Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Viwònyɔnu Nanya Nu tso Asiɖoɖoanyi Ŋu

Na Viwònyɔnu Nanya Nu tso Asiɖoɖoanyi Ŋu

 Na Viwònyɔnu Nanya Nu tso Asiɖoɖoanyi Ŋu

Tɔtrɔ geɖe vana ne ame ɖo eƒe ƒewuiwo me. Le nyɔnuviwo gome la, tɔtrɔ ɖedzesi aɖe si vana le ɣeyiɣi siawo me lae nye asiɖoɖoanyi alo dzinukpɔkpɔ zi gbãtɔ.

ASIÐOÐOANYI ZI GBÃTƆ ate ŋu ana nyɔnuviwo natsi dzi eye woatɔtɔ ŋutɔ. Le tɔtrɔ siwo vana le ƒewuiwo me dome la, asiɖoɖoanyi zi gbãtɔ ate ŋu aɖe fu na ame vevie. Vɔvɔ̃ ɖoa nyɔnuvi geɖe eye wotsia dzi ŋutɔ ne wokpɔ dzinu zi gbãtɔ, le esi womenya nu boo aɖeke tso eŋu o, eye nya siwo wose tso eŋu hã mesɔ o ta.

Zi geɖe la, nyɔnuvi siwo nya nu tso dzinukpɔkpɔ ŋu nyuie ya metsia dzi boo ne wote ekpɔkpɔ o. Ke hã, numekukuwo ɖee fia be womefiaa nu nyɔnuvi geɖe tso dzinukpɔkpɔ ŋu doa ŋgɔ o. Numekuku aɖe si wowɔ le dukɔ 23 me ɖee fia be nyɔnuvi siwo wobia gbee dometɔ 33 le alafa me gblɔ be yewomenya naneke tso dzinukpɔkpɔ ŋu do ŋgɔ na ekpɔkpɔ zi gbãtɔ o. Esi womenya naneke tso eŋu do ŋgɔ o ta la, ɖeko wòva ɖi ɖe wo.

Nyɔnu siwo tɔtɔ vevie wu esime wokpɔ dzinu zi gbãtɔe nye amesiwo menya naneke tso eŋu do ŋgɔ o. Le numekuku aɖe si wowɔ me la, nyɔnuwo gblɔna be ‘dzidzi ƒo yewo,’ ‘yewo tɔtɔ,’ ‘ŋukpe kple vɔvɔ̃ lé yewo,’ ne wole nu ƒom tso woƒe dzinukpɔkpɔ zi gbãtɔ ŋu.

 Ame geɖe vɔ̃na ne wokpɔ ʋu le dodom le ame ŋu, le esi wobuna be abie amea xɔ, alo nuvevi aɖee le ewɔm ta. Esi wònye be le dukɔ aɖewo me la, womeƒoa nu tso dzinukpɔkpɔ ŋu tẽ o alo be esi womenya nu boo tso eŋu o ta la, womeɖea nu me na nyɔnuvi geɖe tso dzinukpɔkpɔ ŋu do ŋgɔ o. Eyata mewɔ nuku o be ne nyɔnuvi aɖewo kpɔ dzinu zi gbãtɔ la, wobuna vodadatɔe be yewoxɔ abi alo yewole dɔ lém, eye ŋukpe léa wo.

Ele be nàgblɔ na viwòa be ʋu si dona le ame ŋu le dzinukpɔɣi la menye nu gbegblẽ o, eye be nyɔnuvi ɖesiaɖe si le lãmesẽ me la toa nɔnɔme sia me. Abe dzila ene la, àte ŋu akpe ɖe viwòa ŋu be wòagatsi dzi alo avɔ̃ ne ekpɔ dzinu zi gbãtɔ o. Alekee nàwɔ esiae?

Akpa si Dzilawo Awɔ Le Vevie

Dzinukpɔkpɔ ŋuti nyatakaka geɖewo li woakpɔ egbea; woate ŋu akpɔ nyatakaka siawo tso nufialawo kple lãmesẽnyawo gbɔ kpɔlawo gbɔ, eye agbalẽwo, kple video siwo wotsɔna fiaa nu ame kura gɔ̃ hã li. Zi geɖe la, dzila geɖe kpɔe be nyatakakatsoƒe siawo fiaa nu vevi siwo ku ɖe dzinukpɔkpɔ kple alesi woadzra ame ɖokui ɖoe ŋu. Gake nuhiahiã aɖewo gali kokoko si gbɔ nyatakakatsoƒe mawo mate ŋu akpɔ na ɖeviawo o. Ne nyɔnuviwo nya nusi woawɔ ne wokpɔ dzinu kura gɔ̃ hã la, zi geɖe la, womete ŋu nyana alesi tututu woanɔ te ɖe nɔnɔme siwo me ame tona ɣemaɣi la nui o.

