Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lãwo—Se Vivi le Anyinɔnɔ Kpli Wo me Tegbee

Lãwo—Se Vivi le Anyinɔnɔ Kpli Wo me Tegbee

Lãwo​—Se Vivi le Anyinɔnɔ Kpli Wo me Tegbee

LE NYATEƑE me la, lãwo li hamehame, eye edze abe ɖesiaɖe kple eƒe nɔnɔmee! Lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia wo nye nuwɔna si hea ame ɖe wo Wɔla ŋu. Esia dze le Maria ƒe nuwɔna me.

Anye ƒe etɔ̃e nye si va yi esime Maria nɔ Lisbon, Portugal la, eƒe avu si gbɔ melɔ̃a nu lena o bu, eye wòna woɖe gbeƒãe le radio dzi. Yehowa Ðasefo aɖe si kpɔ avu aɖe heka ɖe edzi be avu si woɖɔ lae wònye la do afɔ na Maria. Esi woa kple evea wodo go la, woke ɖe avua ŋu, eye Ðasefoa gblɔ be esi Maria nye amesi lɔ̃a lãwo vevie ta la, xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me nɔnɔ avivi enu nyateƒe. Ðasefoa ɖe nu me be ɣemaɣi la, amegbetɔwo kple lã ƒomevi ɖesiaɖe anɔ anyi le ŋutifafa me.

Ekpe Maria be wòava Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe eye wòlɔ̃. Nusi wòse hekpɔ le afima la ʋãe ale gbegbe be wòdi be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Esi nusɔsrɔ̃a nɔ edzi yim la, nusi Maria srɔ̃ tso Yehowa Mawu kple agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi le dzɔdzɔenyenye xexe yeye me ƒe ŋugbe siwo wòdo ŋu la ʋãe ale gbegbe. (Psalmo 37:29; Yohanes 17:3) Mlɔeba le February 16, 2002 dzi la, etsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui.

Mawu ƒe Gɔmedzetameɖoɖo

Abe Maria ene la, kpeɖodzi si li be Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi ahalé be na lã siwo le edzi ava eme mlɔeba la do dzidzɔ na ame geɖewo ale gbegbe. (Mose I, 1:28) Biblia gblɔ be Mawu ‘mewɔ anyigbaa be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.’ Ŋugbedodoa fia be amegbetɔwo anɔ anyigbaa dzi ase vivi le anyinɔnɔ kple edzi lãwo me tegbee.—Yesaya 45:18.

Biblia gaɖo kpe alesi Mawu ɖoe kplikpaa be yeana yeƒe gɔmedzetameɖoɖo be anyigbaa nanye paradiso nava emee la dzi. Egblɔ be: “Megblɔ nya, eye mana wòava eme hã.” Yehowa gblɔ hã be: “Nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”—Yesaya 46:11; 55:11.

Vavãe, Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nanɔ paradiso me le anyigba dzi tegbee. Kakaɖedzi blibo ate ŋu anɔ mía si be tameɖoɖo ma ava eme godoo. Mina míalé ŋku ɖe alesi agbe anɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me ƒe akpa sue aɖewo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu kpɔ. Míakpɔe be le nyateƒe me la, lã ƒomevi ɖesiaɖe, aƒemelã kple gbemelãwo siaa anɔ anyi le ŋutifafa me kple wo nɔewo kpakple amegbetɔƒomea.—Yesaya 65:17, 21-25; Petro II, 3:13.

Amegbɔlãwo le Mawu ƒe Xexe Yeyea Me

Le Yehowa ƒe xexe yeyea me la, amewo ate ŋu aka asi dzata ƒe kɔdza ŋu, woalili asi ɖe kpɔ̃ ƒe ŋutigbalẽ ŋɔtaŋɔta la ŋu, ẽ, woatsi avewo me adɔ eye womavɔ̃ be lã aɖe awɔ nuvevi yewo o. Se Mawu ƒe ŋugbedodo sia ɖa: “Matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne [amegbetɔwo nanɔ] gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ.”—Xezekiel 34:25; Hosea 2:20.

Le nyateƒe me la, lã wɔadãwo abɔbɔ wo ɖokui ɖe ɖeviwo gɔ̃ hã te ɣemaɣi! Biblia gblɔ be: “Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo.”

Gake metɔ ɖe afima o! Ŋɔŋlɔa yi edzi be: “Nyinɔ kple sisiblisinɔ woaɖu gbe, eye wo viwo atsyɔ akɔ ɖe afi ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene. Ðevi nono afe le ƒli ƒe do nu, eye ɖevi, si ɖi no la, aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me. Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”—Yesaya 11:6-9.

Le Yehowa ƒe xexe yeyea me la, amewo ƒe dugãwo me yɔyɔ tititi si medea woa ŋutɔwo kple wo gbɔ lãwo dzi o la ƒe kuxia maganɔ anyi o. Nyateƒee, egbea gɔ̃ hã la, ame geɖe kpɔa dzidzɔ ɖe woƒe lãwo ŋu, eye ame geɖe da sɔ le woƒe nuwɔna ɖe lãwo ŋu kple beléle na wo me. Gake bu mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si wònye be míava nɔ anyi kple lãwo dzidzɔtɔe le dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me tegbee la ŋu kpɔ! Le nyateƒe me la, beléle si míatsɔ na wo lɔlɔ̃tɔe la anye bubu na nu gbagbewo katã Wɔla la.

Ne mèkpɔ srɔ̃ nu tso Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnukuwo—abe alesi nyitsɔ laa koe Maria, si lɔ̃ lãwo hã va srɔ̃e ene—ŋu haɖe o la, míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàdo afɔ na magazine sia talawo alo Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖe, eye anye dzidzɔ nɛ be yeakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu tso wo ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, míase vivi le anyinɔnɔ kple lãwo me tegbee