Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunono Fadziname si Wòtsɔa Numiemie Wɔnuku aɖe Wɔna

Nunono Fadziname si Wòtsɔa Numiemie Wɔnuku aɖe Wɔna

 Nunono Fadziname si Wòtsɔa Numiemie Wɔnuku aɖe Wɔna

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE NIGER GBƆ

ÐE NÈKPƆA dzidzɔ ɖe nu fafɛ nono ŋu ne dzoxɔxɔ lia? Ƒome geɖe siwo le Ɣetoɖoƒe Afrika kpɔa dzidzɔ ɖe nunono fadziname dzeani, si vivina, si naa lãmesẽ, eye mena wogblẽa ga osi wotsɔ numiemie wɔ la ŋu. Woyɔa nunono sia be bissap, eye seƒoƒo si nye Roselle mee woɖee tsoe. Seƒoƒo sia te ŋu kɔna afɔ ade alo esi wu nenema. Etsina le xexeame ƒe akpa vovovowo vevietɔ le dukɔ siwo me yame ƒe nɔnɔme xɔ dzo le wu abe Niger, Mali, kple Senegal ene me.

Alesi Wowɔa Bissap Lae

Wokɔa numiemie sia ƒe seƒoƒo si anɔ gatsivi ɖeka ɖe tsi lita ɖeka me. Woɖonɛ dzoe wòfiena emegbe wodanɛ ɖi aɖabaƒoƒo 15 va ɖo 20 be woaɖi ɖe eme. Wotsyɔa seƒoƒoa le eme, eye woate ŋu ano tia dzodzoe alo fafae woade sukli eme loo alo woanoe ƒuƒlu. Egbea la, míedi be míawɔ nunono fafɛ si avivi ɖeviwo nu eyata míade sukli eme. Ƒome aɖewo hã dea ahame alo vanilla nunonoa me be woaʋẽ nyuie. Wokɔa bissap fafɛ si biã lalalã ɖe aŋe kotoku vi siwo me kɔ nyuie me, heblaa enu. Esɔ gbe woama na ɖevi siwo di vevie be yewoanoe azɔ! Woŋɔa aŋea nu kple dzidzɔ henoa woƒe nu vivia dzidzɔtɔe. Ele eme baa be, edzɔa dzi na wo dometɔ aɖewo be woanoe le kplu me boŋ.

Tsɔ kpe ɖe alesi bissap vivinae ŋu la, enye aha si nyo na amesiame. Calcium, phosphorus, iron, vitamin A kple C, kple nu geɖe le eme! Ame aɖewo gblɔna be bissap ganaa wodea afɔdzi nyuie, ɖɔa aɖuɖɔ edziedzi eye wonaa aklã la wɔa dɔ nyuie. Aleke kee wòɖale o dzidzɔ ka gbegbee wònye na mí be tsɔ kpe ɖe alesi numiemie sia dzeanii ŋu la, míegakpɔa nunono si naa lãmesẽ mí tso eme enye esi!

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]

Photo by Kazuo Yamasaki