Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Míaƒe Srɔ̃ɖeɖea Nanɔ abe Amesiame Tɔ Enea?

Ðe Wòle Be Míaƒe Srɔ̃ɖeɖea Nanɔ abe Amesiame Tɔ Enea?

 Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Wòle Be Míaƒe Srɔ̃ɖeɖea Nanɔ abe Amesiame Tɔ Enea?

“Nye ŋugbetɔ Cindy ye do susua ɖa gbã be míate ŋu adzo yi teƒe aɖe, ava wɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea, hafi mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo katã nava see. Esi míede ŋugble tso eŋu vɔ la, míetso nya me be ewɔwɔ alea aɖe ɣeyiɣi zazã, hloluitsotso kple ɖeɖiteameŋu dzi akpɔtɔ.”—Allen. *

NE ÈTSI aɖe srɔ̃ eye ŋugbetɔ le asiwò la, srɔ̃ɖeɖe hafi xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nava see ate ŋu adze na wò abe nu nyui aɖe ene. Le go aɖewo me la, ate ŋu adzro ame eve siwo le ŋugbedodo me be yewoasi ayi teƒe bubu aɖe ava ɖe srɔ̃ hafi yewo dzilawo kuraa gɔ̃ hã nava see. Gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me le nusi nàwɔ ŋu?

Dekɔnuwoe Le Vevie Wua?

Togbɔ be srɔ̃ɖeɖe bɔ ɖe dukɔwo katã kloe me hã la, vovototo gã aɖe le dekɔnu siwo kpena ɖe eŋu me. Le Kristotɔwo gome la, menye nu vevitɔe nye be woƒe srɔ̃ɖeɖea nasɔ kple nuto si me wole ƒe dekɔnuwo katã kokoko o. (Romatɔwo 12:2) Ke boŋ woƒe didi vevitɔe nye be yewoƒe nuwɔna, le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃a ɖeɖe me, nahe bubu vɛ na Yehowa Mawu.—Korintotɔwo I, 10:31.

Esi srɔ̃ɖeɖe nye ɖoɖo si ŋu bubu le ta la, ŋutsu kple nyɔnu akpa gãtɔ madi be yewoaɖe srɔ̃ hafi amewo nava see o. Le dukɔ geɖe me la, ne Yehowa Ðasefo aɖewo di be yewoaɖe yewo nɔewo la, wowɔa ɖoɖo ɖe srɔ̃ɖenuƒo nana le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me ŋu zi geɖe. * Le ema megbe la, woate ŋu awɔ ɖoɖo be yewoakpe amewo ava nuɖukplɔ̃ ɖoƒe be yewoaɖe modzaka kple ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo le afima. Mehiã kokoko be nuɖukplɔ̃ ɖoɖo mawo nanɔ kpeɖii o. Gake enye nyateƒe ya be srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖoɖowo nana wotsoa hlolui eye ate ŋu abia ga geɖe zazã hã. Le kpɔɖeŋu me, le United States la, wozãna dɔlar akpe geɖe ɖe nuɖukplɔ̃ ɖoɖo ŋu zi geɖe.

Be hloluitsotso kple gazazã dzi naɖe akpɔtɔ ta la, srɔ̃tɔ aɖewo tiae be yewoawɔe kpokploe. Cindy gblɔ be: “Míegblɔe na mía dzilawo be  míele míaƒe srɔ̃ɖeɖea wɔ ge abe amesiame tɔ ene o, elabena míedi be wɔna katã nanɔ kpokploe eye gazazã dzi naɖe akpɔtɔ. Dzinyelawo ka ɖe edzi na mí be yewose míaƒe nukpɔsusua gɔme. Wowɔ nu aduadu kpli mí.” Gake esi Cindy ƒe ŋugbetɔ Allen, amesi ŋkɔ míeyɔ va yi, ya gblɔ woƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa na edzilawo la, esesẽ na wo be woase woƒe nyametsotsoa gɔme. Allen gblɔ be: “Wosusu be yewoƒe nuwɔna aɖe tae míewɔ nyametsotso ma. Gake menye nenemae kura o.”

Wò hã dziwòlawo ate ŋu ase le wo ɖokui me be èdo ŋukpe yewo le esi nètso nya me be yeawɔ srɔ̃ɖeɖea kpokploe ta, elabena woadi be ame geɖe alesinu ate ŋui nava kpɔ dzidzɔ kpli yewo le ŋkeke tɔxɛ sia dzi. Ke ne èdi be yeaɖe srɔ̃ hafi dziwòlawo kura gɔ̃ hã nava see, le esi nènya be womalɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeɖea dzi gbeɖe o ta, ya ɖe?

