Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Woava Tsi AIDS Nua? Ne Nenemae la, Aleke?

Ðe Woava Tsi AIDS Nua? Ne Nenemae la, Aleke?

 Ðe Woava Tsi AIDS Nua? Ne Nenemae la, Aleke?

ƔEYIƔI aɖee nye esia si Afrika dukɔ geɖewo gbe lɔlɔ̃ ɖe edzi be AIDS nye dɔvɔ̃ ŋutɔŋutɔ si li. Enye nyati aɖe si ŋu ame aɖewo madi be yewoaƒo nu le kura o. Gake le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, wodze agbagba be yewoafia nu sɔhɛwo koŋ tso eŋu eye wode dzi ƒo na wo be woaƒo nu tso eŋu na ame bubuwo faa. Teƒe aɖe koe agbagbadzedze siawo wɔa dɔ se ɖo. Amewo ƒe agbenɔnɔ kple kɔnuwo ma wo ale gbegbe be esesẽna be woawɔ tɔtrɔ.

Ŋgɔyiyi si Wowɔ le Atikewɔnyawo Me

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo srɔ̃ nu geɖe tso HIV dɔlékui ŋu le atikewɔnyawo me eye wotrɔ asi le atike siwo adzi amewo ƒe agbenɔɣi ɖe edzi ŋu. Wokpɔ dzidzedze le atike ƒomevi etɔ̃ aɖewo siwo wɔa avu kple dɔlékui vɔ̃ɖi siwo wokpɔ be wonyo la zazã me.

Togbɔ be womenye atike siwo daa dɔlélea keŋkeŋ o hã la, wo zazã ɖea HIV xɔlawo ƒe kuku kabakaba dzi kpɔtɔna, vevietɔ le dukɔ deŋgɔwo me. Ame geɖewo ƒoa nu tso vevienyenye si le atikea tsɔtsɔ yi dukɔ madeŋgɔwo me ŋu vevie. Gake atikeawo xɔ asi, eye ga mele dukɔ siawo me nɔla akpa gãtɔ si be woaƒlee o.

 Esia fɔ biabia sia ɖe te be: Ðe viɖe si woakpɔ le asitsatsa me le vevie wu amegbetɔ ƒe agbea? Ðk. Paulo Teixeira, amesi kpɔa HIV/AIDS ɖoɖowo dzi le Brazil kpɔ esia de dzesii eye wògblɔ be: “Míate ŋu aɖo asi glã anɔ nu kpɔm ahagbe atike nana ame akpe nanewo be woatsi agbe le esi míedi be míakpɔ viɖe geɖe wu atikewɔƒe bubuwo ta o.” Egblɔ kpee be: “Enye nye didi vevie be woagadi viɖe le asitsatsa me wu nudzeamewɔwɔ kple le amegbetɔ ŋu bubu me o.”

Dukɔ ʋɛ aɖewo ɖoe be yewoaŋe aɖaba aƒu gomekpɔkpɔ si le atikewɔƒe aɖewo si be woawo koe kpɔ mɔ awɔ atikea ahadzrae dzi ale be yewoawɔ alo adɔ esiwo dzi ewɔla ƒe ŋkɔ mele o le asi bɔbɔe kura dzi. * South African Medical Journal ka nya ta be numekuku aɖe si wowɔ ɖee fia be, “asi bɔbɔe tɔ si dzi wokpɔ [atike siwo dzi ewɔlawo ƒe ŋkɔ mele o] le la bɔbɔ ɖe  anyi alafa memama 82 wu United States ƒe asi nyuitɔwo.”

Kuxi Siwo le Edada Mɔnuwo Ŋu

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, atikewɔƒe gãawo va te AIDS tikea tsɔtsɔ na dukɔ madeŋgɔwo ɖe asi bɔbɔe tɔwo dzi. Woƒe mɔkpɔkpɔ enye be esia ana ame geɖewo nate ŋu azã atikea. Gake mɔxenu nyadriwo li siwo dzi wòle be woaɖu hafi dukɔ madeŋgɔwo ƒe asi nate ŋu asu atike siawo dzi bɔbɔe. Esiawo dometɔ ɖeka enye eƒe asixɔxɔ. Togbɔ be woɖe asiawo dzi kpɔtɔ ŋutɔ hã la, exɔ asi akpa na ame akpa gãtɔ siwo hiãe.

