Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔlékui Maseatikewo Aleke Gbegbee Ŋɔdzia Keke Tae?

Dɔlékui Maseatikewo Aleke Gbegbee Ŋɔdzia Keke Tae?

 Dɔlékui Maseatikewo Aleke Gbegbee Ŋɔdzia Keke Tae?

Dɔlékui siwo dzi atikewo megakpɔa ŋusẽ ɖo o va zu ŋɔdzi na xexeame katã. Nukae he nusia vɛ? Nukae nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ mia kple wò ƒomea tae?

LE October 1997 me la, todɔ aɖe dze Hollie Mullin, amesi nye kwasiɖa etɔ̃ vidzĩ aɖe dzi. Esi dɔa gbe vɔvɔ le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖɔkta si nɔ egbɔ kpɔm ŋlɔ egbegbe dɔlékuiwutike ƒomevi aɖe nɛ. Ele be atikea nada dɔa bɔbɔe hafi, gake dɔa mevɔ o. Dɔlélea gahona le atike vovovo siwo wonae vɔ megbe.

Kaka Hollie naxɔ ƒe ɖeka la, wonae dɔlékuiwutike ƒomevi vovovo 17. Emegbe esi wòxɔ ɣleti 21 la, dɔ ma ƒomevi ƒe sesẽtɔ gadze edzi. Mlɔeba, dɔlélea vɔ le atike mamlɛtɔ dodo nɛ to ʋukawo me le ŋkeke 14 megbe.

Nudzɔdzɔ siawo tɔgbe yi edzi le ta kekem le afisiafi eye menye le ɖeviwo kple ame tsitsiwo ɖeɖeko dome o. Dɔléle siwo wotsɔa dɔlékuiwutikewo dana bɔbɔe tsã va na amesiwo xɔ ƒe vovovo va le dɔ dzem fifia eye wole kukum gɔ̃ hã. Ne míagblɔe tututu la, dɔlékui siwo nɔa te ɖe dɔlékuiwutikewo nu zu kuxi

 sesẽ le kɔdzi aɖewo tso ƒe 1950-awo me ke. Emegbe le ƒe 1960-awo kple 1970-awo me la, dɔlékui siawo kaka hege ɖe nutowo me.

Ʋɛʋɛʋɛ la, atike ŋuti numekulawo va tɔ asi dɔlékuiwutikewo zazã fũ akpa na amegbetɔwo kple lãwo siaa dzi be eya gbɔ koŋue dɔlékui siwo nɔa te ɖe dɔlékuiwutikewo nu ƒe dzidziɖedzia tso. Atikeŋutinunyala siawo dometɔ ɖeka ɖɔ dɔlékuiwutike mazamazã nyuie le ƒe 1978 me be enye “nusi ŋu womagate ŋu awɔ naneke le o.” Eyata kaka ƒe 1990-awo naɖo la, nyati siwo gbɔna dze le nyadzɔdzɔgbalẽwo me le xexeame godoo: “Dɔlékuimaseatikewo Va Ðo,” “Dɔlékuimaseatikewo Va Xɔ Anyinɔ,” “Dɔdatikevɔ̃ɖiwo—Dɔlékuiwutike Mazamazã Nyuie le Dɔlékuimaseatikewo Dzim.”

Ðe esia nye amiɖeɖe ɖe nyaa? Habɔbɔ nyanyɛ siwo kpɔa lãmesẽnyawo gbɔ ɖo kpe edzi be menye amiɖeɖeɖenyae kura o. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe dɔdzikpɔlagã gblɔ le nyatakaka aɖe si ku ɖe dɔléle siwo dɔlékuiwo hena vɛ ŋu le ƒe 2000 me be: “Ameƒomea dze ŋgɔ kuxi bubu aɖe le ƒe akpe yeyea ƒe gɔmedzedze. Ŋusẽ va le dɔléle siwo wodana bɔbɔe . . . tsã la ŋu ɖom ale gbegbe be dɔlékuiwutikewo megate ŋu le ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi o.”

Aleke gbegbee afɔkua dzi ŋɔe? Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta be: “[Dɔlékui siwo nɔa te ɖe atikewo nu] ƒe dzidziɖedzi wɔnuku sia va le mɔxenu zum na dɔléle siwo dɔlékuiwo hena vɛ la dada.” Egbea atikeŋunyala geɖe le gbɔgblɔm gɔ̃ hã be ameƒomea gagbugbɔ trɔ yi ɣeyiɣi si me dɔlékuiwutikewo menɔ anyi na dɔlélewo o la me.

Gake aleke wɔ dɔlékui siwo dzi atikewo megakpɔa ŋusẽ ɖo o va le kplamatse dom ŋgɔyiyi deŋgɔ siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ? Ðe nane li ame ɖekaɖekawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ wo ɖokui alo ame bubuwo taa? Eye nukawoe nye egbɔkpɔnu siwo wole mɔ kpɔm na be woatsɔ awɔ avu kple dɔlékui siwo nɔa te ɖe atikewo nui? Nyati siwo gbɔna ana biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo aɖewo.