Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpovitɔwo Ƒe Ametakpɔkpɔ—Mɔkpɔkpɔwo Kple Vɔvɔ̃wo

Kpovitɔwo Ƒe Ametakpɔkpɔ—Mɔkpɔkpɔwo Kple Vɔvɔ̃wo

 Kpovitɔwo Ƒe Ametakpɔkpɔ​—Mɔkpɔkpɔwo Kple Vɔvɔ̃wo

AME geɖe siwo nɔ England le ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze tsi tre ɖe eŋu esi wodo susua ɖa be woaɖo kpovitɔ siwo anɔ awu me. Wovɔ̃ be amewo ƒe ƒuƒoƒo si dziɖuɖua ade lãnuwo asi na la ade yewoƒe ablɔɖe me nɔnɔ afɔku me. Ame aɖewo nɔ vɔvɔ̃m be amesiawo ava zu kpovitɔ ŋkutsalawo si sɔ kple Franseawo tɔ si nɔ Joseph Fouché ƒe kpɔkplɔ te. Ke hã eva hiã kokoko be woabia wo ɖokui be, ‘Nukae míawɔ ne kpovitɔwo meli o?’

Ɣemaɣi la, London zu du gãtɔ kekeake kple du si me kesinɔnuwo bɔ ɖo wu le xexeame; nuvlowɔwɔ nɔ dzidzim ɖe edzi henɔ ŋɔdzi dom na adzɔhawo. Lɔlɔ̃nu faa zãdzɔla alo fiafiléla bibi siwo ame ɖekaɖekawo ɖo si woyɔna be Bow Street Runners la gɔ̃ hã mete ŋu nɔ dɔ si nye amewo kple woƒe nunɔamesiwo ta kpɔkpɔ la wɔm o. Clive Emsley gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The English Police: A Political and Social History me be: “Wobua nuvlowɔwɔ kple ɖoɖo dzi mawɔmawɔ edziedzi be wonye nusiwo mele be woanɔ amesiwo ƒe ŋku ʋu dome o.” Eyata Londontɔwo nɔ mɔ kpɔm be nuwo anyo ne woɖo kpovitɔ siwo wona hehee, eye wotso nya me be woaɖo wo woanɔ Aƒetɔ Robert Peel ƒe kpɔkplɔ te. * Le September 1829 me la, Dugã me Kpovitɔ siwo le awu me la te tsatsa le dua me.

Tso kpovitɔwo ƒe egbegbe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, mɔkpɔkpɔ kple vɔvɔ̃ ƒe nya aɖewo fɔ ɖe te le woƒe dɔa ŋu—mɔkpɔkpɔ be woana nuwo nanɔ dedie kple vɔvɔ̃ be woava azã woƒe ŋusẽa ɖe mɔ gbegblẽ nu.

Woɖo Kpovitɔwo le Amerika

Le United States la, New York City mee woɖo kpovitɔwo le gbã. Alesi dua ƒe kesinɔnuwo nɔ dzidzim ɖe edzii la, nenemae nuvlowɔwɔ hã nɔ dzidzim ɖe edzii. Va ɖo ƒe 1830 ƒe ƒeawo me la, ƒome ɖesiaɖe xlẽa nuvlowɔwɔ ŋutinya dziŋɔwo le hotsɔkpɔe nyadzɔdzɔgbalẽ siwo wodze tata la me. Amewo ƒe tsitretsitsi ɖe nusiawo ŋu dzi ɖe edzi, eye woɖo kpovitɔwo le New York le ƒe 1845 me. New York tɔwo kple Londontɔwo ƒe kpovitɔwo ƒe nu léa dzi na wo nɔewo tso ɣemaɣi ke.

Vɔvɔ̃ si nɔ Eŋlisiawo me ɖe kpovitɔ siwo dziɖuɖua aɖo ŋu la nɔ Amerikatɔwo hã me. Gake dukɔ eveawo to egbɔkpɔnu vovovowo vɛ. Eŋlisiawo bia be yewoƒe kpovitɔwo nanye ɖekakpui nudzeamewɔla siwo aɖɔ kuku kɔkɔ eye woanɔ awu blɔ si ƒe amadede to me. Kpo kpui aɖe si woɣlana ɖe awu me koe nɔ wo si. Va ɖo egbea la, Britain kpovitɔwo meléa tu ɖe asi o negbe le nɔnɔme kpatawo me ko. Gake abe alesi nyatakaka aɖe gblɔe ene la, “amewo yi edzi le esem le wo ɖokui me be . . . le ɣeyiɣi aɖe megbe la, lãnuwo ava nɔ Britain kpovitɔwo si godoo.”