Kuxi bubu enye be atikea ŋudɔwɔwɔ mele bɔbɔe o. Ele be woami atikekui gbogbo aɖewo le ɣeyiɣi ɖoɖi aɖewo dzi gbesiagbe. Ne womezãe ɖe ɖoɖo nu o alo tso ezazã me la, ate ŋu ana atikea magate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe HIV dɔlékuia dzi o. Esesẽ be woakpɔ egbɔ be dɔnɔawo le atikeawo zãm ɖe ɖoɖo nu tututu le nɔnɔme si me wole le Afrika, afisi nuɖuɖu, tsinono nyui, kple dɔnɔkɔdzi sɔgbɔwo mele o.

Azɔ hã ele be ŋku nanɔ amesiwo le atikeawo zãm la ŋu. Ne atikea megava le xɔxɔm na wo o la, ele be woatrɔ atikea zazã ƒe mɔnuwo. Dɔnɔdzikpɔla siwo bi ɖe esia wɔwɔ me hiã, eye edodo kpɔ hã xɔ asi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, atikeawo gblẽa nu bubu le ame ŋu, eye atike ƒe ŋusẽ makpɔmakpɔ ɖe dɔlékuia dzi hã le dzidzim ɖe edzi.

Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Sewɔtakpekpe ƒe kpekpe tɔxɛ aɖe si wowɔ ku ɖe AIDS ŋu le June 2001 me la, wodoe ɖa be woawɔ ɖoɖo ɖe Xexeame Katã ƒe Lãmesẽ Ŋuti Gadzɔdzɔ ŋu be woatsɔ akpe ɖe dukɔ madeŋgɔwo ŋui. Wobu akɔnta be woahiã tso dɔlar biliɔn 7 va ɖo biliɔn 10. Vaseɖe fifia la, ga siwo katã ƒe ŋugbe wodo be yewoadzɔ mede esi woka nu o.

Kakaɖedzi sẽŋu le dzɔdzɔmeŋutinunyalawo si be yewoava kpɔ abɔtasitike aɖe nɛ, eye wole eƒomevi vovovowo dom kpɔ le dukɔ geɖewo me. Ne esiawo te ŋu kpɔ dzidzedze gɔ̃ hã la, axɔ ƒe geɖe hafi woake ɖe abɔtasitike si wodo kpɔ be anyo na ame geɖewo ƒe zazã la ŋu.

Dukɔ aɖewo abe Brazil, Thailand, kple Uganda ene kpɔ dzidzedze ɖedzesi le dɔdamɔnuwo siwo wowɔ la me. Brazil to atike aɖewo siwo woawo ŋutɔwo wɔ dzi ɖe amesiwo AIDS wuna ƒe xexlẽme dzi kpɔtɔ va ɖo afã. Botswana, dukɔ sue si dzi ganyawo de la, le agbagba dzem be yeana atike sia si wɔa avu kple dɔlékui vɔ̃ɖiwo nasu amesiwo katã hiãe le dukɔa me si eye wole agbagba dzem hã be dɔnɔdzikpɔƒe tɔxɛwo hã nanɔ anyi.

AIDS Dzi Ðuɖu

AIDS to vovo tso dɔvɔ̃ bubuwo gbɔ le mɔ vevi aɖe nu: Woate ŋu aƒo asa nɛ. Ne amewo alɔ̃ be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose veviwo dzi ko la, woate ŋu aƒo asa na exɔxɔ le mɔ geɖe nu ne menye le wo katã me o.

Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo me kɔ. Ele be amesiwo meɖe srɔ̃ o natsri gbɔdɔdɔ. (Korintotɔwo I, 6:18) Ele be srɔ̃tɔwo nawɔ nuteƒe na wo nɔewo eye woagawɔ ahasi o. (Hebritɔwo 13:4) Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be woatsri ʋu dzi wɔwɔ hã kpɔa ame ta.—Dɔwɔwɔwo 15:29, 30.

