Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòle Be Nàxlẽ Nu na Viwòwo Woase?

Nukatae Wòle Be Nàxlẽ Nu na Viwòwo Woase?

Nukatae Wòle Be Nàxlẽ Nu na Viwòwo Woase?

“Eva gbɔnye, hede ata dzi nam eye wònɔ agbalẽ aɖe si ƒe axawo ŋlɔ eye wòƒo . . . azi tutu ƒe ami la hem, eye wòbia be . . . , ‘Papa, kpe ɖe ŋunye maxlẽe; kpe ɖe ŋunye maxlẽe.’”—Ðk. Clifford Schimmels, agbalẽsrɔ̃nyawo ŋu nufialagã.

ÐEVIWO—wosrɔ̃a nu kabakaba ale gbegbe. Numekuku ɖee fia be tɔtrɔwo yia edzi le ɖevi siwo mexɔ ƒe etɔ̃ haɖe o la ƒe ahɔhɔ̃ me kabakaba. Dzilawo ƒe gbesiagbenuwɔna siwo dometɔ aɖewoe nye nuxexlẽ, hadzidzi, kple lɔlɔ̃ɖeɖefia ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le ɖevi ƒe tsitsi le lãmesẽ me ŋu. Gake numekuku aɖe ɖee fia be ɖevi siwo katã xɔ tso ƒe eve va ɖo ƒe enyi dzilawo ƒe afã lɔƒo koe xlẽa nu na wo viwo gbesiagbe. Ðewohĩ àbia be, ‘Ðe nuxexlẽ na vinye le vevie ŋutɔŋutɔa?’

Nuxexlẽ ƒe Didi Ƒaƒã ɖe Wo Me

Agbalẽnyalawo do susua ɖa be ŋuɖoɖoae nye ẽ. Agbalẽ si nye Becoming a Nation of Readers me nyatakaka gblɔ be: “Dɔ si le vevie wu be woatu sidzedze si hiã hena dzidzedzekpɔkpɔ mlɔeba le nuxexlẽ me le etsɔme ɖo enye nuxexlẽ sesĩe na ɖeviwo. Esia le vevie ŋutɔ le ƒe siwo do ŋgɔ na sukudeɣi me.”

Ne ɖeviwo le to ɖom ŋutinya siwo xlẽm wole na wo tso agbalẽ me la, wosrɔ̃nɛ tso ɖevime be, ŋɔŋlɔdzesi siwo le agbalẽ me la sɔ kple nya siwo le míaƒe nyagbɔgblɔwo me. Wova nyana atsyã siwo me woŋlɔa agbalẽwo ɖo hã. Nuxexlẽ ne woase ŋuti mɔfiamegbalẽ aɖe gblɔ be: “Ɣesiaɣi si míexlẽ nu na ɖevi aɖe la, míeɖoa gbedasi ‘dodzidzɔname’ aɖe ɖe eƒe ahɔhɔ̃ me. Àte ŋu ayɔe gɔ̃ hã be boblododo, si trɔa asi le ɖevia ŋu be agbalẽwo kple nusiwo wota ɖe eme nado dzidzɔ nɛ.” Dzila siwo dea agbalẽxexlẽ ƒe dzi ƒo la aƒã nuxexlẽ ƒe didi si anɔ anyi ɖaa ɖe wo viwo me.

Kpekpe Ðe Wo Ŋu be Woanya Nusiwo Le Edzi Yim

Dzila siwo xlẽa nu na wo viwo ate ŋu ana nu xɔasi aɖe—amewo, teƒewo, kple nuwo ŋuti nunya. To agbalẽwo dzi la, woate ŋu “ade” xexea ƒe akpawo katã nu boo aɖeke magblẽmagblẽe. Bu ƒe eve vi si nye Anthony, amesi dadaa xlẽ nu na tso edziɣi ke la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Dada gblɔ be: “Eƒe tsaɖiɖi ayi lãwo kpɔƒe zi gbãtɔ nye mɔzɔzɔ aɖa kpɔ nuwo ake.” Nukpɔkpɔ akea? Ẽ, togbɔ be esiae nye zi gbãtɔ si Anthony le gbetedziwo, dzatawo, sɔvedawo kple lã bubuwo kpɔm ŋutɔŋutɔ hã la, enya nu tso nuwɔwɔ siawo ŋu xoxo.

Dadaa gagblɔ kpee be: “Anthony to agbalẽwo dzi nya ame, lã, nu kple nukpɔsusu gbogbo aɖewo dzidzɔtɔe le eƒe ƒe eve gbãtɔwo xɔxɔ me.” Nyateƒee, nuxexlẽ na ɖeviwo esime wole sue ate ŋu akpe ɖe wo ŋu geɖe be woanya nusiwo le edzi yim.

