Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kluvimenɔnɔ—Kuxia Gakpɔtɔ Li

Kluvimenɔnɔ—Kuxia Gakpɔtɔ Li

 Kluvimenɔnɔ​—Kuxia Gakpɔtɔ Li

ÐE KLUVIMENƆNƆ megali oa? Ame akpa gãtɔ asusui nenema. Nya sia ɖoa ŋku ŋutasesẽ kple ameteteɖeanyi ƒe nɔnɔme dziŋɔwo dzi na ame. Ke hã le ame geɖewo ƒe nukpɔsusu nu la, nɔnɔme mawo zu gbaɖegbe nyawo. Le kpɔɖeŋu me, amewo ƒe susu yia ƒe alafa siwo va yi me tɔdziʋu siwo wotsɔ ati kpa—si nye esiwo nɔa ɖiɖim kriɖikriɖi, siwo ƒe agbadeƒewo wotegea ame gbogbo aɖewo ɖo wotsina dzodzodzoe hemimina nukutɔe ɖe nɔnɔme nyɔŋu aɖe me la dzi.

Ele eme baa be tɔdziʋu mawo megatoa atsiaƒuwo dzi yina o eye nya siwo dzi wolɔ̃ ɖo le dukɔwo dome takpekpewo me xe mɔ ɖe kluvinyenye ma tɔgbe nu ya. Ke hã kluvimenɔnɔ nu meva yi o. Amegbetɔ ƒe gomenɔamesi habɔbɔ si nye Dukɔwo Dome Habɔbɔ si Tsi Tre Ðe Kluvinyenye Ŋu bu akɔnta be ame miliɔn 200 gakpɔtɔ le kluvi ƒomevi aɖe me. Wowɔa dɔ le nɔnɔme siwo te ŋu dzia ŋɔ wu esiwo me kluvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa siwo va yi me la to. Le nyateƒe me la, numekula aɖewo ƒo nya ta be “ame geɖewo le kluvi me egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe le ŋutinya me.”

Egbegbe kluvi siawo ƒe ŋutinya wɔa nublanui ŋutɔ. Ƒe ewo koe Kanji, * si kplɔa nyihawo gbesiagbe na eƒe aƒetɔ ŋutasẽla siwo ƒonɛ edziedzi la xɔ. Egblɔ be: “Ne gbɔnye nyo la, mekpɔa abolo xoxoe aɖe ɖuna, gake ne mele alea o la ekema metsia dɔ ŋkeke bliboa katã. Womexe naneke nam kpɔ ɖe dɔ siwo mewɔna ta o elabena woƒe kluvi kple woƒe nue menye. . . . Ðevi siwo le abe nye ene fena kple ɖevi bubuwo, eye ne meku la anyo nam wu be manɔ agbefu sia dzi.”

Zi geɖe la, egbeŋkekea me kluviwo nyea ɖeviwo kple nyɔnuwo abe alesi wòle le Kanji gome ene. Wokua kutri le anyigbakuntruwo wɔwɔ, mɔwo dodo, foŋfoŋ tsotso, alo gbolowɔwɔ gɔ̃  hã me si menyea woƒe didi hafi o. Eye wote ŋu dzraa wo ɖe asi bɔbɔe abe dɔlar 10 gɔ̃ hã ene dzi. Ðevi aɖewo dzilawo ŋutɔwoe dzraa wo wozua kluviwo be woatsɔ axe wo ŋuti fe gbogbowoe.

Ðe nyatakaka siawo tɔgbe ble fu lãme na wòa? Menye wò ɖeka koe wòwɔna na nenema o. Agbalẽŋlɔla Kevin Bales gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Disposable People me be: “Kluvimenɔnɔ nye ŋunyɔnu. Menye dɔ si ame aɖe wɔ la fifi koe wònye o; ke enye amea ƒe agbe blibo fifi.” Esi amegbetɔ te ŋu sẽa ŋuta le nɔvia ŋu alea ɖe, ɖe susu aɖe li si ta míaxɔe ase be kluvimenɔnɔ ƒe kuxia nu ava yi gbaɖegbea? Biabia sia ka wò ŋutɔ wu alesi nàsusui gbã.

Míava kpɔe be kluvinyenye ƒomeviwo li wu ɖeka. Eƒomevi vovovowoe li, eye wo dometɔ aɖewo kpɔa ŋusẽ ɖe amesiame dzi. Eyata ele be mí katã míanya nenye be ablɔɖe vavã ava su ameƒomea si gbaɖegbe. Gake gbã la, mina míadzro kluvisitsatsa ƒe ŋutinya me kpuie.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Menye eƒe ŋkɔ ŋutɔe o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]

Nyɔnu kple ɖevi dahewoe nyea amesiwo woléna kluviwoe tso gbaɖegbe ke

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Top photo: UN PHOTO 148000/Jean Pierre Laffont

U.S. National Achive photo