Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋuʋu le Ha Gã aɖe Me

Ʋuʋu le Ha Gã aɖe Me

 Ʋuʋu le Ha Gã aɖe Me

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

AFƆKLI miliɔn siwo le anyi tum ƒe ɖiɖi nɔ ʋoʋlom. Lãha gã la nyẽ zi hoo yina, eye woƒe afɔwo le ʋuʋudedi dom ɖe ya me wòbiã hɛ. Lãha la nɔa du dzi kple afɔ lɛawo ne woto bali kple to ɖiabuawo ŋu va yina, wotoa gbeawo dzi, tsoa tɔsisi gãwo kple sueawo. Wozɔna le ha gã aɖe me toa gbeawo dzi heɖea mɔ gãwo toa wo dzi wòzuna memie. Lãha gã sia si le zi nyẽm hele afɔ tum anyi la nye gbemelãha siwo nya kpɔna la dometɔ ɖeka—siwo nye klatsa ha gã siwo ʋuna nɔa yiyim.

Afrika Eden-bɔ

Serengeti nye dzogbenyigba gã aɖe si wogblẽ ɖi. Elɔ Tanzania dukɔa ƒe akpa aɖe kple Kenya dukɔa ƒe akpa aɖe ɖe eme, eye wònye anyigba gã ɖiabu aɖe si keke kilometa 30,000 le dzogoe eneawo dzi. Ke si le afisia nye volkano tɔ nyui la, si wɔe be gbe si tsyɔ anyigbaa dzi la da ama nyuie. Zangaratiwo kple ŋùtiwo le eƒe akpa aɖewo siwo na atiglinyi hawo kpɔa aŋgbawo ɖuna. Sɔveda hawo zɔna fiatɔe toa gbea dzi nɔa woƒe afɔ didiawo ɖem blewu.

 Teƒe aɖewo siwo yaƒoƒo kple tsi na kpe sesẽ siwo ho ɖe dzi nyi vɔ le la dzena le towo dzi ɖaa le gbadzaƒea eye wònye teƒe nyui si dzatawo kple lãklewo te ŋu tsoa ŋku nu le. Tɔmenyi kple lo gbogbo aɖewo le tɔsisi siwo sina sesĩe siwo gɔdɔ̃ to anyigba la dzi la me. Àte ŋu akpɔ klatsawo, sẽwo, kple ziwo, kpakple avugbɔe ƒomevi bubuwo le gbe ɖum le gbadzaƒea. Gbetedzi siwo tsikɔ le wuwum la ƒoa ƒu ɖe tsitawo ŋu eye wodzena abe dzonu ɣi kple yibɔeawo ene. Sãde kple ahlɔ̃e siwo tia kpo va dzea afi bubu bɔbɔe la le afima. Tò gbogbo aɖewo siwo si dzo gã totrowo kple ŋutigbalẽ titriwo le la hoa gbe kɔewo kple woƒe nu keke la nɔa ɖuɖum blewu.

Dzata hawo sɔ gbɔ ɖe Serengeti. Ne ŋdɔ le ʋuʋum la, womlɔa atiwo kple avekɔewo ƒe vɔvɔli te nɔa ɖiɖim ɖe eme henɔa fiẽ ƒe anyinufaɣi lalam na ade dada. Lãklewo mlɔa atilɔwo dzi wònya kpɔna eye keklẽ si toa aŋgbawo me nana be womete ŋu kpɔa wo bɔbɔe o. Teƒe gbadza la sɔ na asilɛ be wòate ŋu aƒu eƒe du sesĩe la le. Eƒe nɔnɔme lɛa menya kpɔna dzea sii bɔbɔe ne ekplɔ nu ɖo be yealé o.

Le nyateƒe me la, nu gbagbewo nɔƒe si le Serengeti nye lãwo ƒe abɔ aɖe si kpɔkpɔ wɔa nuku ale gbegbe. Gake klatsa ƒe ha gãwoe nye nukunu siwo wokpɔna le lãwo ŋu ƒe gãtɔwo dometɔ ɖeka.

Nuɖikokoewɔla si Le Gbadzaƒe La

Wobu akɔnta be klatsa siwo ade miliɔn 1.5 ye tsana le Serengeti. Enye lã si to vovo kuraa si ƒe ta le lɔbɔɔ eye eƒe ŋkuvi siwo le hɔ̃ la le eƒe tagoa ƒe dzi gome. Eƒe dzo siwo ɖi nyi tɔ la xa va anyi vie do ɖe axadzi hafi fɔ ɖe dzi. Eƒe dzime ɖi abu yi megbefɔwo gbɔ abe ŋusẽe mele eŋu o ene eye wòle sue ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple eƒe akɔta kple eƒe kɔ titriawo. Afɔ lɛlɛwoe lé klatsa kpekpe la ɖe te. Ne èlé ŋku ɖe klatsa ƒe ge ɣi si le eƒe glã te, eƒe kɔdza kple eƒe asike si ɖi sɔ tɔ ŋu la, àkpɔ be eɖi lã vovovowo.

