Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amamaɖeɖe Nuwɔnawo Kpɔkpɔ—Modzakaɖeɖe Dzro Aɖe Koea?

Amamaɖeɖe Nuwɔnawo Kpɔkpɔ—Modzakaɖeɖe Dzro Aɖe Koea?

 Biblia ƒe Nukpɔsusu

Amamaɖeɖe Nuwɔnawo Kpɔkpɔ—Modzakaɖeɖe Dzro Aɖe Koea?

ESI Fianyɔnu Victoria ƒe ɣeyiɣi me tomenukulawo te blema Pompeii-dudo kuku vivivi la, nusiwo ŋu woke ɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe. Ati kpakpɛ kple kpememe dzeaniwo ŋuti yɔ fũ kple gbɔdɔdɔnuwɔna ŋuti nutata geɖewo. Alesi nuawo tɔ ŋku na dziɖuɖumegãwo vevie na wotsɔ wo ɖaɣla ɖe blemanudzraɖoƒe ɣaɣlawo. Wokpa ŋkɔ “amamaɖeɖe nuwɔna”—tso Helagbe me nya pornē kple graphos, si gɔmee nye “nuŋɔŋlɔ siwo ku ɖe gbolowo ŋu”—na nutata tɔŋku siawo. Woɖe amamaɖeɖe nuwɔna gɔme egbea be “gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ɖeɖe fia le agbalẽwo, nɔnɔmetatawo, kpememewo, sinimawo, kple nu bubuwo me, kple susu be woatsɔ anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe amewo me.”

Le ŋkeke siawo me la, amamaɖeɖe nuwɔnawo bɔ ale gbegbe, eye edze abe enye nusi dzi woda asi ɖo le egbeŋkekea me tɔ akpa gãtɔ dome ene. Tsã la afisiwo woɖea sinima gbegblẽwo kple nuto siwo me gbolowo bɔ ɖo ko mee woakpɔe le, gake eva zu nusi bɔ ŋutɔ le nuto geɖewo me fifia. Wobu akɔnta be le United States ɖeɖe la, wokpɔa dɔla biliɔn ewo kple edzivɔ ƒe sia ƒe tso amamaɖeɖe nuwɔnawo ɖeɖe fia me!

Amamaɖeɖe nuwɔna taʋlila aɖewo donɛ ɖe ŋgɔ be enye mɔnu si srɔ̃tɔ makpɔdzidzɔwo azã atsɔ ade dzo woƒe srɔ̃ɖeɖe si le gbɔdzɔgbɔdzɔm mee. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Edea dzo ame ƒe nususukpɔ ŋutete me. Enaa mɔfiafia le alesi woawɔ ase vivi le gbɔdɔdɔ me ŋu.” Ame bubuwo gblɔna be edea nuƒoƒo tso gbɔdɔdɔnyawo ŋu faa ŋukpe manɔmee ƒe dzi ƒo. Agbalẽŋlɔla Wendy McElroy gblɔ be, “amamaɖeɖe nuwɔnawo kpɔkpɔ ɖea vi na nyɔnuwo.”

Gake menye amesiamee da asi ɖe nya mawo dzi o. Zi geɖe la, wogblɔna be amamaɖeɖe nuwɔnawo kpɔkpɔe hea nuwɔnaa me tsonu vɔ̃ɖi kple nɔnɔme gbegblẽ geɖe vɛ. Ame aɖewo gblɔ be amamaɖeɖe nuwɔnawo kpɔkpɔ gbɔe nyɔnuwo gbɔdɔdɔ sesẽe kpakple ŋutasesẽ le nyɔnuwo kple ɖeviwo ŋu ƒe nuwɔna ƒomevi bubuwo tsona. Ted Bundy, si nye amewula vɔ̃ɖi aɖe lɔ̃ ɖe edzi be “amamaɖeɖe nuwɔna si me ŋutasẽnuwɔna le kpɔkpɔ dzroa ye vevie.” Egblɔ be: “Amamaɖeɖe nuwɔna kpɔla mete ŋu kpɔa nɔnɔme sia dzea sii enumake alo kpɔnɛ be enye kuxi sesẽ o. . . . Gake eƒe ame dzodzro alea . . . kplɔa ame dea gbɔdɔdɔnuwɔna siwo me ŋutasesẽ nɔna me. Mele gbe tem ɖe edzi be ʋɛʋɛʋɛ la, nɔnɔme sia mee ekpɔkpɔ hea ame yinɛ. Menye zãdodo ɖeka me koe nudzroame sia ɖona ame me o.”

