Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Wode Asixɔxɔ Ðevimenɔɣi Ŋu

Ne Wode Asixɔxɔ Ðevimenɔɣi Ŋu

 Ne Wode Asixɔxɔ Ðevimenɔɣi Ŋu

ÐEVIMENƆƔI si me dzidzɔkpɔkpɔ le la nɔ te ɖe dzila nyuitɔwo nyenye dzi koŋ. Gake nukae dzila nyui nyenye bia? Ðewohĩ ànya se nuxlɔ̃ame geɖe ku ɖe nyati sia ŋu. Di ɣeyiɣi ɖe viwòwo ŋu. Se woƒe nyawo. Na mɔfiame nyui wo. Se veve ɖe wo nu, eye nàkpɔ dzidzɔ ahase veve kpli wo. Nye xɔlɔ̃ vavã na wo eye megaɖe asi le ŋusẽ si le asiwò abe dzila ene la ŋu o. Nyateƒee wònye be gɔmeɖose mawo siwo wogblɔna zi geɖe la akpe ɖe dzilawo ŋu be woawɔ woƒe dɔwo nyuie ya. Gake nane li si hiã eye wòle vevie wu si wòle be woaɖo nɔƒe gbãtɔ.

Dzila miliɔn geɖe siwo le xexeame godoo kpɔe be Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔe nye nu vevitɔ le dzila nyui nyenye me. Nukatae? Elabena nunyala si nye Biblia Ŋlɔla, Yehowa Mawu, enye amesi ɖo ƒomeɖoɖoa gɔme anyi. (Mose I, 1:27, 28; 2:18-24; Efesotɔwo 3:15) Ekema esɔ be eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me lae nye teƒe nyuitɔ si woadi ɖeviwo nyinyi ŋuti mɔfiafia le. Gake aleke Biblia si nye agbalẽ si xɔ ƒe geɖe alea ate ŋu ana mɔfiame ku ɖe alesi amewo dina be yewoaƒo du ɖe ɖeviwo nu egbea le ɖevime ŋui? Mina míade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose aɖewo siwo woate ŋu azã ŋu.

Abe Alesi Ðevi Dzawo Ate Ŋui Ene’

Ðevi siwo wu 12 ye nɔ Isak viŋutsu, Yakob, si. Biblia me nuŋlɔɖi gblɔ eƒe nya siwo me nunya le ku ɖe ƒomea ƒe mɔzɔzɔ ŋu be: ‘Ðevi dzawo le ŋunye. Meɖe kuku, nye aƒetɔ [Yakob fo, Esau], nedze eƒe dɔla ŋgɔ, eye nye la madze yowòme blewublewu, abe alesi ɖevi dzawo ate ŋui ene.’—Mose I, 33:13, 14.

Yakob nyae be ye viwo metsi awɔ nu abe ame tsitsiwo ene o. Wonye “ɖevi dzawo”—wometsi o, ŋusẽ mele wo ŋu o, hiahiã geɖe le wo ŋu wu ame tsitsiwo. Le esi wòazi viawo dzi be woazɔ azɔli abe eya ŋutɔ ene teƒe la, egbɔ dzi ɖi ɖe alesi wòanya zɔ na woe nu. Le go sia me la, eɖe nunya si Mawu ɖena fiana via siwo nye amegbetɔwo la fia. Mía Fofo la nya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Media nu geɖe tso mía si wu alesi dze o.—Psalmo 103:13, 14.

Lã aɖewo kura gɔ̃ hã ɖea nunya ma tɔgbe fiana, elabena Mawu na “wodze nunya eteƒe mekɔ o.” (Lododowo 30:24) Nugbagbeŋutinunyalawo de dzesii be atiglinyi ƒe ha blibo te ŋu gbɔa dzi ɖe woƒe azɔli ŋu, ahanɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ be woasɔ kple atiglinyivi sue si le wo dome la tɔ.

 Mawumenunya bu ɖe amegbetɔƒomea me tɔ aɖewo siwo li egbea. Gake mele be ema nadzɔ ɖe dziwò o. Ðo ŋku edzi be ɖevi “dza”—si mate ŋu atsɔ ame tsitsiwo ƒe agbawo kple agbanɔamedziwo o—ye viwò nye. Le kpɔɖeŋu me, ne dzilaɖekɛ si dzi kuxi sesẽwo lee nènye eye nèse le ɖokuiwò me be yeagblɔ yeƒe dzimenyawo na viwò la, ekema tsi didi ma nu. Ke boŋ di xɔlɔ̃ aɖe si nye ame tsitsi, si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nakpɔ kuxia gbɔ—anyo be wòanye amesi akpe ɖe ŋuwò nàwɔ Biblia ƒe gɔmeɖose nyuiwo ŋudɔ.—Lododowo 17:17.

