Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Gbagbewo Dome Kadodo Nyadri La

Nu Gbagbewo Dome Kadodo Nyadri La

Nu Gbagbewo Dome Kadodo Nyadri La

“Nu gbagbe vovovoawo ƒe anyinɔnɔe lé míaƒe agbe ɖe te. Wo dzie mía ŋutɔwo ƒe agbe kple agbemenuhiahiãwo nɔ te ɖo.”—DUKƆ ƑOƑUAWO ƑE NUTOME GBƆKPƆHA.

ANYIGBA dzi nu gbagbewo sɔ gbɔ ŋutɔ heto vovo tso wo nɔewo gbɔ ale gbegbe. Nyagbe “nu gbagbe ƒomevi vovovowo” alo kpuie ko la, “nu gbagbewo” fia nu gbagbe vovovo siwo katã le anyigba dzi, tso nugbagbevi suesuewo dzi va ɖo ati gã nyadri si woyɔna be sequoia dzi; tso vɔkluiwo dzi va ɖo hɔ̃wo dzi.

Anyigba dzi nu gbagbe ƒomevi vovovo siawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe agbe nɔa te ɖe nɔvia dzi, eye nusiwo me agbe mele o hã nye eƒe akpa aɖe. Nu gbagbewo nɔa agbe ɖe nusiwo me agbe mele o abe yamenutome, atsiaƒu gã gbanaawo, tsi nyuiwo, agakpewo, kple ke ene dzi. Agbemenu vovovo siawo siwo nɔa te ɖe wo nɔewo dzi aleae woyɔ be nuto si me agbe le, eye amegbetɔwoe nye eƒe akpa vevitɔ.

Nugbagbevi suesuewo le nu gbagbe ƒomevi vovovoawo dome. Dɔ vevi geɖe li wonya be nu gbagbe siawo dometɔ geɖe wɔna si wɔnɛ be agbe nya nɔna na nu gbagbewo le wo nɔƒewo. Numiemiewo hã le nu gbagbe ƒomevi vovoawo me siwo ɖea asi le ya si nyo na gbɔgbɔ ŋu to mɔnu si nye ɣe ƒe ŋusẽ xɔxɔ kple asitɔtrɔ le eŋu wòazu sukli aɖewo tɔgbe si wodzrana ɖo, siwo dzi nu gbagbe bubuwo akpa gãtɔ nɔa agbe ɖo.

Nu Gbagbe Ƒomevi Vovovo Siwo Le Tsɔtsrɔ̃m

Togbɔ be nu gbagbe ƒomevi vovovowo ƒe anyinɔnɔ nya kpɔ ŋutɔ hã la, nublanuitɔe la, numekula geɖe le gbɔgblɔm be amegbetɔwo le nu gbagbe ƒomevi vovovoawo tsrɔ̃m le agbɔsɔsɔ dziŋɔ aɖe me. Le mɔ kawo nu?

Nu gbagbewo nɔƒe gbegblẽ. Esia koŋue nye mɔ si nu wotona tsrɔ̃a nu gbagbeawo. Mɔnuawo dometɔ aɖewoe nye ati gãwo tsotso, tomenukuku, avewo ƒoƒo be nyihawo nakpɔ gbe aɖu, kple tsitawo ɖeɖe, kpakple mɔdodowo ɖeɖe to afisiwo nye gbedadaƒo tsã. Ne nu gbagbewo ƒe nɔƒewo va xaxa la, nu gbagbe ƒomeviwo megakpɔa nusi dzi woanɔ agbe ɖo o. Nu gbagbewo nɔƒewo le miamiam, le gbegblẽm, le bubum. Wogblẽ mɔ siwo dzi lãwo ʋuna tona yia teƒe bubuwo dome. Lã ƒomevi aɖewo tsrɔ̃na. Nu gbagbe siwo le nutoa me mete ŋu hayana tsoa dɔléle kple nuveviwɔame bubuwo me o. Ewɔe be vivivi la nu gbagbe ƒomeviawo va nɔa kukum ɖekaɖeka.

Nu gbagbe ƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ te ŋu naa bubuwo hã tsrɔ̃na, elabena ne wo dometɔ aɖe do le kadodoa me la, egblẽa nu le bubuawo ŋu. Ne nu gbagbe ƒomevi akpa vevi wɔla aɖe—abe lã siwo naa numiemiewo ƒoa se ene—tsrɔ̃ la, ete ŋu gblẽa nu le nu gbagbe ƒomevi gbogbo aɖewo ŋu.