Le alesi wole amamaɖeɖe nuwɔnawo ɖeɖe fia ŋu glãka hem madzudzɔmadzudzɔe kple alesi wòbɔ ɖe afisiafii ta la, ɖewohĩ àbia be, ‘Ðe Biblia na mɔfiame aɖe le nya sia ŋua?’

 Biblia Ƒo Nu le Gbɔdɔdɔnyawo ŋu Tẽ

Le Biblia me la,woƒo nu le gbɔdɔdɔnyawo ŋu tẽ nya aɖeke maɣlamaɣlae. (Mose V, 24:5; Korintotɔwo I, 7:3, 4) Salomo xlɔ̃ nu be: ‘Kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu. Nà eƒe no nemu wò ɣesiaɣi.’ (Lododowo 5:18, 19) Wona gbɔdɔdɔnyawo kpakple afisi woɖe mɔ le wo ŋu se ɖo ŋuti ɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame siwo me kɔ. Womeɖe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖoɖoa godo ŋu o. Nenema ke womeɖe mɔ ɖe gbɔdɔdɔnuwɔna nyɔŋu manɔdzɔdzɔmenu ƒomeviwo katã ŋu o.—Mose III, 18:22, 23; Korintotɔwo I, 6:9; Galatiatɔwo 5:19.

Le afisi woɖe mɔ ɖe eŋu le gɔ̃ hã la, wokpɔ mɔ na ameɖokuidziɖuɖu kple bubudede ame nɔewo ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o.” (Hebritɔwo 13:4) Taɖodzinu kple gɔmesese si nɔa amamaɖeɖe nuwɔnawo ɖeɖe fia ŋu mewɔ ɖeka kple nuxlɔ̃amenya sia le mɔ aɖeke nu kura o.

Amamaɖeɖe Nuwɔnawo Troa Taɖodzinu si Le Gbɔdɔdɔ Ŋu

Le esi teƒe be gbɔdɔdɔ nanye ŋutsu kple nyɔnu dome lɔlɔ̃ vavã si de to ɖeɖe fia wo nɔewo le srɔ̃ɖeɖe si ŋu bubu le me la, amamaɖeɖe nuwɔnawo ɖia gbɔ gbɔdɔdɔ hetronɛ. Woɖea gbɔdɔdɔnuwɔna si me lɔlɔ̃ mele o kple nuwɔna ɖigbɔwo fiana be woawoe doa dzidzɔ na ame eye be wonyo. Ame ŋutɔ ƒe vivisese dzaa ame evelia ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ɖewoɖewoe alo naneke kura mawɔmawɔ le wo ŋu dzie wotea gbe ɖo.

Wonaa wòdzena abe ɖe gbɔdɔdɔ ƒe vivisese dzaa ko ta nyɔnuwo, ŋutsuwo, kple ɖeviwo li ɖo ene. Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Wonɔa ŋku lém ɖe ametia ƒe nɔnɔme ŋu hekpɔa mɔ be yewoakpɔ dzedzeme aɖe si mebɔ o atsɔ aɖɔ amea ƒe nyonyoe.” Nyatakaka bubu ƒo eta be: “Nyɔnuwo ɖeɖe fia woƒe ŋkɔ mayɔmayɔe, be wonye amesiwo le klalo ɣesiaɣi na gbɔdɔdɔ, be wonye gbɔdɔdɔnu maɖinuwo na ŋutsuwo, kple ama ɖeɖe wo ɖe ga kple modzakaɖeɖe ta, mate ŋu aɖe nyɔnuwo afia be wonye amesiwo ŋu asixɔxɔ le abe ŋutsuwo ke ene, amesiwo ŋu wòle be woade bubui ahawɔ nu ɖe wo ŋu le lɔlɔ̃ me wòanya wɔ o.”