 Gake le United States la, vɔvɔ̃ si nɔ anyi be woazã dziɖuɖua ƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu la na wowɔ Asitɔtrɔ Evelia le United States ƒe Dukplɔse ŋu, si ɖe mɔ na amewo be “tu nanɔ wo si alo woatsɔe ɖe ŋui.” Esia na be kpovitɔwo bia be woana tu yewo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo zazã na be wòva bɔ be Amerika kpovitɔwo kple fiafiwo nɔa tu dam wo nɔewo le ablɔdzi, ne mede ɖeke o la, nenemae ame akpa gãtɔ bunɛ. Susu bubu si tae tudada ƒe nɔnɔme sia ɖo Amerikatɔwo si enye be amesiwo dome woɖo United States ƒe kpovitɔ gbãtɔwo ɖo la to vovo kura na Londontɔwo. Zitɔtɔ aɖe nɔ New York esi dua me tɔwo va nɔ dzidzim ɖe edzi kabakaba. Ame gbogbo siwo ʋu va, vevietɔ tso Europa kple Amerika Ameyibɔwo koŋ ƒe vava le ƒe 1861-65 Dukɔmeviʋa la ƒe dzɔdzɔ vɔ megbe la he ameƒomevinyenye ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ vɛ. Kpovitɔwo kpɔ be yewohiã dɔwɔmɔnu siwo de ŋgɔ wu.

Eyata wobu kpovitɔwo edziedzi be togbɔ be wonye kplamatsedonu hã la, wohiã. Amewo lɔ̃ faa be yewoado nu gbɔme siwo wowɔna ɣeaɖewoɣi la ƒe dzi kple mɔkpɔkpɔ be se kple dedienɔnɔ aɖe ya teti nanɔ anyi. Gake le xexeame ƒe akpa aɖewo la, kpovitɔnyenye bubu ƒomevi aɖe nɔ mo dom ɖa.

Kpovitɔ Siwo Ŋu Ŋɔdzi Nɔ

Esime wodze egbeŋkekea me kpovitɔwo ɖoɖo le ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze me la, ameƒomea ƒe akpa gãtɔ nɔ Europa fiaɖuƒewo ƒe dziɖuɖu te. Ne míagblɔe koŋ la, woɖo Europa kpovitɔwo be woadzɔ dziɖulawo ŋu ke menye dukɔmeviwo o. Meɖe fu na Britaintɔ siwo melɔ̃ ɖe kpovitɔwo ƒe lãnu léle ɖe asi abe asrafowo ene le wo dedukɔ me dzi o la kura gɔ̃ hã be woazã kpovitɔ siwo nye asrafowo atsɔ aɖu dutanyigbawo dzii o. Rob Mawby gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Policing Across the World me be: “Kpovitɔwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ, nufitifitiwɔwɔ, nuvlowɔwɔ, amewuwu, kple ŋusẽ zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu yɔ dutakpovitɔwo ƒe dutanyigbawo dzi nɔɣiwo katã ƒe ŋutinya me.” Esi agbalẽ ma ke gblɔ be dziɖuɖu ƒe kpovitɔwo he viɖe aɖewo vɛ vɔ megbe la, egblɔ kpee be ena “wòtsi susu me na amewo le xexeame godoo be kpovitɔwo nye dziɖuɖu ŋu dzɔlawo ke menye amesiwo ƒe dɔ ɖea vi na ame hahoowo o.”