Nyɔnuviawo mamawo, wo nɔvinyɔnu tsitsiwo, vevietɔ wo dadawoe ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woase nya siawo gɔme ahade dzi ƒo na wo. Zi geɖe la, nyɔnuviwo dina be yewo dadawo koŋ nagblɔ dzinukpɔkpɔ ŋu nyawo na yewo.

Ke ɖeviawo fofowo ya ɖe? Ŋu kpea nyɔnuvi geɖe be woagblɔ dzinukpɔkpɔ ŋu nya na wo fofowo. Wo dometɔ aɖewo dina be yewo fofo nase nu gɔme na yewo ko ahana kpekpeɖeŋu si sɔ to ame bubu aɖe dzi, gake bubuawo ya medina kura be yewo fofowo nade nu nya ma me o.

Le dukɔ geɖe me la, vifofo si nye dzilaɖekɛ ƒe ƒomewo va le dzidzim ɖe edzi le ƒe siawo me. * Eyata eva hiã be vifofo geɖe nasrɔ̃ alesi woafia nu wo vi nyɔnuviwo tso dzinukpɔkpɔ ŋu. Ele be vifofo siawo nanya nu vevi siwo ku ɖe dzinukpɔkpɔ ŋu kple nɔnɔme siwo me wo vi nyɔnuawo tona le ɣeyiɣi mawo me nyuie. Vifofo siawo ate ŋu axɔ dzinukpɔkpɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖo tso woa ŋutɔwo dadawo alo wo nɔvinyɔnuwo gbɔ.

Ɣeyiɣi si me Woate Dze Ðoɖo tso Asiɖoɖoanyi Ŋu

Le dukɔ deŋgɔwo abe Amerika, South Korea, kple Ɣetoɖoƒe Europa dukɔ aɖewo ene me la, nyɔnuviwo xɔa ƒe 12 alo 13 hafi ɖoa asi anyi zi gbãtɔ, gake wo dometɔ aɖewo ate ŋu aɖo asi anyi zi gbãtɔ esime woxɔ ƒe 8 pɛ ko, eye ɖewo hã ate ŋu axɔ ƒe 16 alo 17. Le Afrika kple Asia dukɔ aɖewo me la, nyɔnuviwo tsina vie hafi ɖoa asi anyi zi gbãtɔ. Le kpɔɖeŋu me, le Nigeria la, nyɔnuviwo xɔa ƒe 15 zi geɖe hafi dzea asiɖoɖoanyi. Nu geɖe gbɔe ɣeyiɣi si me ame dzea asiɖoɖoanyi la tsona. Nusiawo dometɔ aɖewoe nye nusiwo ƒe dome wònyi tso edzilawo gbɔ, ƒome si me wòtso ƒe ganyawo, nuɖuɖu, kamedede, kple dukɔ si me wòle.

 Anyo ŋutɔ be nàdze nu ƒoƒo tso dzinukpɔkpɔ ŋu na viwòa hafi wòate ekpɔkpɔ. Eyata te dze ɖoɖo tso tɔtrɔ siwo vana ametia me kple asiɖoɖoanyi ŋu na viwòa kaba, ɖewohĩ ne exɔ ƒe enyi ko. Àte ŋu asusu be viwòa metsi o, gake ne exɔ tso ƒe enyi yina ƒe ewo ko la, tɔtrɔwo dze egɔme le eƒe ametia me xoxo. Àkpɔ be edze no tete gɔme eye wòato fu ɖe teƒe aɖewo. Nyɔnuvi aɖewo tsina kabakaba hekpɔa lãme do ŋgɔ teti na asiɖoɖoanyi zi gbãtɔ.

Alesi Nàwɔ Aƒo Nu tso Eŋu

Zi geɖe la, nyɔnuvi siwo le dzinukpɔkpɔ ƒe ɣeyiɣia gogom la dina vevie be yewoanya nusi ava dzɔ. Ðewohĩ wose nyɔnuvi bubuwo nɔ nu ƒom tso eŋu le suku. Wodina be yewoanya nanewo tso dzinukpɔkpɔ ŋu, gake alesi woabia nyae la sesẽna na wo. Dze ɖoɖo tso eŋu ate ŋu akpe ŋu na wo.

Dze ɖoɖo tso dzinukpɔkpɔ ŋu ate ŋu akpe ŋu na dzilawo hã. Togbɔ be vidadawoe ate ŋu agblɔ dzinukpɔkpɔ ŋuti nyawo na wo viwo hã la, zi geɖe la, womenyana alesi woagblɔe o, eye wosusuna be enye ŋukpenya. Ðewohĩ aleae nèsena le ɖokuiwò mee. Ke alekee nàwɔ adze nuƒoƒo tso dzinukpɔkpɔ ŋu gɔme na viwòa?