To vovo na nɔnɔme siawo la, Paulo ŋlɔ be, lɔlɔ̃ la “mewɔa nusi medze o. Media ye ŋutɔ tɔ o.” (Korintotɔwo I, 13:5) Biblia la xlɔ̃ nu ŋutsuwo be “woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene” eye ‘woade bubu wo ŋu’ ke menye be woabu nyɔnuwo be gbɔdɔdɔ ƒe vivisese ta koe woli ɖo o. (Efesotɔwo 5:28; Petro I, 3:7) Ðe ame aɖe, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, si nɔa ame bubuwo ƒe ama me kpɔm ɣesiaɣi le nɔnɔmetatawo me le nusi dze wɔma? Eye ɖe ame ma le bubu dem ame ŋu nyateƒea? Ðokuitɔdidi kple ameɖokuiŋububu ye amamaɖeɖe nuwɔnawo kpɔkpɔ ƒãna ɖe ame me, ke menye lɔlɔ̃ o.

Nu bubu gali si ŋu wòle be míade ŋugble le. Abe alesi nu manyomanyo ɖesiaɖe ƒe dzodzro nyɔnyɔ ɖe ame me le ene la, eteƒe medidina hafi nusi nyɔa dzodzro ɖe ame me le gɔmedzedzea me va zua nu tsɛ eye enu fana o. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Mlɔeba la, [amamaɖeɖe nuwɔna kpɔlawo] va dia amamaɖeɖe nuwɔna si gaɖi gbɔ hetɔ ŋku wu . . . Wote ŋu zia woƒe kpeɖeŋutɔwo dzi dea gbɔdɔdɔnuwɔna ɖigbɔwo me . . . , woa [ŋutɔwo] ƒe ŋutete hena gbɔdɔdɔ ƒe lɔlɔ̃ ŋutɔŋutɔ ɖeɖe  fia dzi ɖena kpɔtɔna.” Ðe nusia ɖi modzakaɖeɖe si me afɔku mele oa? Gake susu vevi bubu aɖe gali si ta wòle be woatsri amamaɖeɖe nuwɔnawo kpɔkpɔ ɖo.

Biblia la Kple Dzodzro Vɔ̃

Togbɔ be ame geɖe susu be naneke megblẽ le nusiwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me ŋu bubu ŋu o alo afɔku mele wo me o hã la, Biblia ya mebui nenema o. Eɖe nu me eme kɔ ƒã be kadodo kplikplikpli aɖe le nusi míeƒãna ɖe susu me kple alesi míewɔa nui la dome. Kristotɔ nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃.” (Yakobo 1:14, 15) Yesu gblɔ be: “Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.”—Mateo 5:28.

Abe alesi Yakobo kple Yesu siaa ɖee fia ene la, seselelãme kple dzodzro siwo le amegbetɔwo me nue wowɔa nu ɖo. Ne wodo ŋusẽ dzodzro mawo henyi wo la, wova zua nudzroame sẽŋuwo mlɔeba. Tsitretsitsi ɖe nudzroamewo ŋu sesẽna ŋutɔ eye woate ŋu ahe ame ade nuwɔna ŋutɔŋutɔ me mlɔeba. Eyata nusi míetsɔ dea míaƒe susu me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe nusi míava wɔ mlɔeba la dzi vevie.

Gbɔdɔdɔ ƒe susu me xɔxɔ na ame ate ŋu ado kplamatse míaƒe Mawu subɔsubɔ tẽ. Nu ma tae Paulo ŋlɔ be: “Eyata miwu mia ŋutinu, siwo [nye] ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ.”—Kolosetɔwo 3:5.

