Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukliaʋa—Woate Ŋu Aƒo Asa Nɛa?

Nukliaʋa—Woate Ŋu Aƒo Asa Nɛa?

 Nukliaʋa​—Woate Ŋu Aƒo Asa Nɛa?

“Woaɖu nu, eye woatsyɔ akɔ anyi ɖi, ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Zefanya 3:13.

AMESIAME kpɔa mɔ vevie na xexe aɖe si me nukliaʋa ƒe ŋɔdzidoname manɔ o. Gake alesi nɔnɔmea le tututu kpɔkpɔ le xexe sia me na mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame geɖe. Guardian Weekly gblɔ be: “United States kple xexeame dukɔ bubuwo le asi ɖem le nukliaʋawɔnuwo nuléle, dziɖeɖekpɔtɔ kple wo ɖeɖe ɖa keŋkeŋ ƒe nukpɔsusu si li la ŋu.”

Ke hã, ame aɖewo fiaa asi agbagba siwo dukɔwo dze le go sia me. Le kpɔɖeŋu me, wobu akɔnta be United States ɖeɖe zã dɔlar biliɔn 2.2 tsɔ xe mɔ na nukliaʋa le ƒe ɖeka me. Menye ga vie esia nye kura o. Gake enyanya be dukɔ ma ke zã ga dɔlar biliɔn 27 tsɔ dzra ɖo ɖe nukliaʋa ŋu le ƒe ɖeka me doa dziku na ame geɖe.

Ke ŋutifafanubablawo ya ɖe? Ðe agbagbadzedze mawo ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ amewoa?

Nukliaʋawɔnuwo Nuléle Nubablawo

Tso esime woto nukliabɔmb vɛ la, wobla nu gbogbo aɖewo be woatsɔ alé nukliaʋawɔnuwo nui loo alo aɖe wo dzi akpɔtɔ. Wo dometɔ aɖewoe nye Nukliaʋawɔnu si Magado Agbogbo O ƒe Nubabla (NPT, le Eŋlisigbe me), Aʋawɔnu Tɔxɛwo Dzitsotso Takpekpe, Aʋawɔnu Tɔxɛwo Dziɖeɖekpɔtɔ Takpekpe, kple Asiɖoɖo Bɔmbwo Dodokpɔ Dzi Keŋkeŋ ƒe Nubabla. Ðe esiawo mekpɔ dzidzedze le nuklia ƒe ŋɔdzidonamea ɖeɖe ɖa me oa?

Nubabla ɖesiaɖe nɔ te ɖe amesiwo bla nua ƒe ŋugbedodo meléle ɖe asi dzi. Le kpɔɖeŋu me, dzidzedze si NPT, si te wode asii le ƒe 1970 me eye dukɔ siwo de asi ete va ɖo December 2000 me enye 187 la, akpɔ nɔ te ɖe dukɔ siwo si nukliaʋawɔnuwo le kple esiwo si mele o siwo de asi ete la ƒe lɔlɔ̃nu faa dzi. Nubablaa gbe na dukɔ siwo si nukliaʋawɔnuwo mele o be woagawɔ ɖeke  alo aƒlewo adzra ɖo o, hebia tso esiwo si nukliaʋawɔnuwo le la si be woadze agbagba aɖe woa ŋutɔwo ƒe nukliaʋawɔnuwo ɖa keŋkeŋ. Ðe esia wɔ dɔa? Carey Sublette ɖe nu me le “Nya Siwo Wobiana Enuenu le Nukliaʋawɔnuwo Ŋu” me be: “Togbɔ be NPT, menye nubabla deblibo o hã la, ekpɔ dzidzedze le nuklia ƒe mɔ̃ɖaŋununya si le dukɔwo si, si ŋu ŋku le la, takpɔkpɔ be wòagaɖo dukɔ bubuwo gbɔ o me.”

Sublette gblɔ be, togbɔ be nubablaa kpɔ dzidzedze aɖewo hã la, “metutu . . . aʋawɔnu siawo yomemɔ didi ɖa le dukɔ geɖe ƒe susu me keŋkeŋ le go aɖewo me o.” Elɔ̃ ɖe edzi hã be ne dukɔ mawo nye nubablaa me tɔwo hã la, wote ŋu wɔa adzameɖoɖowo toa Nukliaʋawɔnu si Magado Agbogbo O ƒe Nubabla la megbe yia nukliaʋawɔnuwo didi dzi le afisiwo ŋku mele wo ŋu o le. Nubabla ɖesiaɖe ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe kakaɖedzi si le amesiwo le asi dem ete ŋu dzi. Ðe míate ŋu aka ɖe amegbetɔwo ƒe ŋugbedodowo dzia? Amegbetɔ ƒe ŋutinya me nudzɔdzɔwo na ŋuɖoɖoa dze ƒã.

Ekema, afikae míate ŋu atrɔ ɖo hena mɔkpɔkpɔ?

Tamebubu ɖe Mɔ Yeye aɖe Nu

Le December 2001 me la, Nobel nunanaxɔla 110 sɔŋ lɔ̃ ɖe nyagbɔgblɔ aɖe dzi hede asi ete, exlẽ be: “Etsɔme mɔkpɔkpɔ si li koe nye dukɔwo dome nuwɔwɔ aduadu, si woate ŋu ato demokrasi dzi awɔ. . . . Ne míate ŋu anɔ agbe le xexe si míetrɔ me la, ele be míate tamebubu ɖe mɔ yeye aɖe nu.” Ke hã, tamebubu ƒe “mɔ yeye” kae hiã? Ðe susu le eme be woaxɔ ase be amesiwo tsɔ woƒe nukliaʋawɔnuwo le ŋɔdzi dom na ŋutifafa si le xexeame abu tame le “mɔ yeye aɖe” nua?

Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” (Psalmo 146:3) Nukatae? Biblia ɖo eŋu be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Ẽ, nusi koŋ tae nye be womena ŋutete amegbetɔwo be woaɖu anyigba dzi ŋutifafatɔe o. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.

Ne amegbetɔwo mate ŋu aɖu anyigbaa dzi o la, ke amekae? Biblia do ŋugbe be ŋutifafa anɔ dziɖuɖu aɖe si ŋu kakaɖedzi le eye wòdze la me. Woyɔ dziɖuɖu sia le Biblia me be Mawu ƒe Fiaɖuƒe, eye ame miliɔn geɖe doa gbe ɖa biaa dziɖuɖu sia le manyamanya me ne wole Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la dom ɖa be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! . . . Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:9, 10) Yesu Kristo, si nye Ŋutifafafia, lae nye Fiaɖuƒe sia ƒe Fia. Esi Biblia nɔ eƒe dziɖuɖua ɖɔm la, egblɔ be: “Seɖoƒe manɔe na ŋutifafa le . . . eƒe fiaɖuƒe la me o.”—Yesaya 9:5, 6.

Ne “amegãwo,” alo dunyahelawo, kple amegbetɔ dziɖuɖuwo mesrɔ̃ tamebubu ɖe “mɔ yeye” sia nu o hã la, wò ya àte ŋui. Yehowa Ðasefowo kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be woxɔ Biblia ƒe mɔkpɔkpɔ gbedasia to aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖo aɖe dzi. Ne èdi alea la, taflatse di magazine sia talawo ƒe mɔ, alo àte ŋu ayi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le miaƒe nutoa me la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Le Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te la, nuklia ƒe ŋɔdzidoname aɖeke maganɔ xexeame o