Nenema ke megaƒo du ɖe viwò ƒe agbe nu fũ akpa, kple nuwo wɔwɔ kpaɖii ale gbegbe be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke maganɔ eƒe sɔhɛmenɔnɔ me o. Wɔ nu wòasɔ kple viwò tɔ, ke menye esi ɖi egbexexea tɔ o. Biblia ɖo aɖaŋu nunyatɔe be: “Migana xexe si me miele natrɔ mi ɖe eƒe nɔnɔme nu o.”—Romatɔwo 12:2, Phillips.

“Ɣeyiɣi Li na Nusianu”

Biblia ƒe gɔmeɖose bubu si me nunya le gblɔ be: “Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.” Nyateƒee, dɔwɔɣi li. Dɔ geɖe le ɖeviwo ŋu woawɔ—siwo nye sukudɔwo, aƒemedɔwo, kple gbɔgbɔmedɔwo. Gake Biblia ƒe akpa ma ke gblɔ be “nukoɣi li” eye “ɣeɖuɣi li.”—Nyagblɔla 3:1, 4.

Ðeviwo hiã na ɣeyiɣi geɖe be woatsɔ afee, ako nu, awɔ woƒe sɔhɛmenɔɣi ƒe ŋusẽ ŋudɔ le dziɖeɖi me vaseɖe afi aɖe. Nenye be sukudɔwo, suku megbe dɔwɔnawo, alo dɔwɔna vevi bubuwo xɔ woƒe ɣeyiɣiwo katã la, ekema womate ŋu akpɔ vovo ɖe woƒe fefewo ŋu o. Ema ana woado dziku, alo dzi naɖe le wo ƒo kura gɔ̃ hã.—Kolosetɔwo 3:21.

De ŋugble le alesi nàwɔ Biblia ƒe gɔmeɖose ma ke ŋudɔ le mɔ bubu nu ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi ɣeyiɣi li na nusianu ta la, ɖe ema mefia be ɖevimenɔɣie nye ɣeyiɣi si woawɔ ɖevinu oa? Ðewohĩ àɖo eŋu be ẽ, gake menye ɣesiaɣie viwòwo alɔ̃ ɖe nya ma dzi o. Zi geɖe la, ŋutsuvi kple nyɔnuvi suewo dina be yewoawɔ nusiwo wokpɔ ame tsitsiwo le wɔwɔm. Le kpɔɖeŋu me, adzro nyɔnuvi suewo be yewoadzra  ɖo ahawɔ leke na yewo ɖokui abe nyɔnu tsitsiwo ene. Sɔhɛmeɖoɖo ate ŋu ana seselelãme si wosena be yewoadze ame tsitsiwoe la nu nagasẽ ɖe edzi.

Dzila dzeaɖaŋuwo kpɔa afɔku si le nɔnɔme ma me. Boblododo kple modzakaɖeɖe siwo le xexe ɖigbɔ sia me la dometɔ aɖewo naa ɖeviwo dzena abe gbɔdɔdɔŋunyalawo kple ame tsitsi nuwɔlawo ene. Ðeviwo va le dzadzraɖo, lekewɔwɔ, kple awu siwo nyɔa seselelãme gbegblẽwo ɖe ame me dodo lɔ̃m. Gake ɖe wòanyo be míana ɖeviwo ƒe dzadzraɖo nana amesiwo dina be yewoagblẽ wo la ƒe susu natrɔ ɖe wo ŋua? Ne dzilawo kpe ɖe wo viwo ŋu be woado awu ɖe mɔ si sɔ ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu la, ekema wole Biblia ƒe gɔmeɖose bubu aɖe ŋudɔ wɔm be: “Ne nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e la, eɣlaa eɖokui; ke ame bebewuwo dea ta eme, eye wòle na wo be, woakpɔ wo tɔnua.”—Lododowo 27:12.

Kpɔɖeŋu bubu enye esi: Nana be kamedefefe nazu nu vevitɔ le ɖevi ƒe agbe me ate ŋu ahe agbe si meda sɔ o, si me ɣeyiɣi ɖoɖi aɖeke maganɔ naneke ŋu o vɛ. Biblia xlɔ̃ nu nunyatɔe be: “Ŋutilã me veviedodo nyo na nu vi aɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.”—Timoteo I, 4:8.