Le vɔvɔ̃ na dziɖuɖu mumu ƒu anyi ƒe tɔtrɔ kpatawo ta la, ŋutasẽdziɖuɖuwo zã adzamekpovitɔwo ɣesiaɣi kloe be woanɔ woƒe dukɔmeviwo ɖiam. Kpovitɔ siawo wɔa fu ame tsɔ dia nyatakakawoe eye woɖea amesiwo ŋu wobu nazã ɖo la ɖa to wo wuwu alo wo dede game ʋɔnumadrɔ̃madrɔ̃ woe me. Adzamekpovitɔ siwo woyɔna be Gestapo la nɔ Nazitɔwo si, esi woyɔna be KGB nɔ Soviet Union si, eye esi woyɔna be Stasi nɔ East Germany si. Nukutɔe la, kpovitɔ 100,000 kple nyatakakanala miliɔn afã kloe ye nɔ Stasi-awo si wotsɔ ɖu amesiwo ade miliɔn 16 dzii. Kpovitɔ siawo ɖoa to amewo ƒe telefon dzi dzeɖoɖowo ɣesiaɣi eye dukɔmeviwo ƒe akpa etɔ̃lia ŋuti nuŋlɔɖiwo nɔ wo si. John Koehler gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Stasi me be: “Seɖoƒewo menɔe na Stasi kpovitɔwo o eye ŋu mekpea wo o. Woxɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔla gbogbo aɖewo, siwo me Protestanttɔwo kple Katolikotɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo nɔ, be woanye adzame nyatakakanalawo. Nyafisemɔ̃ nɔ woƒe dɔwɔƒewo kple nuvɔ̃meʋuƒewo fũ.”

Gake menye ŋutasẽdziɖuɖuwo ɖeɖeko mee kpovitɔ dziŋɔwo nɔ o. Wotsɔ nya ɖe dugã me kpovitɔ siwo le teƒe bubuwo ŋu be wodoa ŋɔdzi na amewo ne wote amewo dzi zizi akpa sesẽtɔe be woawɔ se dzi, vevietɔ ne wotɔ ŋku amewo ƒe hatsotso siwo me tɔwo mesɔ gbɔ o. Esi nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe nɔ nu ƒom tso ŋukpenanu aɖe si ɖi hoo le Los Angeles ŋu la, egblɔ be ena “wòdze be kpovitɔwo ƒe nubaɖawɔwɔwo ɖo sedzimawɔmawɔ ƒe ɖoƒe kɔkɔ aɖe si na wova le ŋkɔ yeye yɔm na wo be: kpovitɔ nuvlowɔlawo.”

Eyata dziɖuɖumegãwo biana be, Nukae kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒewo ate ŋu awɔ be woagade bubu wo ŋu ake? Le didi vevie be woana akpa si wowɔna le amewo subɔsubɔ me nadze la, kpovitɔ geɖewo dze agbagba be yewoawɔ geɖe le kpovitɔwo ƒe dɔ siwo hiã le nutowo me la me.

Viɖe si Le Nutowo me Kpovitɔwo Ŋu

Alesi Japan kpovitɔwo kpɔa nuto si me wole me tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔe tso gbaɖegbe ke la le dutatɔwo ŋu nyom. Tso blema ke la, Japan kpovitɔwo nɔa kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe siwo le nuto suewo me la me, afisi kpovitɔ ʋɛ aɖewo nɔa wo nɔewo ɖɔ lim le. Frank Leishman si nye nuvlowɔwɔ ŋuti nufiala le Britain eye wònɔ  Japan ƒe gbogbo aɖe la gblɔ be: “Wonya dɔ gbogbo siwo kpovitɔ siwo le dɔwɔƒe sue siawo wɔna la nyuie: esiwo nye mɔfiafia amewo le Japan ƒe mɔdodo siwo ƒe akpa gãtɔ dzi ŋkɔ mele o dzi; xexi siwo wofɔ si nutɔwo meva xɔ o la mama na amesiwo tsi le ƒoƒom; egbɔkpɔkpɔ be dɔwɔla alo asitsala siwo mu aha ɖo keteke mamlɛtɔ yi aƒeme; kple aɖaŋuɖoɖo na amewo le ‘dukɔmeviwo ƒe kuxiwo’ ŋu.” Kpovitɔ siwo kpɔa nuto si me wole me tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ gbɔe wòtso be Japan xɔ ŋkɔ dzroame si nye be enye dukɔ si me nàte ŋu azɔ woƒe ablɔwo dzi dedie.

