nyaɖeɖefia 20:6) Vidzĩ siwo ku va yi ye wonyea? Ao. Wonye Kristo yomedzela siwo wodo kpɔ le goawo katã me!—Luka 22:28, 29.

Gabu vovototo si le ame kukuwo kple mawudɔla gbagbewo dome hã ŋu kpɔ. Le esi ame ‘kukuwo menya naneke o’ la, mawudɔlawo ya bua tame, sea nu le lãme, eye tiatiawɔwɔ ƒe ŋutete le wo si. Wonye amesiwo si tiatiawɔblɔɖe le. (Mose I, 6:2, 4; Psalmo 146:4; Petro II, 2:4) Woƒo nu tso ame kukuwo ŋu be “wonye amesiwo ŋu wɔna vɔ le,” alo be ŋusẽ aɖeke mele wo ŋu o, esime mawudɔlawo ya nye ‘kalẽtɔ sesẽwo.’ (Yesaya 26:14, NW; Psalmo 103:20) Eye esi amegbetɔ siwo nye Adam ƒe dzidzimeviwo kuna le nuvɔ̃ kple blibomademade ta la, mawudɔla siwo vɔ̃a Mawu ya deblibo, eye tenɔnɔ nyui le wo si le Yehowa ŋkume.—Mateo 18:10.

Ðewohĩ nukpɔsusu si nye be amesiwo ku ƒe luʋɔwoe trɔna zua mawudɔlawo la asɔ nyuie na sinima kple television dzi fefewo, gake Ŋɔŋlɔawo ya meda asi ɖe nukpɔsusu sia dzi o. Biblia me nyateƒe si ŋu míeƒo nu tsoe le etame kpena ɖe mía ŋu míetsria aʋatsodzixɔse siwo ku ɖe nɔnɔme si me míaƒe ame vevi siwo ku le la ŋu. Eye Biblia ka ɖe edzi na mí be mawudɔla wɔnuteƒewo—amesiwo wowɔ etɔxɛe, siwo nye Mawu subɔla triakɔwo—kɔkɔ wu amegbetɔwo, eye wole klalo ɣesiaɣi hena Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Dzidzɔtɔe la, Yehowa zãna mawudɔlawo be woakpɔ amesiwo ɖoa to eyama tso dzi blibo me hesubɔnɛ la ta, eye wokpena ɖe wo ŋu.—Psalmo 34:7.—g8/06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Nyagbe “mawudɔla,” si fia “dɔtsɔla” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu, ƒe gɔmesese ate ŋu afia nu vovovowo ɣeaɖewoɣi, eye alɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ ƒomevi vovovowo kple mawusubɔla siwo nye amegbetɔwo kura gɔ̃ hã ɖe eme. Ke le nyati sia me la, míazãe na gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo Biblia yɔna be mawudɔlawo.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

Ðe wò ame vevi siwo ku la trɔ zu mawudɔlawo fifia hele Mawu subɔm le dziƒoa?—Nyagblɔla 9:5, 10.

▪ Ðe ɖeviwo kuna le esi Mawu di be yeana mawudɔla siwo ƒoa xlãe nasɔgbɔ ɖe edzi ta?—Hiob 34:10.

▪ Ðe ame kukuwo ate ŋu ava kpɔ agbegbeawo ta?—Yesaya 26:14.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

‘Mawudɔlawo nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena ede se, eye wowɔ wo.’ —Psalmo 148:2, 5