Klatsa ƒe nuwɔna ɖia kokoe eye wòdoa dzidzɔ na ame zi geɖe. Ne woƒo ƒu le ha gã aɖe me la, woxlɔ̃na abe akpɔkplɔ akpe nanewo ene. Ne wole tsitre ɖe gbadzaƒea le nu kpɔm dũ la, woƒe mo dzena abe nu wɔmoya aɖee wokpɔ wòle nuku wɔm na wo ale gbegbe ene.

Ɣeaɖewoɣi la klatsa sia du, tia kpo ƒoa xlã teƒewo. Edana kɔ do ɖe ya me xana eɖokui gobaa hedzona le  afɔ siwo me wòlia sesĩe dzi ƒoa ke dona ɖe ya me le mɔ ɖikokoe aɖe nu. Ame aɖewo gblɔna be woɖea atsyã sia fiana be wòawɔ dɔ ɖe nɔeawo dzi alo be wòanye kalẽɖeɖefia si ado vɔvɔ̃ na atsui bubuawo. Ke hã ɣeaɖewoɣi la, edzena abe fefem ko wòle ene.

Wodzi Wo Ðe Xexe Makpɔnublanui Me

Ne klatsawo kpɔ ɣeyiɣi si sɔ na wo la, wodzia vi. Nɔnɔme tɔxɛ aɖe le wo si si nana wote ŋu dzia wo viwo le ɣeyiɣi ɖeka aɖe me, eye wote ŋu dzia ɖeviawo dometɔ 80 va ɖo 90 le alafa me le kwasiɖa etɔ̃ ko me. Le ɣeyiɣi siawo me la klatsavi akpe nanewo xlɔ̃na sesĩe. Ele be vidadawo dometɔ ɖesiaɖe nanɔ via ŋu kplikplikpli, elabena ne lãha la te sisi la, vidadaa kple via dome ate ŋu aklã bɔbɔe, eye asesẽ be ɖevia natsi agbe le eɖokui si.

Wodzia ɖeviawo ɖe xexe makpɔnublanui si me wo lélawo nɔa ŋku tsom wo ɣesiaɣi. Klatsa nɔewo lalana vaseɖe esime wokpɔe be afɔku ƒe dzesi aɖeke megali o hafi wodzia vi. Ke hã ne wo lélawo do ɖe wo dzi le vome la, ŋutete wɔnuku aɖe le wo si be wote ŋu tsoa vidzidzia dzi sina dzona. Emegbe, wote ŋu yia vidzidzia dzi le ɣebubuɣi si afɔku aɖeke magado mo ɖa o.

Edze abe wodzia wo viwo kple ŋutete aɖe si nana wote ŋu dea dzesi afɔku ene eye le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖe ko me la wotsona ɖe woƒe afɔwo dzi. Le kwasiɖa ɖeka megbe la, klatsavi ate ŋu aƒu du to gbadzaƒea kilometa 50 le gaƒoƒo ɖeka me.

Ʋuʋuɣi

Klatsawo nɔa ha gã aɖe me ne woʋu tso Serengeti ƒe afi ɖeka yina bubu. Tsidzadza koŋ enye nu vevi si tae woʋuna ɖo. Tsidzadza nɔa te ɖe alesi ya me ƒe nɔnɔme trɔna ƒe sia ƒe la dzi. Tsi dzana le gbe gã la ƒe akpa aɖe kokoko le ƒe bliboa me.

Klatsawo hiãa tsi gbesiagbe eye ele be gbewo nanɔ anyi ɣesiaɣi woakpɔ aɖu. Zi alesi wokpɔ nuɖuɖu kple tsi le teƒe aɖe ko la wonɔa afima. Gake ne ku le ɖiɖim la, gbe siwo le gbadzaƒea va nɔa ƒuƒum, eye tsiwo miena le tsidzɔƒewo. Klatsa ƒe ha la mate ŋu anɔ teƒe ɖeka anɔ tsidzadza lalam o. Ele be woaʋu ayi afisi tsi le dzadzam le.

 Gbadzaƒea trɔna le afisiafi si tsi dza le. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo me la, gbe wuwluiwo miena le ke wɔnua dzi eye wòxɔa teƒea enumake. Nunyiame kple tsi nɔa gbe yeyeawo me fũ—wodzroa klatsawo ale gbegbe.

Ŋutete tɔxɛ wɔnuku aɖe le lã siawo si si nana wòte ŋu nyaa afisiwo tsi adza le ne teƒeawo didi gɔ̃ hã. Ame aɖeke menya alesi wowɔna nyana be tsi le dzadzam le Serengeti ƒe akpa aɖe o—eɖanye alilikpo siwo le hohom ɖe dzi le adzɔge ɖaa ye loo alo tsi ƒe ʋeʋẽe wose le ya mee o míenya o. Aleke kee wòɖale o ele be lãha la naʋu be woatsi agbe. Eye nenema tututue wòdzɔnae!