Ðe kpovitɔwo ƒe dɔwɔwɔ sia ƒomevi ate ŋu aɖe vi le teƒe bubuwoa? Nuvlowɔwɔ ŋuti nusrɔ̃la aɖewo te nane sɔsrɔ̃ le eme. Egbeŋkekea me ŋgɔyiyi si wowɔ le kadodomɔnuwo me wɔe be kpovitɔwo kple amesiwo subɔm wole la dome le didim. Le dugã geɖe me egbea la, nusi kpovitɔwo ƒe dɔ va zu koŋ enye tsotso ɖe nudzɔdzɔ kpatawo ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, edzena abe nuvlowɔwɔ nutsitsi si tae woɖo wo ɖo la bu ene. Le susu sia ta, ame geɖe gale susu trɔm ɖe nutowo me dzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa ŋu.

Nutowo me Dzɔdzɔ

Dewi si nye kpovitɔ gblɔ le dɔ si wòwɔna le Wales ŋu be: “Ele dzidzedze kpɔm ŋutɔ; eɖea nuvlowɔwɔ dzi kpɔtɔna. Nutowo me dzɔdzɔ fia be woana amewo nanɔ ŋudzɔ ɖe wo nɔewo ƒe dedienɔnɔ ŋu. Míewɔa kpekpewo be aƒelikawo nate ŋu adze si wo nɔewo, ana ŋkɔ kple telefon xexlẽdzesiwo wo nɔewo, ahase nu tso alesi woatsi nuvlowɔwɔ nui ŋu. Wɔna sia dzɔa dzi nam elabena enaa hadomenuwɔwɔ gaɖoa nutowo me ake. Zi geɖe la, amewo menyaa amesiwo nye woƒe aƒelikawo gɔ̃ hã o. Ðoɖoa le afɔ tsɔm elabena enaa amewo ganɔa ŋudzɔ ɖe edzi.” Etua kpovitɔwo kple ame hahoowo dome ƒomedodo hã ɖo.

Afɔɖeɖe bubue nye be woade dzi ƒo na kpovitɔwo be woawɔ nu veveseseɖeamenutɔe ɖe amesiwo ŋu wogblẽ nu le ŋu. Netherlandstɔ Jan van Dijk si nye amesiwo dzi nya dzɔ ɖo ŋuti nusrɔ̃la xɔŋkɔ gblɔ be: “Ele be woafia kpovitɔwo be nɔnɔme siwo woɖena fiana ne amesiwo dzi nya dzɔ ɖo va wo gbɔ la le vevie abe alesi tututu ɖɔktawo wɔa nui ne wole dɔnɔwo srãm kpɔ le abati me ene.” Le teƒe geɖe la, kpovitɔwo mebua aƒeme ŋutasesẽ nuwɔnawo kple amegbɔdɔdɔ sesẽe be wonye nu vlowo ŋutɔŋutɔ o. Gake Rob Mawby gblɔ be: “Alesi kpovitɔwo kpɔa aƒeme ŋutasesẽ nuwɔnawo kple amegbɔdɔdɔ sesẽe gbɔe va nyo ɖe edzi ale gbegbe. Ke hã woagate ŋu adze agbagba le eŋu wòaganyo ɖe edzi.” Kpovitɔwo ƒe ŋusẽ zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu nye nu bubu si ŋu kpovitɔwo katã kloe ate ŋu atrɔ asi le.

Vɔvɔ̃ na Kpovitɔwo ƒe Nufitifitiwɔwɔ

Ɣeaɖewoɣi la, ebubu be kpovitɔwo le amewo ta kpɔm ɖina abe fefenya ene, vevietɔ ne kpovitɔwo ƒe nufitifitiwɔwɔ ŋu nyawo le ɖiɖim.  Nyatakaka siawo tɔgbe li tso kpovitɔwo ƒe dɔa ƒe gɔmedzedze ke. Esi agbalẽ si nye NYPD—A City and Its Police nɔ nu ƒom tso ƒe 1855 ŋu la, egblɔ alesi “wòwɔna na New York tɔ geɖe be womegate ŋu va le vovototo dem nuvlowɔlawo kple kpovitɔwo dome o.” Agbalẽ si nye Faces of Latin America si Duncan Green ŋlɔ ka nya ta be “wobua kpovitɔwo vevie be wonye nufitifitiwɔlawo, dɔmanyalawo, kple amegbetɔ ƒe gomenɔamesi dome gblẽlawo.” Latin Amerika kpovitɔwo ƒe amegã si le kpovitɔ 14,000 nu gblɔ be: “Aleke nèsusu be woawɔ esi kpovitɔwo ƒe ɣletikukuifetu mede [dɔlar 100] o? Ne wona zãnui la, nukae wòawɔ?”

