Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Míeɖo Ŋku . . . Gbegãdziwo Dzi!”

“Míeɖo Ŋku . . . Gbegãdziwo Dzi!”

 “Míeɖo Ŋku . . . Gbegãdziwo Dzi!”

Etso Nyɔ! ŋlɔla si le Dominican Republic gbɔ

NE DƆ le wuwòm le afisi didi ŋutɔ tso aƒewòme ɖe, nukae nàdi be yeaɖu? Atikutsetse kple amagbe siwo le mia de ate ŋu ava susu me na wò, alo àɖo ŋku ʋulã alo tɔmelã tadi vivi si nɔwò lɔ̃a wɔwɔ dzi. Gake ɖe gbegãdzi, si wogayɔna be ayo alo galik, adzro wòa?

Ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi, esime Israel-viwo zɔ mɔ to Sinai-gbedzi la, wogblɔ be: “Míeɖo ŋku tɔmelã, siwo míeɖuna le Egipte dzodzro, kpakple adzamatre, aɖiba, agumetaku, sabala kple gbegãdziwo dzi.” (Mose IV, 11:4, 5) Ẽ, gbegãdzi dzro wo vevie. Gbegãdzi ɖuɖu vivia Yudatɔwo nu ale gbegbe be woyɔa wo ɖokui be gbegãdzi ɖulawo.

Aleke Israel-viwo wɔ hafi gbegãdzi ɖuɖu va vivia wo nu nenema gbegbe? Wozã gbegãdzi le woƒe nuɖuɖu me ƒe 215 sɔŋ siwo wonɔ Egipte. Tomenukuku aɖewo ɖee fia be Egiptetɔwo dea gbegãdzigble xoxoxo hafi Yakob kple eƒe ƒomea ʋu yi afima. Helatɔwo ƒe ŋutinyanyala Herodotus ka nya ta be Egipte dziɖuɖumegãwo ƒlea sabala, radish, kple gbegãdzi gbogbo aɖewo ŋutɔ ɖana na kluvi siwo nɔ woƒe piramidwo tum na wo. Le gbegãdzi gbogbo siwo wodena dɔwɔlaawo ƒe nuɖuɖu me ta la, ewɔ abe ŋusẽ nɔa wo ŋu eye wonɔa te ɖe nɔnɔmewo nu nyuie wu ene. Egiptetɔwo tsɔ nu xɔasi geɖe siwo dome gbegãdzi hã nɔ, de Farao Tutankh-amen ƒe yɔdo me esi woɖii. Le nyateƒe me la, asixɔxɔ aɖeke mele gbegãdzi ŋu na kukuawo ya o, gake enye viɖenu gã aɖe ŋutɔ na agbagbeawo.

Atike Nyui Aɖee

Ðɔktawo zãa ayo alo galik tsɔa da dɔ na woƒe dɔnɔwo tso gbaɖegbe ke. Ƒe alafa geɖee nye esi va yi la, Helatɔ atikewɔla Hippocrates kple Dioscorides na wozãe na amesiwo ƒe ƒodo da atsi, amesiwo xɔ kpodɔ, kansa, abi, dɔxɔleameŋuwo, kple dzidɔ. Le ƒe alafa 19 lia me la, Franseawo ƒe atikedokpɔla Louis Pasteur srɔ̃ nu tso gbegãdzi ŋu eye wògblɔ be ekpɔa nuwo ta tsoa dɔlékuiwo si me. Le ƒe alafa 20 lia me la, Albert Schweitzer, si nye ɖɔkta mawunyadɔgbedela nyanyɛ aɖe zã ayo tsɔ da ʋunyenyedɔ kple dɔléle bubuwoe le Afrika. Esime Russia-srafowo ƒe ɖɔktawo ƒe atikewo vɔ le Xexemeʋa II wɔɣi la, wozã ayo tsɔ da dɔ na asrafo siwo xɔ abi. Eyatae wova yɔe be Russiatɔwo ƒe penisilin ɖo. Nyitsɔ laa la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo srɔ̃ nu tso alesi gbegãdzi nana ʋu sina toa ʋukawo me nyuie ŋu.

Amenyinu tɔxɛwo le gbegãdzi me, eye wònye atike nyui aɖe hã, gake eƒe ʋeʋẽ kple vivi hã le etɔxɛ ŋutɔ. Afikae wode gbegãdzigble le gbã? Numiemieŋutinunyala aɖewo xɔe se be titina Asiae wòtso hafi va kaka ɖe xexeame godoo. Mina míalé ŋku ɖe xexeame ƒe ɣetoɖoƒenyigba aɖe si dzi gbegãdzi bɔ ɖo ŋutɔ la ŋu akpɔ.