Ƒomedodo Kplikplikpli Tutuɖo Ðo

Ne ɖeviwo le tsitsim la, wotua nɔnɔme siwo ava kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuwɔnawo dzi le ƒe siwo ava akplɔe ɖo me ɖo. Eyata ele na dzilawo be woaɖo gɔmeɖoanyi si ahe ƒomedodo kplikplikpli si me kakaɖedzi, bubudedeameŋu, kple nugɔmesese le la anyi. Nuxexlẽ ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le esia wɔwɔ me.

Ne dzilawo di ɣeyiɣi kɔ wo viwo ɖe akɔ hexlẽ nu na wo la, nusi gblɔm wole na wo la me kɔna ƒã be: “Melɔ̃ wò.” Phoebe, si nye vidada aɖe si le Canada, gblɔ le nuxexlẽ na viaŋutsu, si xɔ ƒe enyi fifia ŋu be: “Mía kple srɔ̃nye míekpɔe be esia wɔ akpa vevi aɖe le alesi Nathan tena ɖe mía ŋu kplikplikpli ŋu. Etena ɖe mía ŋu faa eye wògblɔna alesi wòsena le eɖokui me edziedzi na mí. Esia na kadodo tɔxɛ aɖe le mía dome.”

Cindy na nuxexlẽ na vianyɔnuvi zu numame nɛ esime ɖevia xɔ ƒe eve lɔƒo hete ŋu nɔa anyi sea nya aɖabaƒoƒo ɖeka alo eve. Ðe ɣeyiɣi kple agbagba siwo katã wòdze la ɖe via? Cindy gblɔ be: “Xɔlɔ̃wɔwɔ, kple dziɖeɖeanyi ƒe nɔnɔme si me míanɔ axlẽ nu ɖekae koe nye nusi hiã ɣeaɖewoɣi be wòaʋã Abigail be wòagblɔ suku me nudzɔdzɔ alo kuxi aɖe si ɖo eya kple exɔlɔ̃ aɖe dome na mí. Dzila kae madi be wòanɔ alea na ye o?” Kakaɖedzi li be, nuxexlẽ wòaɖi ate ŋu ana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ dzila kple vi dome.

Agbemeɖaŋu Veviwo Ƒaƒã ɖe Wo Me

Agbalẽ si nye 3 Steps to a Strong Family gblɔ be: “Egbeviwo tsɔa nyatakaka gbegblẽ siwo tsoa television kple teƒe bubuwo ƒoa ɖi susu ale gbegbe be, wohiã na nyatakaka, nuŋububu nyui agbɔsɔsɔ aɖe, nunya agbɔsɔsɔ aɖe, susu ƒe dɔwɔna aɖe si akpe ɖe wo ŋu woanɔ agbe ɖe woƒe gɔmeɖosewo nu be wòana gɔmesese nyuie nanɔ woƒe agbe ŋu.” Dzilawoe ate ŋu aƒã nɔnɔme nyuiwo ɖe ɖeviwo me.

Nyagbe sesẽ siwo woŋlɔ nyuie ɖe agbalẽwo me ate ŋu anye dɔwɔnu nyui si woatsɔ afia nu ɖevi be wòanya alesi wòaɖe eɖokui nu le nuƒoƒo kple nuŋɔŋlɔ sia me. Dorothy Butler, si nye Babies Need Books, ŋlɔla gblɔ be: “Amesiame ƒe nuŋububu ƒe nyonyome anɔ te ɖe gbe si wòdona ƒe nyonyome dzi. Nyateƒee, gbegbɔgblɔ nye nu vevi aɖe le nusɔsrɔ̃ kple nunyanya sia gome.” Dzeɖoɖo ƒe ŋutete nyuie nana ƒomedodo nyuiwo nɔa anyi.

Agbalẽ siwo sɔ xexlẽ hã ate ŋu aƒã agbenyuinɔnɔ ɖe ame me. Dzila siwo xlẽa nu na wo viwo eye wodea ŋugble kpli wo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatu kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe ŋutete ɖo. Ne Cindy le nu xlẽm na vianyɔnuvi Abigail la, eléa ŋku ɖe alesi Abigail le nu wɔmee ɖe nusiwo ŋu nya gblɔm wole le ŋutinyaa me la ŋu nyuie. “Esi míenye edzilawo ta la, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eƒe amenyenye ƒe nɔnɔme siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o ŋu ahatsɔ mɔkpɔkpɔ akpe ɖe eŋu be wòaƒo asa na susu gbegblẽ tso eƒe ɖevimenɔɣi ke.” Nyateƒee, nuxexlẽ na ɖeviwo ate ŋu afia nu susu kple dzi sia.

