Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi Si Me Kluvimenɔnɔ Nu Ayi!

Ɣeyiɣi Si Me Kluvimenɔnɔ Nu Ayi!

 Ɣeyiɣi Si Me Kluvimenɔnɔ Nu Ayi!

ABLƆÐE! Nya ʋɛ siawo léa dzi na amegbetɔwo vevie. Amewo wɔ avu kpe fu, nɔ agbe heku ɖe ablɔɖe didi ta. Gake nublanuitɔe la, ame geɖe siwo wɔe alea la kpɔe be yewomete ŋu ɖo afia aɖeke na yewoƒe taɖodzinua o. Ðe mɔkpɔkpɔ li be woava vo tso kluvinyenye mea—si me dziɖeleameƒo kple ŋukpe mele oa? Eɖe li.

Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ nu tso Mawu ƒe ŋugbedodo ŋu be: “Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:21) Gake aleke míawɔ ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ahe “ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe” ma ve godoo? Mɔ ɖeka enye be míadzro nuŋlɔɖi siwo ku ɖe alesi Mawu wɔ nu ɖe ameƒomea ŋu le ŋutinya me.

Biblia la gblɔ be: ‘Afisi Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.’ (Korintotɔwo II, 3:17) Ẽ, Mawu ƒe gbɔgbɔ, alo dɔwɔŋusẽ la tri akɔ ale gbegbe. Ezãnɛ tsɔ ɖea amewo tsoa kluvinyenye vovovowo me tso gbaɖegbe ke. Le mɔ kawo nu? Nenɔ susu me na mí be kluvi ƒomevi vovovowoe li. Míedzro vɔ̃ɖitɔwo dometɔ ɖeka me, si me ame si sesẽ wu tsɔa dzizizi alo ŋutasesẽ wɔa nɔvia kluvii. Gake de ŋugble le kluvinyenye ƒomevi bubu aɖewo ŋu kpɔ.

Amewo te ŋu zua kluviwo na numame vovovo siwo ŋu asi menya ɖena le o. Eye alakpadada kple amebeble te ŋu tsia amewo si, eye wote ŋu blea amewo dea aʋatsonufiafia me. Vɔ̃ɖitɔ wu kura enye be kluvinyenye aɖe li si kpɔa ŋusẽ ɖe mí katã dzi—míenyae alo míeɖanyae o—eye wòwua ame. Ke hã míedi be míate gbe ɖe edzi be togbɔ be míele nusiwo wɔa ame kluvii me dzrom ɖekae hã la, míele gbɔgblɔm be wosɔ o. Woto vovo sasasã tso wo nɔewo gbɔ. Gake nu vevi ɖeka aɖe dze le wo katã ŋu. Mlɔeba  la, Mawu si naa ablɔɖe akpɔ egbɔ be woaɖe ameƒomea tso kluvinyenye siawo katã me.

Ne Ame Va Zu Kluvi na Numame

De dzesi alesi agbalẽ si nye When Luck Runs Out gblɔ le tsatsadada ƒe numame ŋu: “Enye tɔtɔ si me didi si nu sẽ si dzi menya ɖuna o kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi be wòada tsatsa. Didia yia edzi nɔa sesẽm ɖe edzi kabakaba . . . vaseɖe esime wòɖu amea dzi keŋkeŋ, gblẽ nu le eŋu, hegblẽ nu vevi ɖesiaɖe le amea ƒe agbe me mlɔeba.” Ame aɖeke menya ame xexlẽme si va zua kluvi na tsatsadada o. Dukɔ ɖeka pɛ tɔ si wobu, si nye United States la le miliɔn ade lɔƒo.

Ahatsunono hã gblẽa nu le ame ŋu nenema ke alo wu gɔ̃ hã, eye ebɔ ɖe teƒe geɖe. Le dukɔ gã aɖe me la, ahatsunono ɖea fu na ŋutsu siwo le eme la ƒe afã. Ricardo, si nye ahatsunola kpɔ ƒe 20 aɖewo va yi ɖe numame sia me be: “Ne ènya fɔ ko la, aha anɔ dzrowòm vevie wòawɔ na wò be nàde nu aha me—be wò lãmekawo nadze akɔ anyi, be wòana nàŋlɔ wò kuxiwo be, alo be wòana kakaɖedzi wò be nàte ŋu anɔ te ɖe kuxi aɖe nu le agbe me. Ahanono va xɔa wò susu me katã, ke hã èdzea agbagba be yeaka ɖe edzi na ɖokuiwò kple ame bubu siwo li kpli wò be naneke megblẽ le ye ŋu o.”