Gbegãdzigble Dede le Constanza

Yame fana le Constanza-bali si le Dominican Republic me nyuie. Esi towo ƒo xlã balia ta la, anyigbaa nyo eye tsi dzana nyuie le afima. Constanza nye teƒe si sɔ ŋutɔ na gbegãdzigble dede.

Le September alo October me la, agbledela siwo le Constanza ŋlɔa nu, dzobona anyigba heƒua kpo legbelegbe siwo ƒe kekeme nɔna abe meta ɖeka ene. Wogaɖea do siwo meyi to tututu o la ɖe kpoawo dzi le fli etɔ̃ alo ene me, siwo me woaƒã gbegãdziawo ɖo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, dɔwɔlawo flia gbegãdziawo ɖa tso wo nɔewo ŋu ɖekaɖeka. Ne wode gbegãdziawo tsi me abe  miniti 30 ene vɔ la, dɔwɔlawo ƒãa wo ɖe do siwo woɖe ɖe kpoawo dzi me. Gbegãdzi wɔna nyuie le vuvɔŋɔli si nu mesẽna akpa o le Dominican dukɔa me.

Wodzea gbegãdzi hoho gɔme le March alo April me. Gbegãdziawo ɖona, eye dɔwɔlawo hoa wo hegblẽa wo ɖe kpoawo dzi ŋkeke atɔ̃ alo ade. Emegbe wofɔa wo, lãa woƒe gɔmegbɔ kple nugbɔ, hedea wo nugo siwo woyɔna be cribas me. Wogblẽa nugo siwo me gbegãdzi lea ɖe ŋdɔgbe ŋkeke ɖeka be woaƒu. Emegbe esɔa gbe na dzadzra.

Ayo Sue aɖe Kura Gɔ̃ Hã Ʋẽna Ŋutɔ

Wò ŋɔti ase ayo alo galik ŋkɔ xoxo ne eƒe ɖe le nuɖuɖu si ŋu wowɔ atadi vivi aɖe ɖo, alo salada aɖe si nèbɔbɔ nɔ anyi be yeaɖu la me. Ke nukatae meʋẽna ne ele tsro me o? Atikemenu sẽŋu siwo le ayo alo galik me la meʋẽna o negbe ɖe wogbãe, flii, alo tui hafi. Ne èɖe ayo ɖeka hetu la, atikemenu si woyɔna be alliinase va tsakana kple bubu si nye alliin. Enumake nusi dona tsoa emee nye allicin, si gbɔ galik ƒe ʋeʋẽ kple vivi tsona.

Ne èɖu ayo mumu sue aɖe la, ɖeko wònɔna abe allicin si le eme ye wó ɖe nume na wò ene. Eʋẽna na wò nyuie loo alo meʋẽna na wò nyuie o, ne ènya ɖui ya ko la, eƒe ʋeʋẽ axɔ ŋutiwò katã. Ðe nàte ŋu awɔ nane atsɔ aɖe alesi ayo ʋẽna le ame ŋu dzi akpɔtɔa? Àte ŋu aɖu parsley (persil) alo adrike si wogayɔna be plingota—be galik nagaʋẽ le ŋuwò fũ o.

Gake nyae be wò dzitodzitowo me koŋue gbegãdzi tsona hafi ʋẽna le ŋuwò. Ne èɖu gbegãdzi la, wò dɔmenuwo ɖonɛ ɖe wò ʋukawo me, eye ʋukawo hã ɖonɛ ɖe dzitodzitoawo me. Ne èle gbɔgbɔm la, eƒe ʋeʋẽa dona henɔa ŋuwò. Eyata numeklɔtikewo kple parsley meɖea ayo ƒe ʋeʋẽ le ame ŋu o. Ðe kuxi sia gbɔ kpɔnu aɖe koŋ lia? Ðeke meli ale o. Gake ne mia kple amesiwo katã dome nèle mieɖu ayo alo galik la, ekema ɖewohĩ ame aɖeke magase eƒe ʋeʋẽ le nɔvia ŋu o!

Le dukɔ geɖe me la, gbegãdzi si wogayɔna be ayo alo galik megbea nuɖuɖu aɖeke me nɔnɔ o. Eye le teƒe siwo womeɖunɛ le edziedzi o kura gɔ̃ hã la, gbegãdzi ɖula geɖe xɔe se be eŋuti viɖeawo sɔ gbɔ sã wu nusiwo wòagblẽ le ame ŋu.—g05 9/22.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Wole gbegãdzi siwo woho la siam

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Constanza-balia me

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nukatae ne wogbã ayo ko hafi wòʋẽna ɖo?