Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lãmehehe na Vidzĩa?

Lãmehehe na Vidzĩa?

Lãmehehe na Vidzĩa?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SPAIN GBƆ

ANITA, vidada aɖe si le Nigeria, lea tsi na via eye wòhea lãme nɛ beléletɔe. Nuwɔwɔ sia doa dzidzɔ na vidzĩa kple nɔa siaa. Anita gblɔ be: “Esia nye nusi vidada siwo le Nigeria wɔna na wo viwo le wo gbɔ kpɔkpɔ me. Esi míenye vidzĩwo la, danye hea lãme na mía kple nɔvinyeŋutsuwo. Lãmehehe na vidzĩ nye mɔ nyui aɖe si dzi wotona nana ŋusẽ ɖoa vidzĩwo ƒe lãmekawo ŋu eye woɖea dzi ɖi. Ne mele lãme hem na vinyea la, menɔa ha dzim henɔa nu ƒom nɛ, eye ɖevia hã nɔa gbeme tem henɔa alɔgbɔnu kom ɖem. Esia doa dzidzɔ nam ŋutɔ!”

Lãmehehe na vidzĩ bɔ ɖe teƒe geɖewo, eye eva le bɔbɔm ɖe Ɣetoɖoƒedukɔ aɖewo hã me. Le Spaintɔwo ƒe Lãmehehe na Vidzĩ Gbɔkpɔha ƒe nya nu la, lãmehehe nye asi lili vidzĩ ŋu beléletɔe ƒe mɔnu dodzidzɔname aɖe si nana be dzila toa asi kaka vidzĩa ŋu me wɔnɛ be wote ŋu ɖea woƒe seselelãmewo fiaa wo nɔewo. Esia lɔ teƒeteƒewo léle na vidzĩa kple asi lili eƒe afɔ, ata, dzime, akɔta, ƒodo, abɔwo, kple eƒe mo beléletɔe ɖe eme.

Vi kae lãmehehe ɖena na vidzĩ? Le wo katã me la, vevitɔe nye be, ɖevia sena le eɖokui me be wolɔ̃ ye eye woléa be na ye. Menye nuɖuɖu koe vidzĩ hiã na o, ke ehiã edzilawo ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fiae hã. Esi wònye be asi kaka ame ŋu ƒe seselelãme sese dzea egɔme tso vi fẽ me ke ta la, vidada alo vifofo ɖea lɔlɔ̃ sia fiana nyuie to lãme hehe na vidzĩa beléletɔe me. To mɔ sia dzi la, woate ŋu ana vidzĩa nade dzesi nu geɖe—le ŋutilã kple seselelãme gome. Eyata lãmehehe na vi ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu be woana lɔlɔ̃ ƒe kadodo sẽŋu nava nɔ woa kple wo via dome tso edziɣi ke.

To vovo na lɔlɔ̃ ƒe kadodo sia la, lãmehehe na vi ate ŋu awɔe hã be vidzĩa naɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, si hã ate ŋu awɔe be wòadɔ alɔ̃ nyuie. Nu bubu siwo hã lãmehehe na vi wɔnae nye be, ate ŋu ana be ŋusẽ naɖo eƒe lãmekawo ŋu, ʋu nasi le lãme nɛ nyuie, eye eƒe dɔgbo kple dzitodzitowo nawɔ dɔ nyuie. Ame aɖewo gblɔna be edoa ŋusẽ vidzĩa ƒe dɔlélenutsiŋutete hã. Eye esi wònye be lãmehehe na vi nana be eƒe sidzenu siwo nye nuseselelãme, nukpɔkpɔ, kple nusese wɔa dɔ nyuie ta la, ate ŋu awɔe hã be eƒe nuléleɖesusume kple nusɔsrɔ̃ ƒe ŋutete nanyo ɖe edzi.

Dɔnɔkɔdzi aɖewo hã wɔ numekuku tso lãmehehe na vidzĩ ƒe viɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe ɖee fia be ɖevi siwo ƒe ŋkeke mede hafi wodzi wo o, dometɔ siwo wohe lãme na te ŋu dzona le kɔdzi ŋkeke adre do ŋgɔ na esiwo womehe lãme na o, eye woƒe kpekpeme dzina ɖe edzi va ɖoa 47 lɔƒo le alafa me ne wotsɔe sɔ kple esiwo womehe lãme na o la tɔ.

Eyata edze ƒã be, menye ame tsitsiwo koe lãmehehe na ame nyuie ɖea vi na o! Gake le vidzĩwo gome ya la, lãmehehe ɖea vi na wo geɖe wu. Enyea lɔlɔ̃ ɖeɖe fia wo to asi kaka kple asi lili vidzĩa ŋu lɔlɔ̃tɔe si ŋu, alɔgbɔnukoko kpena ɖo me.—g7/06.