Menye ahasesẽ koe nye numame si tsia ame si o. Ame miliɔn geɖe zãa atike manɔsenuwo le xexeame godoo. Gakpe ɖe eŋu la, amesiwo ade biliɔn 1.1 ye noa atama—si me atike si maa ame wu ɖesiaɖe la le. Edzroa ame geɖewo be woadzudzɔ gake etsia wo si. Ðe Yehowa nye Xɔnametɔ vavã na amesiwo dzi nu kpɔ ŋusẽ ɖo vevie alea? *

De ŋugble le Ricardo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Anɔ abe ƒe ewo enye esia va yi la, mekpɔ be ahatsunono nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe dzinye. Enɔ nu gblẽm le nye srɔ̃ɖeɖe, nye dɔwɔɖuia, kple nye ƒomea ŋu, eye medze sii be kuxia gbɔ manya kpɔ nam o negbe medo le eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ko hafi. Meva kpɔe le Biblia sɔsrɔ̃ me be ahedada—le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa—enye nusi dzɔna ɖe ahatsunola dzi. (Lododowo 23:20, 21) Medi be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Mawu dome, eye gbedodoɖa vevie na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye na mekpɔ ɖokuinye dze sii. Ŋutsu aɖe srɔ̃ Biblia kplim eye wònye xɔlɔ̃ vevi aɖe nam. Ne megatrɔ yi ahanonoa dzi la menaa ta o, ke boŋ egbɔa dzi ɖi eye  wòxlɔ̃a num vevie tso nusi Mawu di tso Kristotɔwo si la ŋu.”

Egbea la Ricardo vo tso nusi wɔe kluvi la si me—enyo wu alesi wònɔ tsã ya teti. Eʋu eme be le gɔmedzedzea me la yegamua aha ɣeaɖewoɣi. Egblɔ be: “Togbɔ be edzɔna alea ɣeaɖewoɣi hã la, didi vevie si le menye be masubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋu si srɔ̃nye kple hati Kristotɔ bubuwo nam ŋu la na be mete ŋu ɖu edzi. Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si ƒe ŋugbe Mawu do be ‘ame aɖeke magblɔ be yele dɔ lém o’ si me ahatsunono maganɔ anyi o. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, manɔ nye aʋa la wɔwɔ dzi gbesiagbe be matsɔ nye ŋutilã ‘awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dzea Mawu ŋu.’”—Yesaya 33:24; Romatɔwo 12:1.

Le xexeame godoo la, ame akpe geɖewo kpɔe be Mawue kpe ɖe yewo ŋu tẽ le yewoƒe agbagbadzedze me be yewote ŋu vo tso numame vovovowo ƒe ame si tsitsi me. Ne míagblɔe tututu la, woawo ŋutɔ koŋue na nɔnɔme aɖewo tsi wo si ɖewohĩ le esi wona ta le nyaƒoɖeamenuwo kple tetekpɔ vovovo aɖewo me ta. Ke hã wova kpɔe be Yehowae nye Xɔnametɔ si gbɔa dzi ɖi. Ele klalo be yeakpe ɖe amesiwo katã di vavã be yewoasubɔe ne wòado ŋusẽ wo.

“Nyateƒe la Lawɔ Mi Ablɔɖeviwoe”

Ke alakpadada kple amebeble ƒe ame si tsitsi ya ɖe? Yesu Kristo ka ɖe edzi na mí be míate ŋu avo tso wo me. Egblɔ be: “Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yohanes 8:31, 32) Esime wònɔ nya ma gblɔm la, eƒe nyasela geɖewo nɔ Farisitɔwo ƒe kɔnyinyi kpaɖii aɖe te. Le nyateƒe me la, Yesu ƒo nu le subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔlime ŋu be: “Wodoa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la, hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta; gake woawo ŋutɔ melɔ̃na be, woƒe asibide ɖeka naka wo ŋu o.” (Mateo 23:4) Yesu ƒe nufiafiawo ɖe amewo tso kluvinyenye ma me. Eklo nu le subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia dzi, hefia asi woƒe dzɔtsoƒe gɔ̃ hã. (Yohanes 8:44) Egblɔ nyateƒea boŋ na wo heɖe nusi Mawu di tso ameƒomea si si sɔ la fia wo alesi dze.—Mateo 11:28-30.

