Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpovitɔwo—Nukatae Wohiã?

Kpovitɔwo—Nukatae Wohiã?

 Kpovitɔwo​—Nukatae Wohiã?

ALEKE agbea anɔ ne ɖe kpovitɔwo meli o? Nukae dzɔ le ƒe 1997 me esime kpovitɔ 18,000 gbe dɔmeyiyi le Brazil ƒe dugã si nye Recife me, si wɔe be kpovitɔwo meganɔ dua me tɔ miliɔn ɖeka kple edzivɔ si o?

Washington Post ka nya ta be: “Le ŋkeke atɔ̃ ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ le ƒutanuto sia si me amewo sɔ gbɔ ɖo me la, amewuwuwo dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃. Woda adzo gadzraɖoƒe enyi. Nuvlowɔlawo ha fiasewo le ablɔ aɖe si dzi fiasewo sɔ gbɔ ɖo henɔ tuwo dam yi ɖagblẽ nu geɖe le nuto si me amegãwo bɔ ɖo me. Eye ame aɖeke mewɔa ʋukusewo dzi o. . . nuvlowɔwɔa na amekukudaɖoƒewo yɔ gbagba eye wotsɔ amesiwo woda tui kple amesiwo wotɔ hɛe siwo wokɔ va dziɖuɖua ƒe kɔdzi la mlɔ agbalimemɔwo me.” Woka nya ta be dudɔnunɔla si kpɔa ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ gblɔ be: “Míekpɔ sedzimawɔmawɔ sia teƒe kpɔ le afisia o.”

Afika ke míeɖale o, nuvlowɔwɔ kple ŋkuʋuʋu gbɔ medidi o. Míehiã na kpovitɔwo ƒe takpɔkpɔ. Le nyateƒe me la, mía dometɔ akpa gãtɔ míese nu tso kpovitɔ aɖewo ƒe ŋutasesẽnuwɔwɔ, nufitifitiwɔwɔ, ɖekematsɔleme, kple ŋusẽ zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu ŋu. Nudzɔdzɔ siawo vɔ̃ɖi le teƒe aɖewo wu bubuwo. Gake nukae míawɔ ne ɖe kpovitɔwo meli o? Ðe menye nyateƒe be zi geɖe la, kpovitɔwo naa kpekpeɖeŋu veviwo mí oa? Nyɔ! bia kpovitɔ aɖewo nusitae wotia dɔ sia ɖo la wo le xexeame ƒe akpa vovovowo.

Dɔ si Ðea Vi na Ame Ðekaɖekawo Kple Nutoa Me

Ivan si nye Britain kpovitɔ gblɔ be: “Kpekpe ɖe amewo ŋu dzɔa dzi nam. Dɔ vovovo siwo wòlɔ ɖe emee na be  wòdzrom. Ame geɖe menya be nuvlowɔwɔ nu tsitsi nye dɔ siwo kpovitɔwo wɔna la ƒe alafa memama 20 va ɖo 30 ko o. Dɔa ƒe akpa gãtɔ nye nusi ɖea vi na ame ɖekaɖekawo kple nutoa me. Zi geɖe le ŋkeke ɖeka ƒe tsatsa me la, mete ŋu kpɔa ku kpata nya aɖe, ʋufɔku aɖe, nuvlowɔwɔ aɖe, kple ame tsitsi aɖe si tɔtɔ la ƒe hiahiãwo gbɔ. Nusi gate ŋu naa dzidzeme ame ŋutɔe nye be nàkplɔ vi bubu aɖe ayi na edzilawo alo akpe ɖe ame aɖe si dzi nuvlowɔlawo dze ŋu wòanɔ te ɖe nusi gbã dzi nɛ nu.”

Stephen nye kpovitɔ tsã le United States. Egblɔ be: “Abe kpovitɔ ene la, ne amewo te ɖe ŋuwò faa be nàkpe ɖe yewo ŋu la, ŋutete kple ɣeyiɣi le asiwò be nàna kpekpeɖeŋu nyuitɔ kekeake wo. Emae na dɔ sia dzrom. Medi be makpe ɖe amewo ŋu ahatsɔ woƒe agbawo. Mesena le ɖokuinye me be mena kpekpeɖeŋu le amewo takpɔkpɔ tso nuvlowɔlawo si me, va ɖo afi aɖe ya teti. Melé ame 1,000 kple edzivɔ le ƒe atɔ̃ me. Gake ɖevi siwo bu la kpɔkpɔ, kpekpe ɖe amesiwo bu le esi dɔléle na woƒe susu mele te o ŋu, kple ʋu siwo wofi xɔxɔ tsɔ yi na ʋutɔwo la katã naa dzidzeme geɖem. Azɔ hã amesiwo ŋu wobu nazã ɖo la didi kple wo léle doa dzidzɔ nam.”

Roberto si nye kpovitɔ le Bolivia gblɔ be: “Medi be makpe ɖe amesiwo dzi nya kpatawo dzɔ ɖo la ŋu. Esi menye ɖekakpui la, kpovitɔwo ƒe nu dzɔa dzi nam ŋutɔ elabena wokpɔa ame ta tso afɔku me. Esi medze dɔ gɔme teti la, menɔ kpovitɔ siwo nɔ tsatsam le dugã la ƒe titina, afisi dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒewo le, la nu. Míetsia dunyahehe ƒe gbɔlɔlɔwo nu gbesiagbe kloe. Nye dɔe nye be makpɔ egbɔ be nuwo nagagblẽ ɖe edzi o. Mekpɔ be ne mewɔ nu le xɔlɔ̃wɔwɔ kple ameŋububumɔ nu ɖe woƒe ŋgɔnɔlawo ŋu la, mete ŋu xea mɔ na zitɔtɔ siwo anye ne ame geɖe axɔ abi le wo me hafi. Ema ɖe vi geɖe.”

Nusiwo me kpovitɔwo naa kpekpeɖeŋu le la sɔ gbɔ ŋutɔ. Wokpɔ nu vovovo abe dadi ɖeɖe le ati me ene va ɖo amesiwo ŋɔdzinuwɔlawo lé la xɔxɔ kple akɔkpekpe kple amesiwo daa adzo gadzraɖoƒewo gbɔ. Ke hã tso kpovitɔ siwo li egbea ƒe dɔa ƒe gɔmedzeɣi ke la, mɔkpɔkpɔ nɔ amewo me na wo eye vɔvɔ̃ nɔ ame bubuwo hã me ɖe wo ŋu. Nyati si kplɔe ɖo aɖe nusitae la me.

 [Nɔnɔmetata siwo le axa 2, 3]

Axa 2 kple 3: Mɔfiafia ʋuwo le Chengdu, China; Greece ƒe kpovitɔ siwo tsia zitɔtɔ nu; kpovitɔwo le South Africa

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Linda Enger/Index Stock Photography

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Fiase si me nuwo woha esime kpovitɔwo gbe dɔmeyiyi le Salvador, Brazil, le July 2001 me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Manu Dias/Agência A Tarde

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Stephen, si le U.S.A.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Roberto, si le Bolivia