Aleke gbegbe nufitifitiwɔwɔ ƒe kuxia loloe? Amesiame kple alesi wòaɖo eŋui. Dziehe Amerika kpovitɔ aɖe si tsɔ ƒe geɖe wɔ dɔ le dugã aɖe si me ame 100,000 le  me ɖo eŋu be: “Le nyateƒe me la, kpovitɔ aɖewo wɔa nu fitifitiwo, gake kpovitɔ akpa gãtɔ ɖia anukware. Nenema tututue mekpɔe.” Le go bubu me la, nuvlowɔwɔ ŋuti numekula aɖe si si ƒe 26 ƒe nuteƒekpɔkpɔ le le dukɔ bubu me ɖo eŋu be: “Mebui be nufitifitiwɔwɔ le afisiafi. Kpovitɔwo ƒe anukwareɖiɖi le vevem. Ne kpovitɔ aɖe ɖatsa aƒe aɖe si woda adzoe me hefɔ ga la, ɖewohĩ atsɔe. Ne exɔ nu xɔasi aɖewo siwo wofi la, eya ŋutɔ atsɔ ɖe.” Nukae wɔnɛ be kpovitɔ aɖewo va zua nufitifitiwɔlawo?

Ame aɖewo tsɔa gɔmeɖose nyuiwo dzea egɔmee gake hati nufitifitiwɔlawo kple nuvlowɔwɔ ƒe xexeame ƒe gɔmeɖose gbegblẽ siwo ŋudɔ wowɔna la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi wɔnɛ be wova naa ta. Agbalẽ si nye What Cops Know yɔ Chicago kpovitɔ aɖe ƒe nyawo gblɔ be: “Le kpovitɔwo gome la, nuvlowɔwɔ nye nane si ŋu wonya nu tsoe to nuteƒekpɔkpɔ me. Eƒo xlã wo. Wokaa asi eŋu . . . woɖɔnɛ kpɔna . . . woʋẽnɛ sena . . . wosenɛ . . . eye ele be woakpɔ egbɔ.” Hadede kple nuvlowɔwɔ sia ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi bɔbɔe.

Togbɔ be kpovitɔwo naa kpekpeɖeŋu veviwo hã, mede blibo o. Ðe míate ŋu akpɔ mɔ na nane si anyo wua?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Wotsɔ Aƒetɔ Robert (Bobby) Peel, si ɖo kpovitɔwo ƒe dɔa anyi, ƒe ŋkɔ na Britain kpovitɔwo be bobbies.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

“Britain Kpovitɔwo Medze Agbagba Ŋutɔ Oa?”

Britaintɔwo nye dukɔ siwo te ŋu xɔ kpovitɔwo koŋ dziɖuɖua xea fe na wo la dometɔ ɖeka. Wodi be nuwo nazɔ ɖe ɖoɖo nyui nu—abe alesi woƒe keke siwo sɔ hena nɔa game dzi la ene. Le ƒe 1829 me, Dukɔmenyawo ƒe Dɔnunɔla Aƒetɔ Robert (Bobby) Peel de dzi ƒo na Sewɔtakpekpea be woada asi ɖe London Dugã me Kpovitɔwo ɖoɖo dzi eye woƒe dɔwɔƒegã nanɔ Scotland Yard. Togbɔ be woƒe nu medzɔ dzi na amewo gbã o le woƒe ahamulawo kple tsatsadalawo léle ta hã la, amewo va kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu mlɔeba.

Le ƒe 1851 me la, enye dada na London be wòakpe xexeame katã be woava yewoƒe Adzɔnuwo Ðeɖefia Gã la ne woakpɔ nusiwo Britain ƒe mɔɖaŋudɔwɔƒewo wɔ ɖa. Amewo ƒe sedziwɔwɔ le ablɔwo dzi, ahanomunɔwo, gbolowo, kple gbevuwo ƒe anyimanɔmanɔ le woƒe ablɔawo dzi wɔ nuku na amedzrowo ale gbegbe. Kpovitɔ bibiwo fiaa mɔ amewo, xɔa agba kpea amedzroawo, kplɔa amewo tsoa mɔ me, kura gɔ̃ hã wokɔa nyɔnu tsitsiwo dea ʋu. Eyata mewɔ nuku o be wose be Britaintɔwo kple amedzro siwo tso duta gblɔ be, “Britain Kpovitɔwo medze agbagba ŋutɔ oa?”

