Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsitretsitsi ɖe Kluvimenɔnɔ Ŋu Tso Gbaɖegbe Ke

Tsitretsitsi ɖe Kluvimenɔnɔ Ŋu Tso Gbaɖegbe Ke

 Tsitretsitsi ɖe Kluvimenɔnɔ Ŋu Tso Gbaɖegbe Ke

“Nusi kluvinyenye fia enye be: woasẽ ŋuta le ame ŋu eye wòado dzi atsɔe, woazi ame dzi ŋutasesẽtɔe wòase veve.”​—Euripides, Helatɔ fefeŋlɔla si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ.

KLUVIMENƆNƆ ŋutinya li tso gbaɖegbe ke eye zi geɖe la menya sena kura o. Tso keke Egipte kple Mesopotamia tɔ siwo ʋu ŋku gbã ŋɔli ke la, dukɔ sesẽwo wɔa esiwo te ɖe wo ŋu siwo mesesẽ o la kluviwoe. Aleae amegbetɔ ƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋutinya wɔnublanuiwo dometɔ ɖeka dze egɔmee enye si.

Tso ƒe 2000 va ɖo ƒe 1000 D.M.Ŋ. lɔƒo la, Egipte wɔ dukɔ blibo si me tɔwo ade miliɔn geɖe kluviwoe. (Mose II, 1:13, 14; 12:37) Esime Hela nɔ Mediterranea nutoa dzi ɖum la, kluvi ɖeka ya teti nɔ Helatɔwo ƒe ƒome geɖe si—abe alesi ʋu te ŋu nɔa ƒome geɖe si le dukɔ aɖewo me egbea ene. Helatɔ xexemenunyala Aristotle da asi ɖe nuwɔna sia dzi kple susu be amegbetɔ ƒomea ma ɖe ha eve me, esiwo nye aƒetɔawo kple esiwo nye kluviawo, eye ameha gbãtɔawo kpɔ mɔ aɖe gbe le dzɔdzɔme nu ke eveliawo ya wodzi wo be woanye toɖolawo ko.

Romatɔwo de kluvinyenye dzi gɔ̃ hã wu Helatɔwo. Le apostolo Paulo ŋɔli la, anɔ eme be Roma dugã me tɔ afã—siwo anɔ ame akpe alafa geɖe la—nye kluviwo. Eye edze abe ele na Roma Fiaɖuƒea be wòadi kluvi miliɔn afã ƒe sia ƒe ne woakpa ŋkuɖodzikpewo, awɔ dɔ le tomenukuƒewo, ade agblewo, eye woasubɔ kesinɔtɔwo le woƒe aƒe gãwo me ene. * Zi geɖe  la, wowɔa amesiwo wolé le aʋa me kluviwoe, eyata anye Romatɔwo ƒe kluviwo didi atraɖii ye ƒonɛ ɖe wo nu vevie wòyia edzi nɔa aʋa wɔm.

Togbɔ be kluvinyenye dzi va ɖe kpɔtɔ kura le Roma Fiaɖuƒea ƒe mumu megbe lɔƒo hã la, egakpɔtɔ nɔ edzi yim. Anyigba Kple Anyigbatɔ Siwo Nɔ England ƒe Ŋutinyagbalẽ (1086 M.Ŋ.), ɖee fia be Englandtɔwo ƒe dɔwɔla 10 le alafa me nye kluviwo le Titinaɣeyiɣiwo me. Eye aʋadziɖuɖu me ke wotona kpɔa kluviawo.

Gake tso keke Kristo ŋɔli ke la, anyigbagã aɖeke me tɔwo mekpe fu le kluvisitsatsa me kpɔ de Afrika nu o. Do ŋgɔ na Yesu ŋɔli gɔ̃ hã la, Egiptetɔwo ƒlea Ethiopia-kluviwo gagbugbɔ wo dzrana. Le ƒe siwo anɔ 1,250 la, wokplɔ Afrikatɔ siwo ade miliɔn 18 yi Europa kple Titina Ɣedzeƒe be woatsɔ akpɔ kluviwo didi ƒe nya la gbɔ le teƒe mawo. Esi wowɔ Amerika dutanyigbae tso ƒe alafa 16 lia megbe la, eva zu kluvisi yeye eye kluvisitsatsa to Atlantik-ƒua dzi va zu dɔ si me wokpɔa ga gbogbo le le xexeame. Ŋutinyaŋlɔlawo bu akɔnta be tso ƒe 1650 va ɖo 1850 la, wokplɔ kluvi siwo wu miliɔn 12 tso Afrika. * Wodzra wo dometɔ geɖe le kluvisiwo me.

