Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Wòle Be Nànya Tso Kristmas Ŋu

Nusi Wòle Be Nànya Tso Kristmas Ŋu

 Biblia ƒe Nukpɔsusu

Nusi Wòle Be Nànya Tso Kristmas Ŋu

AME miliɔn geɖe siwo le xexeame godoo le dzadzram ɖo be yewoaɖu ƒe 2002 ƒe Kristmas. Ðewohĩ wò hã èle wo me. Alo anye be ènye amesi mekpɔa gome le azã xɔŋkɔ sia ƒe subɔsubɔnuwɔna me o. Aleke kee nya la le o, edze abe Kristmas akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò godoo ene. Exɔ aƒe ɖe xexeame ƒe asitsatsa kple modzakaɖeɖe nyawo me vevie, kple ɖe dukɔ siwo me tɔwo menye Kristotɔwo o gɔ̃ hã me.

Nukae nènya ku ɖe Kristmas ŋu? Ðe woɖo kpe Kristo ƒe dzigbezãɖuɖu dzi le Biblia mea? Nukae na woɖua azã xɔŋkɔ sia le December 25 ɖesiaɖe dzi?

Woxe Mɔ Ðe Kristmas Ðuɖu Nu

Ne èzã ɣeyiɣi vi aɖe tsɔ wɔ numekuku le nyati sia ŋu la, àkpɔe be menye Kristotɔ vavãwo domee Kristmas dzɔ tso o. Biblia nyala geɖe siwo tso subɔsubɔha vovovowo me lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Ne ele alea la, ke mele be wòawɔ nuku na wò o be le England la, Cromwell ƒe Sewɔtakpekpea de se le ƒe 1647 be Kristmas nanye ŋkeke si woate ame ɖokui eye wova xe mɔ ɖe enu keŋkeŋ mlɔeba le ƒe 1652 me. Sewɔtakpekpea kpena koŋ ɖe esia ta le December 25 dzi ƒe sia ƒe tso ƒe 1644 va ɖo ƒe 1656 me. Ŋutinyaŋlɔla Penne L. Restad gblɔ be, “Nunɔla siwo fia nu ku ɖe Kristmas ŋu nya be woate ŋu alé yewo ade ga me. Woblaa fe na Sɔlemehaa ƒe Nyagbɔkpɔla siwo atsɔ Kristmas nuwo adzra gbedoxɔa me ɖoe. Se si wode na woʋua fiasewo ɖi le Kristmas ŋkeke dzi abe dɔwɔŋkeke bubu ɖesiaɖe ene.” Nukatae wode se sesẽ siawo ɖo? Purita ɖɔɖɔɖotaʋlilawo xɔe se be mele be sɔlemeha la nato kɔnyinyi siwo mele Ŋɔŋlɔawo me o vɛ o. Woɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe hema agbalẽ si tsi tre ɖe Kristmas ɖuɖu ŋu.

Nukpɔsusu sia tɔgbe kee nɔ amewo si le Dziehe Amerika. Tso ƒe 1659 va ɖo ƒe 1681 me la, woxe mɔ ɖe Kristmas ɖuɖu nu le Massachusetts Bay Colony. * Se si wode ɣemaɣi gblɔ be womekpɔ mɔ aɖu Kristmas le mɔ aɖeke nu o. Woblaa fe na sedzidalawo. Menye Purita subɔsubɔha me tɔ siwo le New England koe Kristmas ɖuɖu medzɔa dzi na o ke boŋ ƒuƒoƒo aɖewo siwo le titina dutanyigbawo dzi hã meɖunɛ o. Quaker subɔsubɔha me tɔ siwo le Pennsylvania hã meɖea mɔ ɖe eɖuɖu ŋu kura o abe Puritatɔwo ke ene. Agbalẽ aɖe gblɔ be, “esi Amerikatɔwo xɔ ɖokuisinɔnɔ megbe kpuie la, Elizabeth Drinker, amesi ŋutɔ hã nye Quakertɔ la, ma Philadelphiatɔwo ɖe hatsotso etɔ̃ me. Quakertɔ siwo ‘megabunɛ [Kristmas] be enye ŋkeke vevi wu bubuawo o’ la li, esiwo ɖunɛ abe subɔsubɔkɔnu ene hã li, eye ame susɔe siwo ‘ɖunɛ kple aglotutu blibaa hã li.’”