Edze abe wodze agbagba le nuvlowɔwɔ nutsitsi me ene ale gbegbe be kpovitɔwo ƒe amegã si nɔ Chester le ƒe 1873 me bui be ɣeyiɣi aɖe ava va esime nuvlowɔwɔ ɖesiaɖe kloe maganɔ anyi o! Kpovitɔawo dze kpekpeɖeŋu nana le ɖoɖowɔwɔ ɖe dɔnɔwo kɔkɔ yi kɔdzii kple dzo tsitsi ŋu me. Woɖo dɔmenyohabɔbɔ siwo naa afɔkpa kple nudodo ame dahewo. Ðewo ɖo ŋutsuviwo ƒe habɔbɔwo eye wowɔ tsaɖiɖi ƒe ɖoɖowo eye woɖo teƒe siwo woɖua mɔkeke le.

Ele eme baa be nufitifitiwɔwɔ kple ŋutasesẽ ƒe kuxiwo nɔ kpovitɔ yeye siawo ŋu ya. Gake wo dometɔ akpa gãtɔ dzea agbagba be yewoana amewo nawɔ se dzi ŋusẽ fũ mazãmazãe. Le ƒe 1853 me la, eva hiã be Wigan, Lancashire, kpovitɔwo natsi tomenukula siwo dze aglã ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ aɖe nu. Kpovitɔwo ƒe amegã si ƒo dzi nɔ eye wòkplɔ ame ewo pɛ ko ɖe asi gbe be yewomazã tomenukuƒea tɔ ƒe tuwo o. Lɛta aɖe si Hector Macleod, amesi zu kpovitɔ abe fofoa ene, xɔ le ƒe 1886 me la fia alesi wova bua kpovitɔwoe ɣemaɣi. Abe alesi woŋlɔ emenyawo ɖe The English Police me ene la, egblɔ be: “Ŋlɔmiwɔwɔ ana wò nu magadze amewo ŋu o . . . Metsɔa amewo ɖoa nɔƒe gbãtɔ elabena subɔlae nènye na nutoa me tɔwo, amesiwo dome woda wò ɖo, eye enye wò dɔdasi be nadze woawo kpakple wo amegã siaa ŋu.”

Hayden si nye Dugã me Kpovitɔwo ƒe amegã si xɔ dzudzɔ gblɔ be: “Wofiaa mí be míawɔ nu le ɖokuidziɖuɖu me ɣesiaɣi elabena ebia nutoa me ƒe kpekpeɖeŋu be woakpɔ dzidzedze le kpovitɔwo ƒe dɔwɔwɔ me. Ne míewɔ nusianu wòglo ko hafi míazã míaƒe kpovi kpuiawo, eye kpovitɔ akpa gãtɔ mazãe akpɔ le woƒe dɔa wɔwɔ me o.” Nu bubu si na wodea bubu Britaintɔwo ƒe kpovitɔwo ŋue nye television dzi wɔna aɖe si woyɔna be Dixon of Dock Green (Dixon si Le Dock Green) si wotsɔ ƒe 21 sɔŋ nɔ ɖeɖemee, si ku ɖe kpovitɔ anukwareɖila aɖe si nya amesiwo katã le eƒe nutoa me la ŋu. Anya de dzi ƒo na kpovitɔwo be woawɔ nu abe eya ene, gake ede dzi ƒo hã be ƒomedodo nyui nanɔ Britaintɔwo kple kpovitɔwo dome.

Amewo ƒe nɔnɔme le Britain trɔ le 1960-awo me, eye tsitretsitsi ɖe dziɖuɖumegãwo ŋu va xɔ ɖe bubudede dziɖuɖumegãwo ŋu si nɔ anyi tsã la teƒe. Nufitifitiwɔwɔ kple vovototodedeameme si nɔ kpovitɔwo dome gblẽ nu le kpovitɔwo ŋu le ƒe 1970-awo me, togbɔ be wodze agbagbawo be yewoƒe nu nagadze amewo ŋu to nutowo me dzɔdzɔ ƒe ɖoɖowo wɔwɔ me hã. Nyitsɔ laa, le vovototodedeameme ƒe nutsotso kple nya gbogbo aɖewo siwo wokpa da ɖe kpovitɔwo dzi vɔ megbe la, wogadze agbagba vevie ake be yewoawɔ nu wòanyo ɖe edzi awu.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photograph above: http://www.constabulary.com

 [Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

New York ƒe Nukunu Yea?