Amesiwo ŋu wòle xoxo hã ate ŋu akpɔ dzidzɔ kple akɔfaname geɖe to nusɔsrɔ̃ le xexe si me dɔléle manɔ o si ƒe ŋugbe Mawu do be ava le etsɔme kpuie la ŋu kple wɔwɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi me.

Biblia ka ɖe edzi na mí be eteƒe madidi o, ameƒomea ƒe fukpekpewo katã, si me dɔléle hã le, nu ayi. Wodo ŋugbe sia le Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me be: “Mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Dzideƒonamenya sia meyi na amesiwo si ga le be woaƒle atike xɔasiawo ɖeɖe ko o. Woɖo kpe nyagblɔɖi me ŋugbedodo si dze le Nyaɖeɖefia ta 21 dzi le Yesaya 33:24 be: “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” Emegbe amesiwo le agbe le anyigba dzi anɔ agbe ɖe Mawu ƒe sewo nu eye woanɔ lãmesẽ blibo me. Alea woaɖe AIDS ƒe nugbegblẽ—kple dɔléle bubuwo katã—ɖae tegbee.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Atike siwo dzi ewɔlawo ƒe ŋkɔ mele o nye atike siwo atikewɔƒe bubuwo kpɔ esiwo dzi ewɔlawo ƒe ŋkɔ le hewɔ. Mɔɖeɖe li be dukɔ siwo le Xexeame ƒe Asitsanyawo Gbɔkpɔha me naŋe aɖaba aƒu atike siwo wokpɔ edzi wɔ la dzi ne nɔnɔme sesẽ aɖe do mo ɖa.

 [Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 9, 10]

ESIAE NYE GBEDADA SI TUTUTU DIM MENƆ

Anyiehe Afrika ye mele, eye mexɔ ƒe 23. Meɖo ŋku ŋkeke si dzi meva nya be mexɔ HIV dɔlékuia dzi.

Mía kple danye míenɔ xɔ si me wokpɔa ɖɔkta le esi ɖɔktaa gblɔ nyaa na mí. Nublanuinya gãtɔ kekeake si mese kpɔ le agbe mee wònye nam. Metɔtɔ le ɖokuinye me. Nyemete ŋu maka ɖe edzi o. Ewɔ nam be ɖewohĩ nudokpɔlawoe wɔ vodada ene. Nyemenya nusi magblɔ alo awɔ o. Medi avi mafa do kpoe. Ðɔktaa va nɔ atike siwo woazã wòabɔbɔ dɔlélea ƒe ŋusẽ ɖe anyi ŋu nya kple nya bubuwo me dzrom kple danye, gake nu te ɖe dzinye ale gbegbe be nyemete ŋu se naneke gɔme o.

Meva kpɔe dze sii be anye ame aɖe ŋue mexɔe le le yunivɛsiti afisi menɔ nu srɔ̃m le. Medina vevie be magblɔ nye nyawo na ame aɖe si ase nu gɔme nam, gake nyemekpɔ ɖeke o. Meva kpɔ be nyemele ɖeke me o eye naneke manya wɔ nam o. Togbɔ be ƒonyemetɔwo kpe ɖe ŋunye hã la, mɔkpɔkpɔ bu ɖem eye meva nɔ vɔvɔ̃m. Abe sɔhɛ bubuwo ene la, taɖodzinu geɖewo nɔ asinye. Ƒe eve pɛ koe susɔ be matsɔ awu nye yunivɛsiti dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe dzeside gbãtɔ ƒe nusɔsrɔ̃a nu, gake mɔkpɔkpɔ ma me gblẽ nam.

Meva nɔ atike si wɔa avu kple dɔlékui vɔ̃ɖiwo si wokafu nam la zãm eye mede AIDS ŋuti ɖaŋuɖolawo hã gbɔ, gake megaléa blanui kokoko. Medo gbe ɖa na Mawu be wòafia Kristotɔnyenye vavã lam hafi maku. Menɔ Pentecostal sɔlemeha me gake hamea me tɔ aɖeke meva srãm kpɔ o. Medi be manya nyateƒea ku ɖe afisi mayi ne meku ŋu.

