Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Esime Ame Aɖeke Magatsi Akogo Akpɔ O

Esime Ame Aɖeke Magatsi Akogo Akpɔ O

Esime Ame Aɖeke Magatsi Akogo Akpɔ O

NUŊLƆÐI si le Mose I, 2:18 gblɔ be esi wowɔ ame gbãtɔ la, “Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” Wowɔ ame be wòanɔ anyi kple ame bubuwo eye woakpe ɖe wo nɔewo ŋu.

Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ mía sie nye Yehowa Mawu. Apostolo Paulo gblɔ le Yehowa ŋu be enye “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.” (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Yehowa ŋutɔ sea veve ne eƒe subɔlawo le fu kpem. Enye Mawu si sea veve ɖe ame ti. “Enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:14) Ðe meʋã wò be nàte ɖe Yehowa Mawu ŋu le eƒe lɔlɔ̃, eƒe dɔmenyonyo, kple eƒe ɖetsɔlemename ta oa?

Yehowa Kpena Ðe Amesiwo Tsi Akogo Ŋu

Le blema la, Mawu subɔla geɖewo to nɔnɔme siwo na wose le wo ɖokui me be yewotsi akogo me. Yehowa nye kpeɖeŋutɔ kple akɔfala na wo. Le kpɔɖeŋu me, bu Yeremya, amesi woɖo nyagblɔɖilae esime wònye ɖekakpui ŋu kpɔ. Ðewohĩ Yeremya ye nye ame 40 siwo ŋlɔ Ŋɔŋlɔawo la dometɔ si ɖe eƒe seselelãme fia wu. Esime wòxɔ eƒe dɔdasi gbãtɔ tso Mawu gbɔ la, evɔ̃ hese le eɖokui me be yemedze o. (Yeremya 1:6) Hafi wòate ŋu awɔe ade goe la, ele be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Le nyateƒe me, Yehowa nɔ kplii abe “kalẽtɔ sesẽ” ene.—Yeremya 1:18, 19; 20:11.

Anɔ ƒe 300 do ŋgɔ na Yeremya la, esi Fianyɔnu Izebel se be wowu yeƒe Baal-nyagblɔɖilawo la, eka atam be yeana woawu Eliya. Eliya si yi Xoreb le Sinai Ƒukpo si gbɔ didi kilometa 450 tso afisi wònɔ la dzi. Eyi ɖe agado aɖe me be yeatsi afima adɔ le zã me, eye Yehowa Mawu biae be: “Eliya, nuka wɔm nèle le afisia?” Eliya ɖe eme be ewɔ na ye be ye ɖeɖekoe kpɔtɔ nye Yehowa subɔla le Israel dukɔ bliboa me, nyagblɔɖila ɖeka kolia si susɔ si tsɔa dzo ɖe Mawu ƒe subɔsubɔ ŋu. Yehowa ka ɖe edzi nɛ be menye eya ɖeɖekoe kpɔtɔ o. Yehowa li kplii, eye Eliya hati Israel-vi 7,000 hã wɔ ɖeka kplii, togbɔ be menɔ nyanya me nɛ o hã. Yehowa fa akɔ na Eliya hetu eƒe xɔse ɖo. Eƒe nyawo de dzi gbɔ na Eliya, eye wòde dzi ƒo na nyagblɔɖila ma be wòagana ta le eƒe dɔdasia wɔwɔ me o. (Fiawo I, 19:4, 9-12, 15-18) Ne eva dzɔ be míawo hã míese le mía ɖokui me be míetsi akogo alo viɖe aɖeke mele mía ŋu o abe Eliya ene la, míate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be wòado ŋusẽ mí. Gakpe ɖe eŋu la, Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu atsɔ aɖaŋudzedze aƒo nu akɔfafatɔe na nuteƒewɔlawo ahakpe ɖe wo ŋu be woakpɔe adze sii be yewole akpa aɖe wɔm le Mawu ƒe tameɖoɖo mevava me.—Tesalonikatɔwo I, 5:14.

Míate ŋu akpɔe adze sii le kpɔɖeŋu siawo kple bubuwo me be Yehowa le klalo be yeakpe ɖe amesiwo se le wo ɖokui me be yewotsi akogo ŋu ahafa akɔ na wo lɔlɔ̃tɔe. Ẽ, “Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.”—Psalmo 9:10; 46:2; Naxum 1:7.

Amesi Ame ƒe Nu Wɔa Nublanui na eye Wòsea Veve Ðe Ame Ti

Yesu Kristo nye amesi da sɔ bliboe le seselelãme gome le Yehowa sɔsrɔ̃ me ƒe kpɔɖeŋu si dze kafukafu. Luka gblɔ tso alesi Yesu wɔ nui esime wòdo go amehawo woyina ame aɖe ɖiƒe le Nain ŋu be: “Wotsɔ ame kuku aɖe, si nye tenuvi na dadaa, si nye ahosi la, le go domi, . . . esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o! Eye esi wòte va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ðekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre! Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi, eye wòde asi nuƒoƒo me, eye wòtsɔe na dadaa.” (Luka 7:12-15) Nua wɔ nublanui na Yesu ale gbegbe. Enye amesi sea veve ɖe ame ti. Bu dzidzɔ si Yesu he vɛ na ahosi si tsi akogo la esi wòfɔ viaŋutsu ɖe tsitre nɛ ŋu kpɔ! Eƒe akogotsitsia nu yi.

