Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Suklidɔ—“Adzamemewula La”

Suklidɔ—“Adzamemewula La”

 Suklidɔ​—“Adzamemewula La”

ESI Ken xɔ ƒe 21 la, tsikɔwuame manyatalenu aɖe va te fuɖeɖe nɛ vevie. Enɔ aɖuɖɔ hã ɖɔm edziedzi—mlɔeba, le aɖabaƒoƒo 20 ɖesiaɖe lɔƒo megbe la, ehiã be wòaɖɔe. Eteƒe medidi o Ken ƒe afɔ kple abɔwo te ekpekpe vevie. Ðeɖi tea eŋu edziedzi, eye eƒe ŋkuwo megakpɔa nu nyuie o.

Nusi gbɔ wòtso la me va kɔ esime wɔɖi va ƒo Ken. Esi Ken yi ɖɔkta gbɔ wòdoe kpɔ la, edze be menye wɔɖi koe ƒoe o—ke suklidɔ Ha 1—alo kpuie ko la, suklidɔe nɔ fu ɖem nɛ. Lãmetsi aɖe ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie sia gblẽa nu le ŋutilãa ƒe ŋutete be wòawɔ nunyiame aɖewo, vevietɔ sukli si nɔa ame ƒe ʋu me, la ŋudɔ. Ken nɔ kɔdzi kwasiɖa ade hafi sukli agbɔsɔsɔme si nɔ eƒe ʋu me la ɖo nɔnɔme nyui me.

Ƒe 50 kple edzivɔwo ƒe nudzɔdzɔe nye ma, eye atike siwo wòwɔ le ƒe mawo me la trɔ asi le nɔnɔmea ŋu geɖe. Ke hã, suklidɔa kpɔtɔ le Ken ŋu, eye menye eya ko ŋue wòle o. Wobu akɔnta be le xexeame godoo la, ame miliɔn 140 ŋue dɔlélea le, eye Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gblɔ be kaka ƒe 2025 naɖo la, xexlẽme ma ate ŋu adzi ɖe edzi teƒe eve. Eyata mewɔ nuku o be eŋunyalawo tsi dzi ɖe dɔlélea ƒe bɔbɔ ŋu. Ðk. Robin S. Goland, si nye suklidɔ ŋuti tikewɔƒe aɖe si le United States dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ, gblɔ be: “Le ame xexlẽme si gbegbe le dɔa xɔm ta la, esia ate ŋu anye dɔvɔ̃ aɖe ƒe gɔmedzedze.”

 Bu nyatakaka ʋɛ siwo tso xexeame godoo la ŋu kpɔ.

AUSTRALIA: Australia-dukɔa ƒe Dukɔwo Dome Suklidɔ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe gblɔ be, “suklidɔ le lãmesẽkuxi sesẽtɔwo kekeake dometɔ ɖeka hem vɛ le ƒe alafa 21 lia me.”

INDIA: Dɔa le ame miliɔn 30 ya teti ŋu. Ðɔkta aɖe gblɔ be, “anye ƒe 15 enye si va yi la, ƒã hafi nàkpɔ ame aɖe si mexɔ ƒe 40 haɖe o nanɔ dɔ sia lém. Egbea la, dɔ sia le fu ɖem na amesiwo mekpɔ xɔ ƒe sia haɖe o la dometɔ ɖeka le eve ɖesiaɖe me.”

SINGAPORE: Suklidɔ le dukɔa me tɔ siwo le ƒe 30 kple 69 dome la ƒe akpa ɖeka kloe le etɔ̃ me ŋu. Wokpɔe le ɖevi geɖe—siwo dometɔ aɖewo xɔ ƒe ewo pɛ ko—ŋu.

UNITED STATES: Dɔa dze amesiwo ade miliɔn 16 kloe dzi, eye ƒe sia ƒe la, wokpɔnɛ le ame bubu 800,000 lɔƒo ŋu. Dɔa le ame miliɔn geɖe ŋu gake ɖeko womenya haɖe o.

Alesi suklidɔ te ŋu nɔa ame ŋu ɣeyiɣi didi hafi wova kpɔnɛ na be eŋuti tikewɔwɔ sesẽna ŋutɔ. Magazine si nye Asiaweek gblɔ be, “esi suklidɔ ŋuti dzesi gbãtɔwo nu mesẽna boo o ta la, zi geɖe la womekpɔnɛ dzea sii kaba o.” Esia tae woyɔ suklidɔ be adzamemewula ɖo.

Le dɔ sia ƒe bɔbɔ kple alesi enu sẽnae ta la, nyati siwo kplɔe ɖo aƒo nu tso biabia siawo ŋu:

● Nukae hea suklidɔ vɛ?

● Aleke amesiwo ŋu dɔlélea le ate ŋu anɔ te ɖe enui?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 4]

Nusita Woyɔnɛ Nenema

Woɖe Eŋlisigbe me nya “diabetes mellitus” si wozãna na suklidɔ tso Helagbe me nya aɖe si fia be “woayɔ tsi ado goe” kple Latingbe me nya si fia be nane le “vivim abe anyitsi ene” la me. Nya siawo ɖɔ dɔlélea wòsɔ nyuie, elabena tsi dona le suklidɔléla ŋu abe ɖe woyɔ tsia tso eƒe nu me to eƒe aɖuɖɔtoe me do goe le ametia me ene. Gakpe ɖe eŋu la, aɖuɖɔa vivina abe sukli ene. Le nyateƒe me la, hafi woava ke ɖe suklidɔ ŋuti dodokpɔwɔmɔnu si nyo wu ŋu la, ɖe wòkɔa dɔnɔa ƒe aɖuɖɔ ɖe afisi anyidiwo le. Ne anyidiawo va ƒo zi ɖe aɖuɖɔa ŋu la, efia be sukli le eme.