Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔ Bia Be Woasɔ Le Nusianu Mea?

Ðe Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔ Bia Be Woasɔ Le Nusianu Mea?

 Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔ Bia Be Woasɔ Le Nusianu Mea?

EDZE abe ɖekawɔwɔ aɖeke kura megale subɔsubɔhawo me egbea o ene. Le sɔlemeha ɖeka me nɔlawo gɔ̃ hã dome la, nufiafia kple agbenɔnɔ ŋuti nukpɔsusu vovovo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu nɔa amewo si. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔe ale: “Esesẽ gɔ̃ hã be woakpɔ ame eve siwo xɔ Mawu ɖeka dzi se. Egbea la, edze abe Mawu ŋuti nukpɔsusu tɔxɛwo le amegbetɔ ɖesiaɖe si ene.”

To vovo kura na esia la, apostolo Paulo xlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Korinto la be ‘woagblɔ nya ɖeka’ eye be ‘woazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.’ (Korintotɔwo I, 1:10) Ame aɖewo ƒo nu tsi tre ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃amea ŋu egbea. Wobe ‘amewo le vovovo eye mesɔ be woaɖoe be Kristotɔwo katã ƒe tamesusu alo nuwɔna nanɔ ɖeka o.’ Ðe Paulo nɔ ekafum be Kristotɔawo nanɔ abe mɔ̃ enea? Ðe Biblia na ablɔɖe amesiamea?

Ðekawɔwɔ, Ke Menye Sɔsɔ le Nusianu me O

Le Paulo ƒe lɛta bubuwo me la, exlɔ̃ nu Kristotɔwo be woatsɔ woƒe ‘tamebubuŋutete’ asubɔ Mawui. (Romatɔwo 12:1) Ekema edze ƒã be manɔ agbagba dzem be yeana Korinto-hamea me tɔwo nawɔ nu abe mɔ̃ mabutamewo ene o. Gake nukatae wògblɔ na wo be ‘woazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me’? Paulo na nuxlɔ̃ame sia elabena Korinto-hamea nɔ kuxi gã aɖe me tom. Mama ɖo wo dome ale gbegbe be ame aɖewo be Apoloe nye yewoƒe ŋgɔnɔla, bubuwo be Paulo alo Petro alo be Kristo ko tɔe yewonye. Ðekamawɔmawɔ ma menye nya feŋui o, elabena hamea ƒe ŋutifafae nye ma ɖo afɔku me.

Paulo ƒe didie nye be Korintotɔawo ‘nadzra gbɔgbɔ ƒe ɖekanyenye ɖo le ŋutifafa ƒe nublanu me,’ abe alesi wòxlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Efeso emegbee ene. (Efesotɔwo 4:3) Enɔ dzi dem ƒo na nɔviawo be woanye Yesu Kristo  yomedzela siwo dome ɖekawɔwɔ le, ke menye be woama ɖe ƒuƒoƒo alo kɔmama siwo me ɖekawɔwɔ mele o me o. To mɔ sia dzi la, woawɔ ɖeka le woƒe tamesusuwo me eye ŋutifafa anɔ wo dome. (Yohanes 17:22) Eyata ɖeko Paulo nɔ nu xlɔ̃m Korintotɔawo be woawɔ tɔtrɔ le woƒe nukpɔsusu me ahado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ ke menye ɖekamawɔmawɔ o.—Korintotɔwo II, 13:9, 11.

Ðekawɔwɔ le vevie le nya siwo ku ɖe nufiafia ŋu hã me. Yesu ƒe afɔɖoƒe yomedzelawo nyae be le nyateƒe me la, ‘xɔse ɖekae’ li abe alesi ‘Mawu ɖeka, si nye amewo katã Fofoe’ li ene. (Efesotɔwo 4:1-6) Eyata Kristotɔwo kpɔa egbɔ be yewoƒe dzixɔsewo wɔ ɖeka kple nyateƒe si Mawu ɖe fia le eƒe Nya la me tso eɖokui kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Amesi Mawu nye kple nusi wòdi ŋuti dzixɔse ɖekae le wo si. Azɔ hã wonɔa agbe ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo Mawu ƒe Nya ɖo wo me kɔ nyuie la nu. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Le mɔ sia nu la, Kristotɔwo wɔ ɖeka le nufiafia kple agbenɔnɔ siaa me.