Abe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ene la, ame akpe nanewo va le ekpɔm egbea be yewoate ŋu avo tso subɔsubɔhawo ƒe alakpadada kple aʋatsonufiafia siwo wɔ wo kluviwoe la me to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. Ne wosrɔ̃ nyateƒe si naa gbɔɖeme ame tso Biblia me vɔ megbe la, wovona tsoa vɔvɔ̃ na ame kukuwo, kple vɔvɔ̃ na fuwɔwɔ ame tegbee le dzomavɔ me, eye wovona tsoa nyaƒoɖeamenu be woatsɔ ga si wokpe fu kpɔ la axe subɔsubɔdɔ ŋu fe si nunɔla siwo be Kristo—amesi gblɔ be: “Faa miexɔe, faa minae”—teƒee yewole la wɔna na wo la me. (Mateo 10:8) Gawu la, ablɔɖe gãtɔ le ŋgɔ gbɔna kpuie.

Kluvinyenye si Vloe Wu Ðesiaɖe

De dzesi alesi Yesu ƒo nu tso kluvinyenye vɔ̃ɖi aɖe, si míeyɔ va yi, si gblẽa nu le ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi ɖesiaɖe ŋu le anyigba dzi ŋu: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le nuvɔ̃ wɔm la, nuvɔ̃ ƒe kluvi wònye.” (Yohanes 8:34) Amekae ate ŋu agblɔ be yemewɔa nuvɔ̃ o? Apostolo Paulo gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be: “Menye nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ.” (Romatɔwo 7:19) Togbɔ be ame aɖeke mate ŋu aɖe eɖokui tso nuvɔ̃ ƒe kɔsɔkɔsɔwo me o hã la, mɔkpɔkpɔ mebu ɖe mi o.

 Yesu ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne Vi la wɔ mi ablɔɖeviwo la, ekema mianye ablɔɖeviwo vavã.” (Yohanes 8:36) Ŋugbedodo sia me vava fia be woava kpɔ ablɔɖe tso kluvinyenye vɔ̃ɖitɔ kekeake me kokoko. Be míate ŋu anya alesi míawɔ ado le eme la, gbã la ele be míakpɔ alesi míewɔ ge ɖe kluvinyenye me le gɔmedzedzea me ɖa.

Biblia ɖee fia be Mawu wɔ amegbetɔwo wonye amesiwo si tiatiawɔblɔɖe le eye nuvɔ̃wɔwɔ ƒe susu aɖeke menɔ wo me o. Gake Mawu ƒe gbɔgbɔmevi makpɔmakpɔ, ɖokuitɔdila aɖe di vevie be yeaɖu ameƒomea dzi, metsɔ le eme nusi wòagblẽ le wo ŋu o. Be wòate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔ la, mawudɔla dzeaglã sia, si wova yɔ emegbe be Satana Abosam la, trɔ mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa ƒe susu ɖa le Mawu ŋu. Esi Adam ɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu ƒe mɔfiafia si le tẽ la, menye eya ɖeɖekoe va zu nuvɔ̃wɔla o ke ena blibomademade kple ku hã to edzi yi na eƒe dzidzimeviwo katã. (Romatɔwo 5:12) Ʋɛʋɛʋɛ la Satana va zu ‘xexe sia me dziɖula,’ eye ‘nuvɔ̃ ɖu ameƒomea dzi abe fia ene to ku me.’—Yohanes 12:31; Romatɔwo 5:21; Nyaɖeɖefia 12:9.

Aleke míawɔ akpɔ ɖeɖe? Ne míeva zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo la, míaɖe vi tso Kristo ƒe vɔsakua me, eye ŋusẽ le esi be “[wòaɖi] gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la, eye wòaɖe amesiwo katã nɔ kluvinyenye me to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbenɔɣiwo katã me.” (Hebritɔwo 2:14, 15) Bu ema ŋu kpɔ—ablɔɖe tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me! Ðe ablɔɖe sia medzroa wò vevie oa?

Ke kluvinyenye si ƒomevi me míedzro le gɔmedzedzea me ya ɖe? Ðe amewo dzi zizi akpasesẽtɔe hã nu ava yi gbaɖegbea?

