Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ”

“Vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ”

 “Vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ”

BU KPƆÐEŊU nudzɔdzɔ si gbɔna ŋu kpɔ. Ŋɔdzinuwɔlawo wɔ dzaa va kaka sakpate ƒe dɔlékuiwo ɖe asitsaƒe gã etɔ̃ me le United States. Dɔlékuiawo de dɔ lãme na nuƒlela siwo menya nusi nɔ edzi yim o. Eteƒe medidi o—anɔ kwasiɖa ɖeka kple nu vi aɖe megbe la—ɖɔktawo va kpɔ dɔlélea le ame 20 ŋu. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, ame bubuwo xɔ dɔa. Amewo tsi dzodzodzoe. Zi tɔ. Nɔnɔmea wu tsɔtsɔ na lãmesẽnya gbɔ kpɔlawo. Wotu deawo. Ganyawo va le sesẽm. Le dɔlékuia wuwu ŋkeke blaeve vɔ ɖekɛ megbe la, ekaka ɖo nuto 25 kple dukɔ 10 me. Le ɣemaɣi me la, ame 16,000 sɔŋ xɔ dɔa eye ame 1,000 ku xoxo. Ðɔktawo bu akɔnta be le kwasiɖa etɔ̃ bubu me la, amesiwo agaxɔ dɔa adzi ɖe edzi aɖo 300,000. Amesiawo ƒe akpa etɔ̃lia aku.

Menye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe ŋutinyakpakpa ƒe sinima me nugbeɖoɖo aɖee esia nye o. Enye kɔmpiuta dzi wɔwɔfia aɖe si wowɔ si wotsɔ le nusi ate ŋu adzɔ la ɖem fia ne nɔnɔme dziŋɔ ma do mo ɖa. Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekuha aɖe si me ame xɔŋkɔwo le ye wɔ wɔwɔfia ma le June 2001 me. Wona ŋkɔe be “Vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ.”

Le ame geɖe gome la, “Vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ” ƒe gɔmesese yeye va keke ta wu le ŋutasẽnuwɔna si dzɔ le September 11, 2001, megbe. Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã si le New York kple Amerika-srafowo ƒe Dɔwɔƒegã (Pentagon) si le Washington D.C. dzi dzedze ɖee fia kɔte be ŋutasẽla vɔ̃ɖi siwo me yɔ fũ kple fuléle  ɖoe kplikpaa be yewoaɖe ame gbogbo aɖewo ƒe agbe ɖa zi ɖeka. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amedzidzedzea ɖo kpe edzi be United States kple dukɔ bubu ɖesiaɖe ɖo afɔku me. Míeva le xexe si me ŋɔdzinuwɔlawo ate ŋu aɖe ame akpe nanewo ƒe agbe ɖa zi ɖeka la me.

Le September 11 ƒe amedzidzedzea megbe teti la, United States ƒe dunyahelawo kple nyadzɔdzɔgblɔlawoe va zu amesiwo koŋ woɖe ŋku tɔ be woatsɔ lɛta siwo me wotsɔ anthrax, si nye dɔlékui wuame, de la awu. Amewo nɔ vɔvɔ̃m. Nya si nyadzɔdzɔgblɔlawo kple ŋɔdzidoname ŋuti nunyala bibiwo do ɖa be ŋɔdzinuwɔlawo ate ŋu azã dɔlékui siwo vɔ̃ɖi wu anthrax—le kpɔɖeŋu me, dɔvɔ̃ aɖewo alo sakpate—la dzi amewo ƒe vɔvɔ̃ ɖe edzi. Ðewohĩ “dukɔ dzeaglãwo” le asi trɔm le dɔlékui siawo ŋu le agbɔsɔsɔ gã aɖe me xoxo le adzame. Bu nya siwo woŋlɔ ku ɖe nusia ŋu nyitsɔ laa ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ:

“Xexeame Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ de dzesii be dɔlékuiʋawɔnuwo ƒe ŋɔdzidoname le dzidzim ɖe edzi eye be woate ŋu atsɔe ahe dɔvɔ̃ siwo ate ŋu akaka ɖe dukɔwo dome la vɛ. Dukɔ ɖesiaɖe ɖo afɔku me. Dɔlékui siwo nye sakpate, dɔvɔ̃, kple anthrax wuwu ɖe yame ate ŋu anye afɔku gã aɖe elabena ne edo mo ɖa la, ahe dɔléle kple ku vɛ eye ŋɔdzi gã aɖe alé amewo.”—Amerika Atikewɔlawo ƒe Habɔbɔ.

“To vovo na bɔmbwo kple aɖiyawo la, dɔlékuiʋawɔnuwo ya ƒe nugbegblẽ le ame ŋu menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o: ɣeyiɣi si dɔlékuia xɔna hafi dzena le ame ŋu nana wòtsina ɖe ame ŋu vivivi eye menya kpɔna dzea sii kaba hã o. Gbã la, ame ʋɛ aɖewo ado ɖe kɔdzi. Woƒe dɔlélea ŋu dzesiwo ate ŋu aflu ɖɔktawo alo aɖi dɔléle siwo wonya gɔ̃ hã tɔ. Kaka dɔnɔdzikpɔlawo nava de dzesi kuxia la, dɔlélea kpe dugãwo ɖo xoxo.”—Scientific American magazine.

“Ne wowu sakpate ƒe dɔlékuiwo ɖe yame egbea la, wɔna aɖeke manɔ xexeame nɔlawo ƒe akpa gãtɔ ŋu o, eye ne ete ŋu wua ame 30 le alafa me la, ke amesiwo ade biliɔn eve aku.”—Foreign Affairs magazine.

‘Dukɔwo katã ɖo afɔku me. Dugã me nɔlawo katã ate ŋu axɔe. Ame biliɔn eve ate ŋu aku.’ Ŋɔdzi le nya siawo ŋu ŋutɔ. Ke hã nukawoe fia be woate ŋu ava kaka dɔlékuiʋawɔnu siwo ahe afɔku vɛ? Eŋununyalawo bua biabia sia ŋu vevie. Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe ŋuwò nàse nusiwo wòlɔ ɖe eme dometɔ aɖewo gɔme.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Asrafowo tso ɖe kpɔɖeŋu dɔlékuiʋawɔnu si wokaka ŋu ƒe wɔwɔfia

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 24]

DoD photo by Cpl. Branden P. O’Brien, U.S. Marine Corps