Ðevi siwo mekpɔ xɔ ƒe 11 haɖe o la ate ŋu ase nya siwo wogblɔ wo me kɔ nyuie tso dzinukpɔkpɔ ŋu gɔme. Nya siawo ƒe ɖewoe nye zi neni si wokpɔa dzinu le ɣleti ɖeka me, ŋkeke neni si wòxɔna hafi vɔna, alo ʋu ƒe agbɔsɔsɔme si dona. Le esia ta, ne èdze nu fiafia viwòa tso dzinukpɔkpɔ ŋu gɔme la, anyo wu be nàƒo nu tso nu vevi siwo hiã kple alesi wokpɔa ame ɖokui gbɔe ŋu gbã. Eye ahiã be nàƒo nu tso alesi ame sena le eɖokui me ɣemaɣi kple nusiwo viwòa anɔ mɔ kpɔm na la hã ŋu.

Emegbe mia kple viwòa miate ŋu aɖo dze tso dzinukpɔkpɔ ŋu tsitotsito. Zi geɖe la, àte ŋu akpɔ agbalẽ siwo fiaa nu tso dzinukpɔkpɔ ŋu tso lãmesẽnyawo gbɔ kpɔlawo gbɔ, alo àkpɔe le agbalẽdzraɖoƒewo loo alo agbalẽdzraƒewo. Agbalẽ siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖe nyati sia me tsitotsito. Nyɔnuvi aɖewo adi be yewo ŋutɔwo yewoaxlẽ agbalẽ siawo. Bubuwo hã adi be yewo kple yewo dzilawo yewoaxlẽe.

Di teƒe nyui aɖe si miadze dzeɖoɖoa gɔme le. Dze egɔme kple nusiwo ɖenɛ fiana be ame le tsitsim. Ðewohĩ àte ŋu agblɔ be: “Eteƒe madidi o nane si dzɔna ɖe nyɔnuviwo katã dzi la adzɔ ɖe wò hã dziwò. Ènya nusi wònyea?” Alo vidadaa ate ŋu agblɔ nusi dzɔ ɖe eya ŋutɔ dzi ale: “Esime mexɔ ƒe si nèxɔ fifia la, menɔ ŋugble dem le alesi wokpɔa dzinui ŋu. Mía kple xɔ̃nyewo míeɖoa dze tso eŋu le suku. Ðe xɔ̃wòwo hã te nu ƒoƒo tso eŋu na wò xoxoa?” Bia nya si wòse tso dzinukpɔkpɔ ŋu xoxo lae, eye nàɖe nya siwo gɔme mese nyuie o la me nɛ.  Ele be nànyae be wòe aƒo nu geɖe le dze ɖoɖo tso nyatia ŋu zi gbãtɔ me.

Ðikeke mele eme o be wò ŋutɔ ètsi dzimaɖi eye mèse nanewo gɔme o le dzinukpɔkpɔ ŋu va yi, eyata ŋku ɖoɖo nusiwo me nèto va yi dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nya si me nàdzro kple viwòa nyuie. Nukawoe nèdi be yeanya tso eŋu ɣemaɣi? Nya kawoe nɔ vevie na wò? Nukawoe kpe ɖe ŋuwò? Dze agbagba nàfia viwòa susu si ta dzinukpɔkpɔ le vevie kple kuxi siwo le eŋu. Dzra ɖo ɖe nya siwo wòabia wò la ŋu ɖoɖo ŋu.

Nɔ Nu Fiamee tso Eŋu Vivivi

Mele be nu fiafia tso dzinukpɔkpɔ ŋu nanye nusi woawɔ zi ɖeka ko o, ele be woayi edzi anɔ nu ƒom tso eŋu vivivi. Mehiã be nàgblɔ eŋuti nyawo katã zi ɖeka ko o. Nya geɖe gbɔgblɔ zi ɖeka awu tsɔtsɔ na ɖevia. Ðeviwo srɔ̃a nu vivivi. Gawu la, anyo be nànɔ dzinukpɔkpɔ ŋu nyawo gblɔm edziedzi. Ne ɖeviawo le tsitsim la, woagate ŋu ase nya bubu geɖewo gɔme nyuie.