Míate ŋu akpɔ dzideƒoname si wònye be Yesu “[nya] míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo.” Kakaɖedzitɔe la, esea veve ɖe ame dzɔdzɔe siwo tsi akogo la ti. Le nyateƒe me la, míate ŋu ato eyama dzi “bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.” (Hebritɔwo 4:15, 16) Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, míate ŋu ase veve ɖe amesiwo le nuxaxa, fukpekpe, kple akogotsitsi ƒe nɔnɔmewo me tom ti. Edze ƒã be ne míele kpekpem ɖe amewo ŋu la, ana be mía ŋutɔwo míaƒe akogotsitsi dzi naɖe akpɔtɔ. Ke hã mɔ bubu aɖe gali si dzi míato akpɔ kpekpeɖeŋu, le akogotsitsi ƒe blanuiléle dzi ɖuɖu me.

Yehowa ƒe Nya la Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu Míaɖu Akogotsitsi Dzi

Ame geɖewo va kpɔe be ‘to Ŋɔŋlɔawo ƒe akɔfafa me, mɔkpɔkpɔ va su yewo si.’ Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo bɔ ɖe Mawu ƒe Nya la me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu akogotsitsi dzi. (Romatɔwo 15:4; Psalmo 32:8) Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be “[míagadi] nu gã wu nusi dze ame be, wòadi o.” (Romatɔwo 12:3) Be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, ahiã be míawɔ ɖɔɖɔɖo le míaƒe nukpɔsusu me. Ðokuibɔbɔ kple sidzedze míaƒe ŋutete ƒe seɖoƒe akpe ɖe mía ŋu godoo be mɔkpɔkpɔ si da sɔ si me susu le nasu mía si. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí hã be míatsɔ ɖe le eme na amewo anukwaretɔe. (Filipitɔwo 2:4) Nusia nye nu wɔwɔ na ame nɔewo. Ne ètsɔ ɖe le eme na amewo la, woawo hã woatsɔ ɖe le eme na wò. Hadede nyui sia nana ame ƒe akogotsitsi dzi ɖena kpɔtɔna henana gɔmesese nɔa ame ƒe agbe ŋu.

Biblia de dzi ƒo na mí Kristotɔwo be “míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Eyata ƒo ɖokuiwò ɖe nuwɔna si ɖea vi abe Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede edziedzi ene me. Ðikekemanɔmee la, Kristotɔwo ƒe kpekpewo ate ŋu atu míaƒe gbɔgbɔ me ƒe nɔnɔme, míaƒe seselelãme ƒe nɔnɔme kple míaƒe lãme ƒe sesẽ ɖo. Nuƒoƒo na amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒenyanyuia ŋu nye dzidzɔmɔnu aɖe si dzi míato atsɔ nu tuameɖowo ayɔ míaƒe agbe mee. Enana míaƒe susu kpɔa ŋgɔ tẽ, edoa ŋusẽ míaƒe xɔse, hekpɔa míaƒe mɔkpɔkpɔ ta.—Efesotɔwo 6:14-17.

Te ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me. Dawid de dzi ƒo be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.” (Psalmo 55:23) Ne èsrɔ̃ Mawu ƒe Nya la, dzi adzɔ wò. (Psalmo 1:1-3) Ne ètsi akogo la, de ŋugble tso Yehowa ƒe belélename si wòɖe fia le eƒe Nya la me la ŋu. Hakpala la ŋlɔ be: “Nye luʋɔ lé ɖe anyigba ŋu, gbɔ agbem le wò nya la nu.”—Psalmo 119:25.

Ɣeyiɣi si me Ame Aɖeke Magblɔ be, “Metsi Akogo” O

Yehowa Mawu do xexe yeye si me dzimaɖitsitsi, dziɖeleameƒo, kple blanuilélele maganɔ o ƒe ŋugbe na mí. Biblia gblɔ be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Vavãe, nu gbãtɔ siwo nu ayi dometɔ aɖewoe nye ŋutilã, susu, kple seselelãme ƒe veve siwo míesena egbea.

Amesiwo me xɔlɔ̃wɔwɔ le ayɔ anyigba la dzi eye woana míase vivi na agbenɔnɔ. Yehowa ato eƒe Dziƒofiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me dzi aɖe míaƒe akogotsitsi ɖa na mí. Ade nu yeye wɔnukuwo asi na mí míawɔ le paradisonyigba dzi. Ŋkeke li gbɔna kpuie si me míagagblɔ akpɔ be, “Metsi akogo” o.

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me, míatsi akogo ne míawo ɖeɖee li gɔ̃ hã o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Nukae Biblia ƒe nuŋlɔɖi ku ɖe Yeremya kple Eliya ŋu fia mí?