Na Dzidzɔ Nanɔ Nuxexlẽ Me

Xlẽ nu le “dziɖeɖi me,” eye nana fefewɔwɔ, ŋutifafa, kple vivisese nanɔ eme. Dzila dzeaɖaŋuwo nya ɣeyiɣi si wòle be wòadzudzɔ nuxexlẽ. Lena gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ɖeɖi tea Andrew, si xɔ ƒe eve ŋu, ale gbegbe be menɔa anyi kpoo eteƒe didina o. Míeɖea míaƒe nuxexlẽ ƒe ɖoɖoa dzi kpɔtɔna be wòasɔ ɖe eƒe nɔnɔme nu. Míedi be nuxexlẽ ŋuti seselelãme gbegblẽ aɖeke kura naɖo Andrew me o, eyata míezinɛ ɖe edzi ɣeyiɣi didi wu alesi wòate ŋui o.”

Nuxexlẽ sesĩe bia nu geɖe wu nusi woŋlɔ la yɔyɔ wòaɖi ɖeɖeko. Nya ɣeyiɣi si nàʋu agbalẽ si me nɔnɔmetata le ƒe axawo ale be woatsi dzi ɖe eŋu. Wò nuxexlẽa nezɔ tẽ abe alesi wòle le agbalẽa me ene. Gbeɖiɖi tɔtrɔ kple gbetete ɖe gɔmesese dzi hã ate ŋu ana ŋutinyaa navivi. Vividodoɖeameŋu si adze le gbewò me ate ŋu ana viwò nase le eɖokui me be yele dedie.

Viɖea gasɔa gbɔ ɖe edzi ne viwò kpɔa gome le eme nyuie. Enuenu la, tɔ nàbia nya siwo ŋuɖoɖo bia numeɖeɖe. Ðe viwòa ƒe nyaŋuɖoɖoa me to nusiwo wòagate ŋu afia la gbɔgblɔ kpee me.

Tia Agbalẽawo Nyuie

Gake ɖewohĩ nusi le vevie wu enye be woatia agbalẽ nyuiwo. Esia wɔwɔ bia wo me toto do ŋgɔ. Lé ŋku ɖe agbalẽawo ŋu nyuie, eye nàzã esiwo nyo alo numekɔkɔ kple nufiame nyuiwo le wo me la ko. Lé ŋku ɖe akpaa, nɔnɔmetataawo, kple atsyã si me woŋlɔe ɖo la ŋu nyuie. Tia agbalẽ siwo dzɔa dzi na dzila kple vi sia. Zi geɖe la, ɖeviwo abia be woagbugbɔ ŋutinya ma ke axlẽ na yewo zi gbɔ zi geɖe.

Dzila siwo le xexeame godoo kpɔ dzidzɔ ɖe Nye AgbalSi Nye Biblia-Ŋutinyawo ŋu vevie. * Ðe wotae be dzilawo naxlẽ na wovi suewo, eye menye ɖee wòakpe ɖe ɖeviwo ŋu be woava zu nuxlẽla nyuiwo ko o, ke boŋ anyɔ woƒe didi ɖe Biblia hã ŋu.

Dzila siwo xlẽa nu na woviwo ate ŋu aƒã nuxexlẽ nyuie ƒe nɔnɔme ɖe wo me, si ate ŋu ahe emetsonu nyuiwo vɛ le agbenɔɣi katã me. JoAnne gblɔ le vianyɔnuvi ŋu be: “Menye ɖeko Jennifer srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ hafi dze suku gɔme, hekpɔ dzidzɔ ɖe nuxexlẽ ŋu ko o, ke vevietɔ wu la, etu lɔlɔ̃ na Wɔla Gã, Yehowa, ɖo. Jennifer srɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe eƒe Nya, Biblia, ŋu be wòafia mɔe le eƒe nyametsotsowo katã wɔwɔ me.” Le nyateƒe me, nusi nèkpe ɖe ɖevi ŋu wòlɔ̃ ate ŋu anɔ vevie wu nusi nèkpe ɖe eŋu wòsrɔ̃.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 24 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 30]

Ne Èle Nu Xlẽm na Viwò La

• Dze egɔme esime wògakpɔtɔ nye vidzĩ.

• Na viwò nadze akɔ anyi ɖe nuxexlẽ ŋu.

• Xlẽ ŋutinya siwo dzɔa dzi na mi katã.

• Xlẽ nua edziedzi alesi nàte ŋui eye seselelãme nanɔ eme.

• Na viwòa nakpɔ gome le eme to nyawo biabiae me.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 29]

Photograph taken at the Wildlife Conservation Society’s Bronx Zoo