Ne kpovitɔwo dze agbagba vevie la, nu nyui geɖe dona tsoa eme. Wobua New York tso gbaɖegbe ke be enye dugã siwo me dzi ŋɔ wu la dometɔ ɖeka, eye va ɖo ƒe 1980-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, edze abe kpovitɔ siwo ƒo dzi ɖe le la megate ŋu le naneke wɔm le nuvlowɔwɔ ŋu o ene. Ganyawo ƒe sesẽ ƒoe ɖe dua me megãwo nu be womegadana ɖe fetu dzi na dɔwɔlawo o eye woɖe kpovitɔwo dzi kpɔtɔ. Ena be atikevɔ̃ɖisitsalawo dzi ɖe edzi hekpe ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ dziŋɔwo ŋu. Tu ɖina dua me tɔwo sena hafi mlɔa anyi. Zitɔtɔ gã siwo tsoa vovototo dede amewo me le woƒe ŋutigbalẽ ta dzɔ le ƒe 1991 me, eye kpovitɔawo ŋutɔ lɔ gbɔ kple ɣli tsɔ gblɔ woƒe nuhiahiãwoe.

Gake kpovitɔwo ƒe amegã yeye aɖe tsɔ ɖe le dzidedeƒo na eteviwo me hedoa go kpli wo edziedzi be yewoadzro aɖaŋu siwo yewoazã me le nuto ɖesiaɖe me. James Lardner kple Thomas Reppetto ɖe nu me le woƒe agbalẽ si nye NYPD me be: “Adzamekpovitɔwo ƒe amegã alo Atikevɔ̃ɖiwo ƒe Nyagbɔkpɔƒe ƒe tatɔ nye amesiwo ŋu nutowo dzikpɔlawo xlẽa nu tsoe le nyadzɔdzɔgbalẽwo me gake bebli hafi woa kpli wo wodoa go. Fifia wo katã wonɔa anyi ɖekae gaƒoƒo geɖe.” Nuvlowɔwɔ dzi va nɔ ɖeɖem kpɔtɔ. Woka nya ta be amewuwu dzi ɖe kpɔtɔ vivivi tso 2,000 kloe le ƒe 1993 me va ɖo 633 le ƒe 1998 me—si nye esi ɖiɖi wu le ƒe 35 me. New York nɔlawo te gbɔgblɔ be nukunue. Nuvlowɔwɔ siwo ƒe nya ta woka le ƒe enyi siwo va yi me dzi ɖe kpɔtɔ 64 le alafa me.

Aleke wowɔ te ŋu wɔ esia? January 1, 2002, ƒe New York Times doe ɖa be nusiwo gbɔ dzidzedzekpɔkpɔa tso dometɔ ɖekae nye kɔmpiuta ƒe dɔwɔɖoɖo aɖe si woyɔna be Compstat. Enye “ŋkuléle ɖe nuvlowɔwɔ ŋu ƒe mɔnu aɖe si me wodzroa nuto ɖesiaɖe me nuvlowɔwɔ ƒe akɔntabubuwo me kwasiɖa sia kwasiɖa be woade dzesi kuxiawo ahakpɔ wo gbɔ kaka woanya do mo ɖa ko.” Bernard Kerik si nye kpovitɔwo ƒe amegã tsã gblɔ be: “Míekpɔa afisi nuvlowɔwɔa le dzɔdzɔm le kple nusitae wòle dzɔdzɔm ɖo eye míeɖea kpovitɔwo ɖona ɖa, naa dɔwɔnu siwo wohiã la wo bene woakpɔ egbɔ be woƒe ŋku le nuto mawo ŋu. Aleae míewɔ ɖe nuvlowɔwɔ dzi kpɔtɔ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Japan kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Kpovitɔ siwo fiaa mɔ ʋuwo le Hong Kong

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Amehawo dzi kpɔkpɔ le Eŋlisiawo ƒe bɔlƒoƒe aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Kpekpe ɖe amesiwo dzi afɔku dzɔ ɖo ŋu hã kpe ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwo ŋu