Mègana viwòwo naxɔ “dziɖuɖu le vevie ŋutɔ” ƒe nukpɔsusua de eme o. Dzila geɖe ɖea dzidzɔ si le kamededewo kple kamedefefewo kple fefe me ɖa to duƒoƒo ɖe wo viwo nu be woaʋli hoa vevie, aɖu dzi godoo. Esia wɔe be ɖevi aɖewo senɛ le wo ɖokui me be yewoaba ame alo awɔ nu vevi fefewɔla bubuwo gɔ̃ hã ne yewoaɖu dzi. Dziɖuɖu ma tɔgbe kpɔkpɔ medze kura o!

Ðokuidziɖuɖu Sɔsrɔ̃

Zi geɖe la, esesẽna na ɖeviwo be woanya be ɣeyiɣi li na nusianu. Womete ŋu lalana dzigbɔɖitɔe ne nane le wo hiãm o. Nusi gagblẽa nya la ɖe edzi enye be, edze abe amegbetɔwo tsia dzi vevie ɖe kɔɖiɖi na woƒe dzodzro enumake ŋu ene. Zi geɖe la, nusi modzakaɖeɖe mɔnuwo doa bobloe enye, “Na wò asi nasu nusi dim nèle dzi fifi laa!”

Megaɖe mɔ ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi mawo ŋu to viwɔwɔ na viwòwo kple nana be woagblẽ me o. Agbalẽ si nye The Child and the Machine gblɔ be: “Enyanya be exɔa ɣeyiɣi hafi ame ƒe asi sua nusi dim wòle dzi enye nusi me nunya le wu. Ameɖokuimamla kple nuwɔwɔ wòasɔ ɖe hadomeɖoɖo nue nye ŋutasesẽ si le dzidzim ɖe edzi le ɖevi siwo le suku kple esiwo wu suku nu sia dome la gbɔ kpɔnu.” Gɔmeɖose nyui sia le Biblia me be: ‘Ne ame aɖe wɔ vinugbee na eƒe kluvi tso ɖevime la, ava zu akpemadala emegbe.’ (Lododowo 29:21) Togbɔ be kpukpui sia ku ɖe nuwɔwɔ kple subɔvi suewo ŋu tẽ hã la, dzila geɖewo kpɔe be gɔmeɖose sia ke ɖea vi na wo viwo ŋutɔ.

Le ɖeviwo ƒe nuhiahiãwo dome la, nusi Biblia yɔ be ‘wo nyinyi le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ enye vevitɔ wu. (Efesotɔwo 6:4) Hehenana si me lɔlɔ̃ le kpena ɖe ɖeviwo ŋu be woatu nɔnɔme siwo nye ɖokuidziɖuɖu kple dzigbɔɖi ɖo. Nɔnɔme siawo akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le woƒe agbemeŋkekewo katã me.

Esime Nusiwo Doa Kplamatse Ðeviwo Nu Ayi

Gake àbia be, ‘Ðe Mawu, nunyala lɔ̃ame, amesi na woŋlɔ gɔmeɖose nyui mawo ɖoe koŋ be míaƒe xexea nava nɔ alea? Ðe wòɖoe be ɖeviwo natsi le xexe si naa nu gblẽna le wo ŋu tsɔ wu be wòado ŋusẽ wo la mea?’ Afa akɔ na wò be nànya be Yehowa Mawu kple Via, Kristo Yesu, lɔ̃ ameƒomea vevie, tsɔ kpe ɖe ɖevi siwo xɔ ƒe ɖesiaɖe ŋu. Woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa le anyigba dzi kpuie.—Psalmo 37:10, 11.

Àdi be yeanya alesi ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ɣeyiɣi ma anɔa? Wò ya kpɔ nusia, si woɖɔ nyuie le Biblia me, le susu me ɖa: “Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo.” (Yesaya 11:6) Le xexe si gblẽa ɖevimenɔɣi alo ƒoa du ɖe ɖeviwo nu nublanuimakpɔmakpɔtɔe me la, aleke wòfa akɔ na amee nye si be woanya be Mawu do etsɔme nyui aɖe ƒe ŋugbe na ameƒome si le anyigba dzi! Eme kɔ ƒã be, Wɔla la medi be ɖevimenɔɣi si me dzidzɔ le la nato ɖeviwo ŋu alo woaƒo du ɖe wo nu o—ke boŋ be wòanye esi me dzidzɔ kple dzidzeme le.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Le esi nàtsɔ wò ŋutɔ wò kuxiwo anɔ agba dom na viwò teƒe la, gblɔe na ame tsitsi bubu aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 18, 19]

Ehiã be ɖeviwo nafe fefe