Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Wò Ƒometɔwo Mele Subɔsubɔha Ðeka Me Kpli Wò O

Ne Wò Ƒometɔwo Mele Subɔsubɔha Ðeka Me Kpli Wò O

 Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ne Wò Ƒometɔwo Mele Subɔsubɔha Ðeka Me Kpli Wò O

AKƆNTABUBU aɖe ɖee fia be subɔsubɔha kple kɔmamã siwo wu 10,000 ye le xexeame. Le dukɔ aɖe me la, ame tsitsi siwo ade 16 le alafa me dzo le woƒe subɔsubɔha me heyi bubu me ɣeaɖeɣi kpɔ le woƒe agbe me. Eyata mewɔ nuku o be masɔmasɔwo ɖoa ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dome le mawusubɔsubɔ dzixɔsewo ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, esia gblẽa ƒomedodowo me. Esia ta nya si fɔ ɖe tee nye, Aleke wòle be Kristotɔwo nawɔ nu ɖe ƒometɔ siwo mele subɔsubɔha ɖeka me kpli wo o la ŋui?

Ƒomedodo Tɔxɛ Aɖe

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nusi Biblia gblɔ le ƒomedodo tɔxɛ si le dzilawo kple wo viwo dome ŋu kpɔ. Womeɖo ɣeyiɣi aɖeke ɖi si dzi woadzudzɔ sedede si le Mose II, 20:12 be “bu fofowò kple dawò” dzi wɔwɔ o. Le nyateƒe me, esime Yesu nɔ se sia me ɖem abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 15:4-6 ene la, edze ƒã be bubu si wòle be vi tsitsiwo nade wo dzilawo ŋu ŋutie wònɔ nu ƒom tsoe.

Biblia-gbalẽ si nye Lododowo xlɔ̃ nu tso bubumademade ame dzilawo ŋu ŋuti. Lododowo  23:22 ɖo aɖaŋu be mele be ‘nàdo vlo dàwo ne eku nyagã o!’ Lododowo 19:26 xlɔ̃ nu gbeteteɖedzitɔe be “amesi sẽ ŋuta le fofoa ŋu, eye wònyã dada la, vi vloe ŋukpenanuwɔla wònye.”

Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ be mele be míagbe ɖetsɔtsɔ le eme na mía dzilawo o. Mía dzilawo ƒe asimadamada ɖe míaƒe subɔsubɔha dzi mete fli ɖe ƒomedodo si le mía kpli wo dome la me o. Biblia ƒe gɔmeɖose siawo ku ɖe ƒometɔ bubuwo kple ame srɔ̃ hã ŋu. Eme kɔ be enye Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi le agbenyuinɔnɔ kple Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi nu be woalɔ̃ woƒe ƒometɔwo.

Nugɔmesese Le Vevie

Ke hã Biblia xlɔ̃ nu le hadede vɔ̃wo ŋu, eye ŋusẽkpɔɖeamedzi sia ate ŋu atso ame ƒe ƒometɔ kplikplikpliwo hã gbɔ. (Korintotɔwo I, 15:33) Mawu subɔla wɔnuteƒe geɖe siwo nɔ anyi va yi wɔ nusi nyo togbɔ be wo dzilawo melɔ̃ ɖe edzi na wo o hã. Edze ƒã be aleae wòdzɔ le Korax-viwo gomee. (Mose IV, 16:32, 33; 26:10, 11) Mele be Kristotɔ vavãwo nagbe nu le woƒe xɔse gbɔ be woadze ame bubuwo ŋu o, eɖanye woƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 5:29.

Le nɔnɔme aɖewo me la, dzilawo alo ƒometɔ bubuwo tsia tre ɖe Kristotɔ aɖe ƒe dzixɔsewo ŋu vevie. Ame aɖewo ate ŋu ava zu Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe futɔwo gɔ̃ hã. Le go siawo me la, Kristotɔwo ɖea afɔ siwo sɔ tsɔ kpɔa woƒe gbɔgbɔmemenyenye ta. Yesu gblɔe wòsɔ nyuie be: “Ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo. Amesi ke lɔ̃a fofoa alo dadaa wum la, eya medzem o; eye amesi ke lɔ̃a viaŋutsu alo vianyɔnu wum la, eya medzem o.”—Mateo 10:36, 37, NW.

Ke hã zi geɖe la, Kristotɔwo ƒe ƒometɔwo metsia tre ɖe wo ŋu vevie o. Ðeko woƒe ƒometɔwo melɔ̃ ɖe alesi wose Biblia ƒe nufiafiawo gɔmee dzi o. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo de dzi ƒo na Kristo yomedzelawo be woawɔ nu kple dzimaxɔsetɔwo “le dzigbɔɖeanyi” kple “bubu deto” me. (Timoteo II, 2:25; Petro I, 3:15, NW) Biblia xlɔ̃ nu eme kɔ be: “Ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã.” (Timoteo II, 2:24) Apostolo Paulo hã xlɔ̃ nu Kristotɔwo be “woagagblɔ busunya ɖe amea ɖeke ŋuti o, woaganye dzrehelawo o; woanye ame fatuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.”—Tito 3:2.

Nɔ Kadodo me Kpli Wo eye Nàɖe Lɔlɔ̃ Afia

Petro I, 2:12 na nuxlɔ̃amenya sia Kristotɔwo be: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo [dzimaxɔsetɔwo] dome nanɔ nyuie bene . . . le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu.” Zi geɖe la, ƒometɔ siwo mele míaƒe subɔsubɔha me o dea dzesi tɔtrɔ siwo Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ na míewɔ le míaƒe agbe me. Ðo ŋku edzi be amesiwo metsɔ ɖeke le Biblia ƒe nyateƒea me o alo tsi tre ɖe eŋu gɔ hã la dometɔ geɖe va trɔ woƒe susu. Le ame aɖewo gome la, woate ŋu anɔ ŋku lém ɖe wo srɔ̃ alo wo vi ƒe agbenyuinɔnɔ ŋu ƒe geɖe hafi ava se nusitae wonɔa agbe alea la gɔme. Negadzɔ gbeɖe be Kristotɔ aɖe ƒe ɖekematsɔleme na eƒe ƒometɔwo tae wogbe Biblia ƒe nyateƒeawo xɔxɔ ɖo o.

Nyateƒee, nɔnɔmewo to vovo tso wo nɔewo gbɔ, eye Kristotɔ Ðasefo aɖewo le afisi didi tso wo dzilawo gbɔ. Manya wɔ be woasrã wo kpɔ edziedzi abe alesi woadii ene o. Gake lɛta ŋɔŋlɔ, wo yɔyɔ le telefon dzi, alo kadodo me nɔnɔ kpli wo edziedzi to mɔ bubuwo nu ana míaƒe ƒometɔwo naka ɖe edzi be míelɔ̃ yewo. Amesiwo menye Kristotɔ vavãwo o dometɔ geɖe lɔ̃a wo dzilawo kple ƒometɔ bubuwo heɖoa dze kpli wo edziedzi eɖanye mawusubɔsubɔ me dzixɔse kawoe le wo si o. Ðe mele be Kristotɔ Ðasefowo nawɔ esi wu ema oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Kadodo me nɔnɔ kple wò ƒometɔwo ana woaka ɖe edzi be èlɔ̃ yewo