Afɔku Mɔzɔzɔ Aɖe

Le gɔmedzedzea me la wonɔa yiyim blewu. Klatsawo nye lã siwo lɔ̃a hamenɔnɔ; ne lã ɖeka dze mɔ ɖo ta teƒe aɖe la, bubu siwo le egbɔ hã dzudzɔa gbeɖuɖu eye wodzea eyome. Kasia lãha bliboa katã ʋuna hoo le mɔ wɔnuku aɖe nu. Tsikɔ kple dɔ si le wowum na wonɔa azɔlia dzi. Ɣeaɖewoɣi la woƒua du. Ɣebubuɣiwo la wozɔna blewu nɔa wo nɔewo yome nɔa yiyim eye woƒe afɔwo ɖea do globowo ne wole kea dzi zɔm.

Woƒe mɔzɔzɔa sesẽ eye afɔkuwo sɔ gbɔ ɖe edzi. Wo lélawo nɔa klatsa ha la yome, eye wonɔa ŋku lém ɖe esiwo le zɔzɔm blewu, esiwo ƒe ata ŋe, alo esiwo dze dɔ ŋu. Ne klatsawo le ŋgɔ yim la, wova gena ɖe dzata siwo de xa ɖi ƒe nutowo me. Dzata siwo be ɖe gbe kɔkɔawo me la dona ɖe lãha si le gbe ɖum la dome zi ɖeka eye wokakana le vɔvɔ̃ ta. Lãklewo, asilɛwo, amegaxiwo, kple ganawo dzea lã si tsi megbe alo ɖe eɖokui ɖe aga tso lãhaa ŋu la dzi.

Ne wowu wo dometɔ aɖe la, akagãwo va dona. Wonɔa dzre kple avuwɔwɔ dzi ɖe lã kukua ta vaseɖe esime woɖu nusianu wòvɔ negbe ƒu klotsoeawo koe susɔna eye wo funa tititi le Afrika ŋdɔ si ʋuna gbagbagbã la me.

Tɔsisi siwo sina sesĩe nyea mɔxenu dziŋɔ siwo wòle na lãha la be woatso. Tɔsisiwo tsotso nyea nukpɔkpɔ si me lã akpe nanewo dzona tso go dzi va dzea tsia me. Wo dometɔ geɖe toa eme dedie dona ɖe go kemɛ dzi. Tsi kplɔa bubuwo dzonɛ eye lo siwo le lalam le tsia te tututu la léa bubuwo. Wozɔa afɔku mɔ sia ƒe sia ƒe. Ne wova ɖo afisi woyina la eƒe didime te ŋu dea kilometa 3,000 ƒe mɔzɔzɔ.

Amegbetɔ​—Wo Léla Vɔ̃ɖitɔ

Ƒe akpe nanewo va yi la, amegbetɔ menye ŋɔdzi na klatsa ha siwo ʋu va yina o. Fifia la amegbetɔwo koŋue nye ŋɔdzi na lã siawo. Ƒe bla nanewoe nye esia si Tanzania kple Kenya dziɖuɖuwo le agbagba dzem be yewoakpɔ lãwo ta le Serengeti. Eye togbɔ be liƒo si ta wokpɔna me koe klatsa hawo ƒe ʋuʋu yia dzi le hã la, wo lélawo daa se dzi zãa mɔ̃wo tsɔ ɖea lã akpe geɖewo hewua wo. Wowɔa gamɔ̃wo, aŋutrɔ si nu aɖi le, kple tuwo ŋudɔ tsɔ wua adelãwo kple lã siwo woƒlena tsɔ wɔa nunanae hedzrana na amesiwo le edim vevie. Lãwo ŋu dzɔlawo tsana le teƒe si ta kpɔm wole la, gake Serengeti lolo ale gbegbe be mele bɔbɔe be woakpɔ eta bliboe o. Amewo ƒe xexlẽme si le dzidzim ɖe edzi wɔe be ame geɖe wu le didim be yewoage ɖe anyigba wɔnu sia me. Anyigba ƒe akpa aɖe gbegblẽ ɖi na gbemelãwo nye nya sesẽ aɖe si ŋu woʋlia nya le ɣesiaɣi.

Ɣeaɖeɣi va yi la, tò gbogbo aɖewo tsana le Dziehe Amerika gbea dzi. Fifia la wo katã wotsrɔ̃. Ame aɖewo le vɔvɔ̃m be nenema ke klatsa ha gã si le Ɣedzeƒe Afrika la hã ava vɔe. Anye nublanuinya gbeɖeka ne eva dzɔ be dzɔdzɔmenu wɔnuku sia nu yi. Míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me amegbetɔwo kple lãwo anɔ anyi ɖekae le Mawu ƒe dziɖuɖu te. (Yesaya 11:6-9) Le ɣeyiɣi siawo me la, míayi edzi anɔ dzidzɔ dom ɖe nu nyakpɔ sia ŋu—si nye klatsa ha ƒe ʋuʋu gã la.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ele na lãhawo be woatso tɔsisi siwo le sisim sesĩe