Kpɔɖeŋu Vevi aɖe si Nana Mɔkpɔkpɔ Mí

Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be woava ɖe kluvinyenye vɔ̃ɖi ma ƒomevi ɖa kokoko. Nukatae? Bu nya sia ŋu kpɔ: Yehowa Mawu ŋutɔe nye amesi xɔ ŋgɔ tẽ le amewo ɖeɖe tso kluvinyenye me le amegbetɔ ƒe ŋutinyawo katã me. Ànya se ŋutinya ma kpɔ.

Egiptetɔwo wɔ Israel dukɔa woƒe kluviwoe, zi wo dzi be woawɔ dɔ sesẽ hesẽ ŋuta le wo ŋu vevie. Wodo ɣli yɔ Mawu be wòaɖe yewo, eye wòɖo to wo le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, hexɔ na wo. Yehowa zã Mose kple Aron abe eƒe nyanuɖela ene hebia tso Egipte Farao si be wòaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo. Fiagã dadala ma sẽ dzime enuenu, eye esi Yehowa he fukpekpe siwo kplɔ wo nɔewo ɖo va anyigba dzi hã la egasẽ dzime kokoko. Mlɔeba la, Mawu bɔbɔ Farao ɖe anyi. Israel-viwo va kpɔ ablɔɖe mlɔeba!—Mose II, 12:29-32.

Ðe ŋutinya sia medo dzidzɔ na wò oa? Ðewohĩ anɔ wɔwɔm na wò be nukatae Mawu mewɔ nu ma tɔgbe ke egbea o. Nukatae mede nu amegbetɔwo ƒe nya me heɖe kluvinyenye ɖa o? Ðo ŋku edzi be menye Yehowae nye ‘xexe sia me dziɖula o’—Satanae. Le gbetɔame si Futɔ vɔ̃ɖi sia fɔ ɖe te va yi le Eden ta la, Yehowa ɖe mɔ nɛ be wòaɖu dzi ɣeyiɣi kpui aɖe. Kluvimenɔnɔ,  ameteteɖeanyi, kple ŋutasesẽ koŋue nye nusiwo bɔ ɖe Satana ƒe dziɖuɖua me. Le ŋusẽkpɔɖeamedzi sia te la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo na blanuiléle xɔ aƒe ɖe ŋutinya me. Biblia ƒo ŋutinya ma ta kpuie be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.

Gake vaseɖe ɣekaɣi? Biblia la na eme kɔ be míele “ŋkeke mamlɛ” siwo me ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ bɔ ɖo me. (Timoteo II, 3:1, 2) Nusiawo le fiafiam be madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒe si Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia la, aɖo ameƒome dzɔdzɔe siwo dome kluvinyenye maganɔ o la anyi. (Mateo 6:9, 10) Yesu Kristo si nye Fia si Mawu ɖo la atso ɖe kluvinyenye ƒomevi ɖesiaɖe ŋu vaseɖe esime wòaɖe futɔ mamlɛtɔ si nye ku ɖa.—Korintotɔwo I, 15:25, 26.

Ne ŋkeke ma ɖo mlɔeba la, ameƒomea me tɔ toɖolawo akpɔe be kpɔɖeŋu sue aɖe koe alesi woɖe Mawu ƒe amewo tso kluvinyenye me le Egipte nye ne wotsɔe sɔ kple ablɔɖe gã si woakpɔ. Ẽ, ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me “woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me.” Mlɔeba la amesiame ava ɖe vi bliboe tso “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.”—Romatɔwo 8:21.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nutsuɖuɖu bɔ ɖe Romatɔwo ƒe kplɔ̃ɖoɖowo me. Eyata woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woagana nuɖuɖu alo nu ma ƒomevi aɖe nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o.—Romatɔwo 6:16; Korintotɔwo I, 6:12, 13; Tito 2:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Amesiwo anɔ miliɔn ade sie tsatsadada ƒe numame tsi le United States ɖeɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Atike, aha, kple atama nono ƒe numame tsi ame miliɔn alafa geɖe si

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24, 25]

Abe Ricardo ene la ame akpe nanewoe kpɔe be Mawu kpe ɖe yewo ŋu yewoɖu numamewo dzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Abe alesi woɖe Israel-viwo tso kluvinyenye mee ene la, eteƒe madidi o woana Mawu ƒe tadeagula vavãwo nakpɔ ablɔɖe gãtɔwo