Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naɖe Gbeƒã Na Ame Bubuwoa?

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naɖe Gbeƒã Na Ame Bubuwoa?

ÐEWOHĨ afisi wonyi wò le alo mía gbɔ kɔnuwo meɖea mɔ be woadzro mawusubɔsubɔ me kple ame bubu siwo mele ƒomea me alo sɔlemehaa me o. Eyata ɖewohĩ madzɔ dzi na wò ne ame aɖe va gbɔwò le vome kple Biblia o. Le ame aɖewo gome la, nukpɔsusu sia va su wo si le ŋutasẽnu siwo wowɔ le mawusubɔsubɔ ƒe ŋutinya me tsɔ ble amewo be yewole kpekpem ɖe wo ŋu be woakpɔ xɔxɔ ta.

Dukɔ geɖewo ƒe ŋutinya ɖee fia be menye lɔlɔ̃ na Kristoe ʋã ameha siwo wotrɔ dzime na o, ke boŋ vɔvɔ̃ be woava tsɔ yi atsrɔ̃ yewo ne yewometrɔ dzime o lae. Wo dometɔ geɖewo si va be, hegblẽ woƒe aƒe kple wo dedukɔ ɖi, alo ku gɔ̃ hã—wotɔ dzo wo dometɔ aɖewo ɖe ati ŋu—esi wogbe be yewomatrɔ azu wo yometilawo ƒe subɔsubɔha me tɔwo o ta.

Biblia me nuŋlɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me meda asi ɖe dzimetɔtrɔ na ame akpasesẽtɔe sia tɔgbe dzi o. Eyata ɖe esia te fli ɖe ame ƒe dzixɔsewo me dzodzro kple ame bubuwo mea? Biblia la ŋutɔ ɖo eŋu.

Nufiafia le Ŋusẽ Me

Gbã la, de ŋugble tso kpɔɖeŋu si Yesu Kristo ɖo ŋu kpɔ. Enye nufiala bibi aɖe si ƒe nyawo kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nyaselawo ƒe agbe dzi. (Yohanes 13:13, 15) Le Todzimawunyaa me la, eƒe nufiafiawo nɔ bɔbɔe gake wokpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi. Ena be “kuvia ɖo [amehawo] le eƒe nufiafia la ŋuti; elabena ele nu fiam wo abe amesi si ŋusẽ le ene.” (Mateo 7:28, 29) Ƒe 2,000 aɖe megbe la eƒe nufiafia gakpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo dzroa eme la dzi kokoko. Esi Nufialagã Hans Dieter Betz nɔ kpe ɖom nukpɔsusu sia dzi la, egblɔ be “ŋusẽ si Todzimawunya la kpɔna ɖe amewo dzi la keke ta gbɔ Yudatɔwo kple Kristotɔwo ƒe liƒo, kple Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe kɔnuwo gɔ̃ hã ŋu.”

Esi wòsusɔ vie Yesu nayi dziƒo la, ede se si ana be dɔ si gɔme wòdze la ayi edzi eye wòatse ku gɔ̃ hã le eƒe ku megbe. (Yohanes 14:12) Ede se na eƒe nusrɔ̃lawo be woayi dukɔwo katã me “afia wo bena, woawɔ nusiwo katã” ƒe se yede na wo. Yesu na tameɖoɖo vevi si le dɔdasi sia ŋu me kɔ le nuƒo sia ke me be: ‘Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.’—Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8.

De ŋugble tso apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu hã ŋu kpɔ. Le eya ŋutɔ ƒe Kristotɔ zuzu megbe la, xɔse yeye si ŋu wòke ɖo gbɔgblɔ na ame bubuwo mekpea ŋu nɛ o. (Dɔwɔwɔwo 9:17-19, 22) Nuƒoƒo le ƒuƒoƒewo nye nusi Paulo nɔa wɔwɔm ‘hetsɔa nyawo nɔ kpe ɖom edzi be ele na Kristo be, wòakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome.’ Etsɔ aɖaŋudzedze ‘nɔ Ŋɔŋlɔawo me dzrom kple wo’ be ‘wòaƒoe ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo  nu.’ Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si wozã be “ƒoe ɖe nu” fia be “woana ame aɖe natrɔ eƒe susu to nane si me wodzro hekpɔ gɔmesese nɛ me alo to ŋugble si wode le agbenyuinɔnɔ ŋu si kpɔ ŋusẽ ɖe edzi ta.” Nusi do tso Paulo ƒe nyaƒoɖeamenua mee nye be “[eƒoe] ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame.”—Dɔwɔwɔwo 15:3; 17:1-4, 17; 18:4; 19:26.