Henry Ward Beecher, si nye Amerikatɔ mawunyagblɔla xɔŋkɔ, si wonyi le orthodɔks Calvin sɔlemehaa me tɔ ƒe aƒeme la, menya nu boo aɖeke tso Kristmas ŋu o ʋuu vaseɖe esime wòxɔ ƒe 30. Beecher ŋlɔ le ƒe 1874 me be: “Nu tutɔe Kristmas nye nam.”

Baptisttɔ siwo nɔ anyi tsã kple Kɔngregasin hametɔwo hã mekpɔ Ŋɔŋlɔawo  me kpeɖodzi aɖeke si ta woaɖu Kristo ƒe dzigbezã o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be tso December 25, 1772 dzi hafie Baptist Sɔlemeha si le Newport [Rhode Island] va dze Kristmas ɖuɖu gɔme. Baptist Sɔlemeha ɖoɖo anyi le New England ƒe 130 kloe megbe hafi esia va le dzɔdzɔm.

Afisi Kristmas Dzɔ Tso

New Catholic Encyclopedia lɔ̃ ɖe edzi be: “Kristo ƒe dzigbezã mele nyanya o. Nyanyuiawo meyɔ ŋkeke alo ɣleti aɖeke o . . . Nufiafia si H. Usener to vɛ . . . si dzi agbalẽnyala geɖewo da asi ɖo egbeae nye be woatia vuvɔŋɔli ƒe ɣletiŋkeke (December 25 le Julian Ɣletigbalẽa dzi, January 6 le Egyptɔwo tɔ dzi), elabena ŋkeke sia si ɣe la gatrɔna yina ɖe anyigba ƒe mlɔenu le dziehe gome la dzie Mithra subɔlawo ɖua dies natalis Solis Invicti (ɣe si dzi womete ŋu ɖuna o ƒe dzigbezã). Le December 25, ƒe 274 dzi la, Aurelian ɖe gbeƒã ɣemawua be eyae nye fiaɖuƒea takpɔla gãtɔ eye wòkɔ gbedoxɔ aɖe ŋu nɛ le Campus Martius. Wova te Kristmas ɖuɖu esime ɣe subɔsubɔ nɔ edzi yim vevie le Roma.”

M’Clintock kple Strong ƒe Cyclopœdia gblɔ be: “Menye Mawue ɖo Kristmas ɖuɖu anyi o, eye metso N[ubabla] Y[eyea] me hã o. Womate ŋu akpɔ Kristo ƒe dzigbezã ƒe kpeɖodzi aɖeke le N[ubabla] Y[eyea] me alo tso afi bubu aɖeke o.”

“Beble Dzodzro”

Le esia ta, ɖe wòle be Kristotɔ vavãwo nakpɔ gome le Kristmaszã ɖuɖu mea? Ðe Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔ si woatsɔ anae tsɔtsɔ tsaka kple amesiwo mesubɔnɛ o ƒe subɔsubɔdzixɔsewo kple kɔnuwo ŋua? Apostolo Paulo xlɔ̃ nu le Kolosetɔwo 2:8 be: “Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.”

Apostoloa gaŋlɔ be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome? Alo aleke Kristo kple Belial [Satana] asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa?”—Korintotɔwo II, 6:14, 15.

Esi Yehowa Ðasefowo nya nya siawo siwo me kɔ ƒã alea ta la, womekpɔa gome le Kristmaszã ɖuɖu me o. Le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo la, wodzea agbagba vevie be yewoalé “mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu . . . ŋku me o” la me ɖe asi to wo ɖokuiwo ‘dzadzraɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame.’—Yakobo 1:27.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 England Puritatɔwoe tsoe le ƒe 1628 me, Massachusetts Bay Colony nye teƒe si wonɔ wu kple esi nyo na wo wu le gɔmedzedzea me le New England.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]

England Sewɔtakpekpea xe mɔ ɖe Kristmas ɖuɖu nu le ƒe 1652 me

[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]

“Azã tutɔe Kristmas nye nam”—HENRY WARD BEECHER, AMERIKATƆ HAKPLƆLA

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mithras kple ɣemawu subɔla siwo (ƒe kpememe enye esia) le December 25 ɖum

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Musée du Louvre, Paris