Le afisia la, Paulo tsɔ gbɔdɔdɔ ƒe fiẽŋufiẽŋui sɔ kple ŋubiabiã, si nye dzodzro vɔ̃ si nɔa ame me ɖe nusi mele esi o ŋu. * Ŋubiabiã nye trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi aɖe. Nukatae? Elabena ŋubiãla naa nusi le edzrom xɔa ŋgɔ na nusianu, enaa wòxɔa ŋgɔ na Mawu gɔ̃ hã. Amamaɖeɖe nuwɔnawo ƒãa nusi mele ame si o ŋuti dzodzro vɔ̃ ɖe ame me. Mawusubɔsubɔ ŋuti nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ame bubu ƒe gbɔdɔdɔnuwɔna ye dim nèle be yeakpɔ. . . . Nusi ŋu nàva nɔ bubum koe nye gbɔdɔdɔnuwɔna ma si mele asiwò o la ŋuti dzodzro. . . . Nusi dzroa mí vevie lae míesubɔna.”

Amamaɖeɖe Nuwɔnawo Gblẽa Nu

Biblia xlɔ̃ nu be: ‘Nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!’ (Filipitɔwo 4:8) Amesi tsɔa eƒe ŋku kple susu ɖoa amamaɖeɖe nuwɔnawo ŋu le Paulo ƒe nuxlɔ̃amea gbem. Amamaɖeɖe nuwɔnawo mesɔ o elabena edaa nuwɔna si wòle be wòanɔ ɣaɣlaƒe wu nusianu la ɖe dugbadza ŋukpe manɔmee. Enye ŋukpenanu elabena eɖia gbɔ amewo henaa wowɔa nusi mele dzɔdzɔmenu o. Enye nusi me lɔlɔ̃ mele o elabena medoa tufafa alo belélename ɖe ŋgɔ o. Ðokuitɔdidi ƒe nudzodzro vɔ̃ koe wòdona ɖe ŋgɔ.

Amamaɖeɖe nuwɔnawo kpɔkpɔ naa agbagba si dzem Kristotɔ le be ‘yealé fu vɔ̃’ me gbɔdzɔna alo gblẽna elabena nuwɔna gbegblẽ ɖigbɔwoe wòɖena fiana. (Amos 5:15) Edea nuvɔ̃wɔwɔ ƒe dzi ƒo eye enye tsitretsitsi ɖe Paulo ƒe dzideƒonamenya si wòŋlɔ na Efesotɔwo be “ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene, kple ŋukpenanu . . . kple atsaƒoƒo, siwo medze o” la ŋu.—Efesotɔwo 5:3, 4.

Nu nyui aɖeke mele amamaɖeɖe nuwɔnawo kpɔkpɔ me o. Ekpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi hegblẽa ame dome. Ate ŋu agblẽ ƒomedodowo me, etrɔa gbɔdɔdɔ ƒe ɖekawɔwɔ si le dzɔdzɔme nu wòzua ŋukpenanu wɔwɔ. Egblẽa ekpɔla ƒe susu kple gbɔgbɔmemenyenye dome. Edea ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ nuwɔnawo ƒe dzi ƒo hefiaa amewo be woabu ame bubuwo abe nusiwo woatsɔ aɖi kɔ na woƒe dzodzrowo ko ene. Egblẽa ame ƒe agbagbadzedze be yeawɔ nu nyui eye dzitsinya nyui nanɔ ye si la dome. Vevietɔ wu la, ate ŋu ade abi ame kple Mawu dome gbɔgbɔmeƒomedodo ŋu alo agblẽ edome. (Efesotɔwo 4:17-19) Nyateƒee, amamaɖeɖe nuwɔnawo nye dɔvɔ̃ si wòle be woaƒo asa na.—Lododowo 4:14, 15

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 20 Menye gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si le dzɔdzɔme nu—si nye gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si anɔ ame me ɖe srɔ̃a ŋu la ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe le afisia o.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Amamaɖeɖe nuwɔnawo troa amesi ƒe vidzinu to vovo ŋuti nukpɔsusu