Dzizizi alo Nyaƒoɖeamenu—Kae?

Le egbe ŋkekeawo me la, wozãa nya “dzimetɔtrɔ na ame” tsɔ fia dzimetɔtrɔ na ame akpasesẽtɔe ƒomevi vovovowo. Bibliaa meda asi ɖe nuwɔna ma dzi o. Ke boŋ efiaa nu be wowɔ amegbetɔ wònye amesi si tiatiawɔblɔɖe le eye alesi wòanɔ agbee ƒe mɔnukpɔkpɔ kple emetsonua ƒe agba nye etɔ. Esia lɔ alesi woasubɔ Mawui ƒe nyametsotso wɔwɔ hã ɖe eme.—Mose V, 30:19, 20; Yosua 24:15.

Yesu de bubu gomenɔamesi ƒe nunana sia si tso Mawu gbɔ la ŋu eye metsɔ eƒe ŋusẽ gã si nɔ esi kple amegãnyenye zii ɖe ame aɖeke dzi kpɔ gbeɖe be wòalɔ̃ ɖe yeƒe nyawo dzi o. (Yohanes 6:66-69) Ezã numedzodzro si le tẽ, kpɔɖeŋuwo, kple nukpɔsusu ƒe biabiawo tsɔ ʋã eƒe toɖolawoe kple susu be yeaɖo woƒe dzi gbɔ. (Mateo 13:34; 22:41-46; Luka 10:36) Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woade bubu sia ke ame bubuwo hã ŋu.—Mateo 10:14.

Edze ƒã be Paulo srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ne Paulo le nya ƒom ɖe eƒe nyaselawo nu tso Ŋɔŋlɔawo me la, edea bubu ame bubuwo ƒe seselelãme kple nukpɔsusu ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:22, 23, 32) Enya be lɔlɔ̃ na Mawu kple Kristoe wòle be wòaʋã mí be míasubɔ mía Wɔla veviedodotɔe. (Yohanes 3:16; 21:15-17) Eyata nyametsotsowɔwɔ nye ame ŋutɔ ƒe nya.

Ame Ŋutɔ ƒe Nyametsotsowɔwɔ

Ne amegbetɔ siwo si nunya le le didim be yewoakpɔ nu vevi aɖewo gbɔ le agbe me, abe aƒe si ƒomevi woaƒle, afisi woawɔ dɔ le, kple alesi woanyi viwoe ene la, wometsona ko wɔnɛ o. Woaku nu me tso mɔnukpɔkpɔ vovovoawo ŋu, ade ŋugble tso nusi ŋu woke ɖo ŋu eye, ɖewohĩ, ahabia aɖaŋuɖoɖo. Nusiawo ŋu bubu megbe ko hafi woawɔ nyametsotso.

Edze be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋutete ɖe alesi míade ta agu na Mawui ƒe nyametsotsowɔwɔ ŋu geɖe wu nyametsotso bubu ɖesiaɖe wɔwɔ le agbe me. Akpɔ ŋusẽ ɖe alesi míenɔa agbee fifia dzi, eye vevietɔ wu la, akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ la dzi. Esia me kɔ nyuie na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Beroia. Togbɔ be apostolo Paulo ŋutɔe ɖe nyanyuia me na wo hã la, wogadzroa Ŋɔŋlɔawo me kpɔna tsitotsito gbesiagbe be yewoakpɔ egbɔ be nusi fiam wole yewo nye nyateƒe. Esia na “wo dometɔ geɖe xɔe se.”—Dɔwɔwɔwo 17:11, 12.

Egbea la, Yehowa Ðasefowo yi edzi le nufiafia kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si ƒe ɖoɖo Yesu wɔ da ɖi la wɔm. (Mateo 24:14) Wodea bubu gomenɔamesi si le ame bubuwo si be woatia subɔsubɔ si dze wo ŋu la ŋu. Gake ne wole woƒe dzixɔsewo me dzrom kple ame bubuwo la, wozɔna ɖe kpɔɖeŋu si le Biblia me dzi. Ẽ, wowɔa numedzodzro si le tẽ tso Ŋɔŋlɔawo me si nye dɔ si woxɔ se be enye agbeɖeɖedɔ.—Yohanes 17:3; Timoteo I, 4:16.