Bu Wò Ƒometɔwo ƒe Seselelãmewo Ŋu

Ate ŋu anye be esi dziwòlawo susu be mètsi awɔ nyametsotso vevi sia haɖe o tae womalɔ̃ ɖe edzi o ɖo. Woate ŋu avɔ̃ be ne èva le tsitsim la, amesi nètia be yeaɖe ƒe nu magava nyo ŋuwò o, eye be eteƒe madidi o la, ave wò be ame siae yeɖe. Le go bubu me la, ɖewohĩ woabu be ètsi aɖe srɔ̃ ya, gake wode dzesi nɔnɔme aɖewo siwo wobu be womenyo o le wò lɔlɔ̃tɔa ŋu. Alo woate ŋu agbe kura gɔ̃ hã be mègaɖe amesi nètia o le esi eƒe mawudzixɔse mesɔ kple tɔwò o ta.

Ne dziwòlawo nye Kristotɔ vavãwo la, ekema woƒe nukpɔsusua anya nɔ te ɖe Biblia dzi. Esɔ be woaɖe woƒe dzimaɖitsitsiwo agblɔ. Le nyateƒe me la, ne womeɖee gblɔ o la, Yehowa abu wo be wometsɔ ɖeke le eme na wò o, eye womelɔ̃ wò hã o. Eye wò ŋutɔ dziwò ko wòade ne èɖo to se woƒe nukpɔsusua.—Lododowo 13:1, 24.

Na míawɔ eƒe kpɔɖeŋu: Ne èbe yeaƒle awu yeye aɖe la, ɖewohĩ àdi tso ame aɖe si godoo be wòalé ŋku ɖe eŋu akpɔ be edze ye hã. Togbɔ be màlɔ̃ ɖe woƒe nukpɔsusuwo katã dzi ɣesiaɣi o hã la, àdi kokoko be xɔ̃wò kplikplikpliwo nagblɔ alesi wokpɔ awua alo atsyãa na wò. Àkpɔ ŋudzedze ɖe nya siwo woagblɔ ŋu be màgatsɔ ga aƒu gbe ɖe ya me o. Ekema ɖe mèkpɔe be ele vevie kura wu be nàlɔ̃ ase nukpɔsusu si le wò ƒomea si le amesi nèdi be yeaɖe ŋu oa? Togbɔ be àte ŋu aɖɔli awu alo adzudzɔ ezazã hã la, Yehowa di tso asiwò be srɔ̃wò ya nanɔ gbɔwò le wò agbemeŋkekewo katã me. (Mateo 19:5, 6) Ne ètia amesi ƒe nɔnɔme kple mawusubɔsubɔ mesɔ kple tɔwò o la, kuxi siwo nàva do goe emegbe le srɔ̃ɖeɖea me aɖe fu na wò wu alesi awu manyomanyo dodo aɖe fu na wòe. (Mose I, 2:18; Lododowo 21:9) Eye dzidzɔ vavãtɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ hã ate ŋu ato ŋuwò.—Lododowo 5:18; 18:22.

Ele eme baa be ɖokuitɔdidi tae dzila aɖewo axe mɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe aɖe nu ɖo—kple susu be yewoayi edzi akpɔ ŋusẽ ɖe yewo via dzi. Ke hã, hafi nàgbe dziwòlawo ƒe nukpɔsusua be ɖokuitɔdidi tae ahaɖe srɔ̃ hafi woava see la, nukata màde ŋugble tso woƒe nukpɔsusuwo ŋu gbã o?

Susu Siwo Ta Nàkpɔ Nyuie

Ðe wònye nyateƒe be ne èle tsitsim la, wò tiatiawo atrɔa? Apostolo Paulo ŋlɔ be: ‘Esime menye ɖevi la, meƒo nu abe ɖevi ene, eye mesusu abe ɖevi ene, eye mebu tame abe ɖevi ene; ke esime mezu ŋutsu la, meɖe ɖevimenuwo ɖa.’ (Korintotɔwo I, 13:11) Nenema kee esi nènye ƒewuivi la, nɔnɔme siwo ta wò lɔlɔ̃tɔa ƒe nu nyo ŋuwò ɖo la magado dzidzɔ na wò ne ègatsi vie wu ema o. Eyatae Biblia ɖo aɖaŋu be nàlala vaseɖe esime ‘nèto ɖekakpui dzaa nyenye me,’ si nye ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo sẽa ŋu wu me ado, hafi nàɖe afɔ vevi ma ahatia amesi nàɖe.—Korintotɔwo I, 7:36.

Ke ne dziwòlawo kpɔ nɔnɔme gbegblẽ aɖe le wò ŋugbetɔa ŋu ya ɖe? Esi agbemenuteƒekpɔkpɔ le dziwòlawo si ta la, woƒe sidzedze ŋutetewo le nu nyui kple nu gbegblẽ ŋu anyo wu tɔwò godoo. (Hebritɔwo 5:14) Eyata woate ŋu akpɔ nɔnɔme gbegblẽ aɖewo le wò ŋugbetɔa ŋu, evɔ wò ya màkpɔ wo o. De ŋugble le gɔmeɖose si dze le nusi nunyala Salomo ŋlɔ me ŋu kpɔ: “Ame gbãtɔ dzena abe dzɔdzɔetɔ ene le dzrenya me; ke evelia va ɖea egɔme ɖe  go.” (Lododowo 18:17) Nenema kee wò lɔlɔ̃tɔa anya ble nuwò nèsusui be eyae nye amesi wòle be yeaɖe. Ke hã, esi dziwòlawo va ‘ɖe egɔme ɖe go’ la, woahe wò susu ayi nyateƒenya siwo ŋu wòle be nàde ŋugble le dzi.

Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu aɖo ŋku edzi na wò moveviɖoɖotɔe be Biblia di tso Kristotɔ vavãwo si be woaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me” ko. (Korintotɔwo I, 7:39) Ðewohĩ àtsi tre ɖe wo ŋu agblɔ be yenya ame aɖewo, siwo ɖe amesiwo menye Kristotɔwo o, gake fifia wo kple wo wole Yehowa subɔm dzidzɔtɔe. Nusia dzɔna ya. Ke hã, ame mawo dometɔ ʋɛ ŋutɔ aɖewo koe nɔnɔmea va trɔna na. Ne èɖe amesi ƒe dzixɔse mesɔ kple tɔwò o la, ekema menye Yehowa ƒe gɔmeɖosewo ɖeɖe koe nàdo vloe o, ke àtsɔ ɖokuiwò ade gbɔgbɔmefɔku gã aɖe me hã.—Korintotɔwo II, 6:14. *

Susu Gbegblẽ si Ta Woaɖe Srɔ̃

Sɔhɛ aɖewo nɔ agbegbegblẽ kple wo nɔewo, si na woɖe srɔ̃ hafi wo dzilawo va see, elabena wosusu be amea ɖeɖe ana yewoƒe dzitsinya adzudzɔ fu ɖeɖe na yewo. Alo wonɔ mɔ kpɔm be esia wɔwɔ atsyɔ nu yewoƒe nuvɔ̃wɔwɔa dzi, vevietɔ ne nyɔnua fɔ fu.

Ne èsusu be yeatsɔ srɔ̃ɖeɖe atsyɔ nu nuvɔ̃ dzi la, ɖeko nèle nèle kɔ lim wò vodadawo ɖi. Salomo xlɔ̃ nu be: “Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.” (Lododowo 28:13) Dawid kple Bat-Seba, siwo nye Salomo dzilawo, va srɔ̃e be enye movidzɔdzɔ be wonɔ agbagba dzem be yewoatsyɔ nu agbegbegblẽnɔnɔ dzi. (Samuel II, 11:2–12:25) Le esi teƒe be nàtsyɔ nu wò nuvɔ̃a dzi la, gblɔe na dziwòlawo kple hamemegãwo boŋ. Dzie anɔ ƒowò hafi nàte ŋu awɔ nusia ya, gake àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa atsɔe ake wò ne ètrɔ dzime. (Yesaya 1:18) Ne dzitsinya nyui gava su asiwò la, àte ŋu awɔ nyametsotso si da sɔ azɔ ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu.

Kpɔ Nyuie be Màgava Nɔ Aɖukli Ðum Emegbe O

Allen gblɔ tso srɔ̃ɖeɖe si wòwɔ va yi ŋu be: “Míaƒe nyametsotso be míawɔ srɔ̃ɖeɖea kpokploe na be míetso hlolui fũ o. Nusi te ɖe dzinye koe nye be nyemeɖe nu me na dzinyelawo nyuie wose nusitae míewɔ nyametsotso ma ɖo gɔme o.”

Eyata, be ame tsitsi eve siwo le wo nɔewo ɖem nawɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea abe amesiame tɔ ene alo womawɔe nenema o la nye woa ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ke hã, ne èle nyametsotsowo wɔm ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la, gbɔ dzi ɖi, dzro nu me kple wò ƒometɔwo, eye ‘lé ŋku ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu.’ Esia wɔwɔ ana be nàƒo asa na aɖukli ɖuɖu emegbe.—Lododowo 14:15.—g05 11/22.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 7 Tadeaguƒe siawo sɔna nyuie ŋutɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe srɔ̃ɖeɖe. Wɔna bliboa mexɔa ɣeyiɣi o, eye wodzrona Biblia gɔmeɖose siwo dzi wotua srɔ̃ɖeɖe si kpɔa dzidzedze ɖo la me. Eye womexɔa ga aɖeke ɖe Fiaɖuƒe Akpataa zazã ta o.

^ mm. 18 Ne èle nyatakaka geɖe dim tso nyati sia ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo nye July 1, 2004, axa 30-1, kple November 1, 1989, axa 8-12 [Eŋlisigbe alo Fransegbe me tɔ, November 1, 1989, axa 18-22].

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ne èle nyametsotsowo wɔm ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la, dzro nu me kple wò ƒometɔwo