Nukpɔsusuwo ƒe Vovototo Gbɔ Kpɔkpɔ

Gake esia mefia be ɖe wogblɔa alesi tututu wòle be Kristotɔ ɖesiaɖe nabu tamee kple nusi wòle be wòawɔ le agbemenya ɖesiaɖe me la nɛ o. Tiatia si ame ŋutɔ wɔna ŋue nya akpa gãtɔ kuna ɖo. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Lã si wotsɔ tso trɔ̃xɔ me ɖuɖu me mekɔna na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Korinto la dometɔ geɖe o. Ame aɖewo xɔe se vevie be lã ma ɖuɖu afia alakpasubɔsubɔ nuwɔna, eye ame bubuwo hã se le wo ɖokui me be afisi lãa tso mele vevie o. Le nya vevi sia gbɔ kpɔkpɔ me la, Paulo mewɔ se aɖeke si afia nusi wòle be Kristotɔawo nawɔ o. Ke boŋ ekpɔe dze sii be nyametsotso siwo amewo awɔ le nyaa ŋu ate ŋu anɔ vovovo. *Korintotɔwo I, 8:4-13.

Egbea la, Kristotɔwo awɔ nyametsotso siwo ate ŋu ato vovo na Kristotɔ bubuwo tɔ, le dɔwɔɖui, lãmesẽ, modzakaɖeɖe, alo nu bubu aɖe si lɔ ame ŋutɔ ƒe nyametsotso wɔwɔ ɖe eme la gome. Nuwɔwɔ le mɔ vovovo nu alea ate ŋu aɖe fu na ame aɖewo. Woasusu be nukpɔsusuwo ƒe vovototo ate ŋu ahe nyaʋiʋliwo kple mamawo ade hamea me. Ke hã, womate ŋu aƒo asa na nusia ƒe dzɔdzɔ o. Le kpɔɖeŋu me: Gbeɖiɖi ŋuti dzesi xexlẽme ʋɛ aɖewo koe li siwo dzi wòle be hakpalawo nazɔ ɖo, ke hã, seɖoƒe meli na ha vivi siwo woate ŋu akpa o. Nenema kee Kristotɔwo wɔa tiatia wònɔa ɖekawɔwɔ me kple mawumegɔmeɖosewo. Ke hã, tiatiawɔblɔɖe le wo si le woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso aɖewo wɔwɔ me.

Aleke míawɔ alé Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ me ɖe asi ahade bubu mía nɔewo ƒe tiatiawo ŋu le ɣeyiɣi ma ke me? Lɔlɔ̃e nye nu vevitɔa. Lɔlɔ̃ na Mawue ʋãa mí be míalɔ̃ faa awɔ eƒe sededewo dzi. (Yohanes I, 5:3) Lɔlɔ̃ na mía havi ʋãa mí be míade bubu ame bubuwo ƒe gome be woanɔ te ɖe woƒe dzitsinya dzi awɔ nusiwo nye ame ŋutɔ ƒe nya ŋuti nyametsotso la ŋu. (Romatɔwo 14:3, 4; Galatiatɔwo 5:13) Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le go sia me esime wòbɔbɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la ƒe ŋusẽ te le nya aɖe si ku ɖe nufiafia ŋu la gome. (Mateo 24:45-47; Dɔwɔwɔwo 15:1, 2) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ede dzi ƒo na Kristotɔ ɖesiaɖe be woade bubu wo nɔewo ƒe dzitsinya ŋu le nya siwo bia ame ŋutɔ ƒe nyametsotso gome la me.—Korintotɔwo I, 10:25-33.

Eme kɔ be mele be woabu fɔ ame aɖeke ɖe nyametsotso si wònɔ te ɖe eƒe dzitsinya dzi wɔ si metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o ta o. (Yakobo 4:12) Gake mele be Kristotɔ wɔnuteƒewo nalé woƒe gomenɔamesiwo me ɖe asi goŋgoŋ wòagblẽ nu le ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu alo agblẽ hamea ƒe ŋutifafa dome o. Eye mele be woawɔ nane si ŋu Mawu ƒe Nya tsi tre ɖo be tiatiawɔblɔɖe le yewo si ta o. (Romatɔwo 15:1; Petro II, 2:1, 19) Ele be lɔlɔ̃ na Mawu naʋã mí míana hehe míaƒe dzitsinya wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe nukpɔsusu. Esia ana ɖekawɔwɔ nanɔ mía kple haxɔsetɔwo dome.—Hebritɔwo 5:14.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anye be amesiwo nye trɔ̃subɔlawo hafi va zu Kristotɔwo dometɔ aɖewo manya vovototo si le lãa ɖuɖu kple gomekpɔkpɔ le subɔsubɔnuwɔna aɖe me dome o. Nukpɔsusu vevi bubu enye be Kristotɔ siwo mesẽ ŋu tututu o ase nyaa gɔme bubui eye wòanye nukikli na wo.