Gbeɖeka ŋdi kanya le August 1999 me la, Yehowa Ðasefo eve va ƒo ʋɔ nam. Nye lãme menɔ kɔkɔm gbemagbe kura o, gake mete ŋu nɔ anyi ɖe akpata me. Ðetugbi eveawo ɖe wo ɖokui nu gblɔ be yewole kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia. Akɔfafa ka gbegbee nye esi wònye nam be woɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam mlɔeba. Gake le ɣemaɣiwo me la, megbɔdzɔ ale gbegbe be nyemete ŋu maxlẽ nu alo atsɔ susu aɖo nu ŋu ɣeyiɣi didi o.

Ke hã megblɔ na wo be medi be masrɔ̃ Biblia, eye wowɔ ɖoɖo kplim. Nublanuitɔe hafi ŋkeke ma naɖo la, wotsɔm yi tagbɔdɔlélawo ƒe dɔdaƒe le alesi melé blanui ta. Wova ɖe asi le ŋunye le kwasiɖa etɔ̃ megbe eye nye dzi dze eme be meva do go Ðasefoawo hekpɔ be womeŋlɔm be o. Meɖo ŋku edzi be wo dometɔ ɖeka yi edzi nɔ nye srãm kpɔ henɔ nye agbe ta biam. Nye lãme va sẽ vie ɖewoɖewoe, eye meva nɔ Biblia srɔ̃m le ƒea ƒe nuwuwu lɔƒo. Gake menɔ bɔbɔe nam o, elabena nye lãme mekɔna ɣesiaɣi o. Gake amesi nɔ nua srɔ̃m kplim sea nu gɔme eye wògbɔa dzi ɖi nam.

Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ esi meva srɔ̃ nu tso Yehowa kple eƒe nɔnɔmewo ŋu le Biblia me, kpakple nusi tututu wòfia be woadze si eyama ahakpɔ mɔ na agbe mavɔ. Emae nye zi gbãtɔ si meva nya nusita amegbetɔ le fu kpem ɖo. Dzi va nɔ dzɔyem esi meva nya nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea, si eteƒe madidi o wòava xɔ ɖe amegbetɔdziɖuɖuwo teƒe ŋu. Eʋãm be metrɔ nye agbenɔnɔ keŋkeŋ zi ɖeka.

Esiae nye gbedada si tututu dim menɔ. Aleke gbegbe wòfaa akɔ nam be Yehowa lɔ̃am kokoko eye wòtsɔa ɖe le eme nam enye esi! Do ŋgɔ la, mebui be Mawu lé fum eyata mexɔ dɔ sia ɖo. Gake meva srɔ̃e be Yehowa wɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe to Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzi be míakpɔ nuvɔ̃tsɔtsɔke. Meva nya azɔ be Mawu tsɔa ɖe le eme na ame abe alesi Petro I, 5:7 gblɔe ene, be: “Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.”

Mele agbagba dzem vevie le Biblia srɔ̃m gbesiagbe hele kpekpewo hã dem le Fiaɖuƒe Akpata me be mate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Esi menɔa bɔbɔe nam ɣesiaɣi o ta la, metsɔa nye dzimaɖiwo katã ɖoa Yehowa ŋkume le gbedodoɖa me hebiaa eƒe ŋusẽ kple akɔfafa. Hamea me tɔwo hã dina be yewoakpe ɖe ŋunye, eye enana dzi dzɔam.

Mekpɔa gome le nyanyuia gbɔgblɔ me kple hamea me tɔwo ɣesiaɣi. Medi be makpe ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me vevietɔ amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi tɔnye. Mexɔ nyɔnyrɔ le December 2001 me.

[Nɔnɔmetata]

Dzi dzɔm ŋutɔ esi meva nya nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

AIDS ŋuti nuxlɔ̃ameha le Botswana

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Amesiame anɔ lãmesẽ blibo me le Paradisonyigba dzi