Nu bubu aɖe si hã wòle be míanyae nye be ne nyɔnuviwo le tsitsim la, woƒe nɔnɔme ɖe dzinukpɔkpɔ ŋu va trɔna. Ne viwòa va nya nu geɖe tso eƒe dzinukpɔkpɔ ŋu la, nu bubu aɖewo hã agate ŋu anɔ fu ɖem nɛ kokoko. Eyata ehiã be nàyi edzi anɔ nu fiamee, ahanɔ nusiwo gɔme mese o la me ɖem nɛ. Gblɔ nya siwo ko gɔme wòate ŋu ase nyuie kple esiwo hiã la ko.

Wòe Adze Nuƒoƒo tso Eŋuti Gbã

Ke hã nukae nàwɔ ne viwòa medi be yeaɖo dze kpli wò tso dzinukpɔkpɔ ŋu o? Anɔ eme be ɖe medi be yeagblɔ eƒe nyawo na wò o. Ðewohĩ adi be woana mɔ ye vaseɖe esime ye ŋutɔ yedi be yeaƒo nu tso eŋu. Ate ŋu agblɔ kura gɔ̃ hã be yenya nusianu si hiã be yeanya tso eŋu xoxo.

Le numekuku aɖe si wowɔ tso nyɔnuvi siwo xɔ ƒe 11 ŋu le Amerika la, wo dometɔ geɖe gblɔ be yewodzra ɖo ɖe dzinukpɔkpɔ zi gbãtɔ ŋu nyuie. Ke hã esi wobia wo nya geɖe tso eŋu la, wova de dzesii be, nu ʋɛ aɖewo koe wonya, eye be nyakpakpa siwo amewo gblɔna tso eŋu lae nye nyateƒe si woa ŋutɔwo wobe yewonya tso eŋu. Eyata ne viwòa gblɔ kura gɔ̃ hã be yenya nusianu si hiã be yeanya tso eŋu xoxo la, ehiã kokoko be nàƒo nu tso eŋu nɛ.

Ahiã be wò ŋutɔ nàte dze kpuikpui aɖewo ɖoɖo tso eŋu nɛ ahayi edzi anɔ nu ƒom tso eŋu. Le nyateƒe me la, wò agbanɔamedzie wònye abe dzila ene, be nàƒo nu tso nya sia ŋu. Ne viwòa di alo medi be nàƒo nu tso eŋu na ye ɣemaɣi o hã la, ehiã be nàkpe ɖe eŋu godoo. Ate ŋu adzɔ be nàdo dziku alo nàse le ɖokuiwò me be yemedze afia nui o, gake mègana ta o. Mègatsi dzi o. Emegbe viwòa ava kpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo katã nèdze be yeakpe ɖe eŋu la ŋu godoo.—g5/06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Le Japan la, dzilaɖekɛ siwo nye ŋutsuwo ƒe ƒomewo va sɔ gbɔ ŋutɔ le ƒe 2003 me. Le Amerika la, le dzilaɖekɛ ƒome ade ɖesiaɖe me la, ɖeka

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Anyo ŋutɔ be nàdze nu ƒoƒo tso dzinukpɔkpɔ ŋu na viwòa hafi wòate ekpɔkpɔ

nye ŋutsu.

[Aɖaka si le axa 21]

ALESI NÀƑO NU TSO ASIÐOÐOANYI ŊU NA VIWÒNYƆNUVI

Dze agbagba nànya nusi wònya tso eŋu xoxo. Na wòanya nya siwo menye nyateƒe o le nusiwo wònya xoxo la me. Dze agbagba nànya asiɖoɖoanyi ŋu nyateƒenyawo eye nàgblɔ wo nɛ.

Gblɔ wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔwo nɛ. Ŋku ɖoɖo nusiwo dzɔ ɖe dziwò le wò dzinukpɔkpɔ zi gbãtɔ me dzi, kple egbɔgblɔ na viwòa, ate ŋu akpe ɖe eŋu wòasu te nyuie.

Gblɔ nya siwo aɖe vi la nɛ. Nyɔnuviwo biana zi geɖe be: “Nukae mawɔ ne mekpɔ dzinu le suku?” “Nukawoe matsɔ akpɔ ɖokuinye gbɔe?” “Aleke mazã woe?”

Gblɔ nyateƒenyawo wo gɔme nanya se bɔbɔe. Gblɔ nyaa le mɔ aɖe nu be viwòa nate ŋu ase egɔme.

Ðe mɔ viwòa nayi edzi asrɔ̃ nu tso eŋu. Dze dzeɖoɖo tso dzinukpɔkpɔ ŋu na viwòa gɔme hafi wòate ekpɔkpɔ, eye nàyi edzi anɔ nu ƒom tso eŋu ɣesiaɣi si wòahiã nenema, ne ete ekpɔkpɔ kura gɔ̃ hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Se nu gɔme nɛ. Ðewohĩ viwòa medi be yeagblɔ yeƒe nyawo na wò o