Tsitretsitsi ɖe Kluvinyenye Ŋu

Le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, ame ɖekaɖekawo kple dukɔwo ʋli wo ɖokui ta vevie be yewoado le kluvinyenye te. Le ƒe alafa gbãtɔ do ŋgɔ na Kristo me la, Spartacus nɔ ŋgɔ na Roma-kluviwo ƒe aʋakɔ si me ame 70,000 nɔ be yewoaxɔ ɖokuisinɔnɔ gake medze edzi o. Haiti-kluviwo ƒe aglãdzedze, si dzɔ ƒe alafa eve aɖewo enye esi va yi ya kpɔ dzidzedze geɖe si na woɖo ɖokuisinɔnɔ dziɖuɖu anyi le ƒe 1804.

Gake kluvinyenye nɔ anyi eteƒe didi wu le United States. Kluvi siwo ʋli vevie be yewoaɖe  yewo ɖokui kple yewoƒe ame veviwo la nɔ anyi. Eye ablɔɖeme aɖewo tsɔ wo ɖokui ke tsi tre ɖe kluvinyenye ŋu vevie nɔ gbɔgblɔm be woaxe mɔ ɖe kluvisitsatsa nu eye wokpena ɖe kluvi sisilawo hã ŋu. Ke hã keke ƒe alafa 19 lia me ke hafi wote ŋu de se ɖe enu le dukɔa me katã. Ke egbea ya ɖe?

Ðe Wowɔ Aʋa ɖe Eta Dzodzroa?

Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi gblɔ be: “Womawɔ ame aɖeke kluvi alo ana wòanɔ kluvi me o; woaxe mɔ ɖe kluvimenɔnɔ kple kluvisitsatsa ƒomeviwo katã nu.” Taɖodzinu ma si woɖe gbeƒãe dzonɔamemetɔe le ƒe 1948 me la dze na kafukafu vavã. Amenuvela geɖewo zã woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo be woate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔ. Ke hã dzidzedzekpɔkpɔ menɔ bɔbɔe o.

Abe alesi nyati si do ŋgɔ ɖee fia ene la, ame miliɔn geɖewo kua kutri dzodzro le nɔnɔme manyomanyowo me, eye wo dometɔ geɖe nye amesiwo woƒle alo dzra akpasesẽe. Togbɔ be woɖo tame nyuiwo be woatsɔ aɖe kluvinyenye ɖa—eye wowɔ sewo le dukɔwo dome takpekpewo me be woatsɔ axe mɔ ɖe enu hã la—amesiame ƒe ablɔɖe vavã me nɔnɔ gakpɔtɔ nye taɖodzinu si gbɔ ɖoɖo sesẽ. Xexeame godoo ƒe asitsatsa si de nu wo nɔewo me na be wokpɔa ga geɖe le adzame kluvisitsatsa me. Le ema megbe la, eva le dzedzem abe kluvimenɔnɔ le aƒe xɔm ɖe ame aɖewo dome ene. Ðe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali oa? Na míakpɔe ɖa.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Blemagbalẽ aɖe gblɔ be kluvi siwo ƒe agbɔsɔsɔme ade 20,000 te ŋu nɔa Roma kesinɔtɔ gã aɖewo si.

^ mm. 7 Mawunyagblɔla gblẽku aɖewo gblɔna be Mawu da asi ɖe amesitsatsa vɔ̃ɖi sia dzi. Esia na be nukpɔsusu gbegblẽa kpɔtɔ le ame geɖe si be Biblia da asi ɖe ŋutasesẽ sia dzi gake mele nenema o. Taflatse kpɔ September 8, 2001, ƒe Nyɔ! ƒe nyati si nye “Biblia ƒe Nukpɔsusu: Ðe Mawu Da Asi Ðe Kluvisitsatsa Dzia?”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Tsã la wova dzraa amesiwo wokplɔ de kluvimeli tso Afrika (si le etame) la le Amerikatɔwo ƒe kluvisi me zi geɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Godo-Foto

Archivo General de las Indias