Nu gbagbe ƒomeviwo kpɔkplɔ va nuto yeye aɖe mee. Ne amegbetɔwo kplɔ nu gbagbe ƒomevi aɖewo tso teƒe bubu va nuto yeye aɖe mee la, nu gbagbe ƒomevi ma te ŋu va ɖoa tɔ ɖe nu gbagbe ƒomevi bubuwo nɔƒe nu. Azɔ hã, nu gbagbe ƒomevi yeyeawo te ŋu trɔa nɔƒea le mɔ geɖe si medzena gaglã o nu tsɔ nyãa esiwo li xoxo la dea gbe, alo dɔléle si dzi nu gbagbe siwo li xoxo mate ŋu aɖu o te ŋu nɔa yeyeawo ŋu wotsɔna vanɛ. Vevietɔ le ƒukpowo dzi, afisiwo nu gbagbe ƒomevi aɖewo ɖeɖe nɔ ɣeyiɣi didi aɖe eye womedo go yeyeawo kpɔ kura o la, tɔtrɔ ɖe nɔnɔme yeyea ŋu menya wɔna na xoxoawo o eye wote ŋu kuna.

Esia ŋuti kpɔɖeŋu ɖeka enye gbe wuwlui “si wua nu gbagbewo” si nye Caulerpa taxifolia si le ƒumelã ƒomevi vovovowo tsrɔ̃m le Mediterranea-ƒua me la. Esi wotsɔe va afisi tsɔ ɖe Monaco-ƒuta le manyamanya me la, ele kakam ɖe ƒua gɔme fifia. Enye aɖi, eye womenya nusi wunɛ o. Alexandre Meinesz, si nye nufialagã si fiaa nu tso ƒumenugbagbewo ŋu le Nice Yunivɛsiti, le France gblɔ be: “Anye nu gbagbewo kple wo nɔƒe ƒe tsɔtsrɔ̃ gã aɖe ƒe gɔmedzedze teƒee nye esia kpɔm míele.”

Nu gbagbewo ŋudɔwɔwɔ si gbɔ eme. Esia na nu gbagbe ƒomevi geɖe tsrɔ̃. Nya sia ŋuti kpɔɖeŋu ɖekae nye Dziehe Amerika hɔnɛ gã ƒomevi aɖe si ƒe ble didi. Le ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedzea la, enye xe si bɔ ɖe Dziehe Amerika wu ɖesiaɖe. Ne woʋu yina—le ƒuƒoƒo me abe biliɔn ɖeka ene alo wu nenema—la wonaa yame doa viviti ŋkeke geɖe. Gake kakaa ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu naɖo la wowu wo wovɔ keŋkeŋ kloe, eye le September ƒe 1914 me la, ahɔnɛ sia ƒomevi ƒe mamlɛtɔ ku le Cincinnati lãwo nɔƒe. Nenema ke wòkpɔtɔ vie wowu to si tɔgbe le Great Plains la wovɔ keŋkeŋ kloe.

Amegbetɔwo ƒe dzidziɖedzi. Amegbetɔ ƒome si nɔ anyigba dzi le ƒe alafa 19 lia ƒe domedome ƒe agbɔsɔsɔ nye biliɔn ɖeka. Esi amegbetɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖo biliɔn ade le ƒe alafa ɖeka blatɔ̃ megbe la, wova te tame bubu be ɖe yewoƒe agbɔsɔsɔ le nuzazã siwo le anyigba dzi ŋu gbɔm hã. Esi amegbetɔwo le dzidzim ɖe edzi ƒe sia ƒe la, nu gbagbe ƒomeviwo le vɔvɔm wòle ŋɔ dzim ale gbegbe.

Xexeame ƒe dzoxɔxɔ si le ŋɔ dzim. Dukɔwo Dome Yame ƒe Nɔnɔme Tɔtrɔ Ŋuti Numekuha gblɔ be ele bɔbɔe be yame ƒe dzoxɔxɔ ayi dzi ŋutɔ aɖo dzidzenu Celsius 3.5° le ƒe alafa sia me. Dzoxɔxɔ sia yi ŋgɔ akpa na nu gbagbe ƒomevi aɖewo be woatsi agbe. Numekulawo gblɔ be anye atsiaƒu ƒe dzoxɔxɔe na adzakpowo (siwo ŋu ƒumenugbagbe vovovowo dometɔ geɖe bena ɖo) le kakam.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be ne atsiaƒua va dzi meta ɖeka la, ate ŋu axɔ xexeame ƒe ƒutanyigbawo, siwo nye nu gbagbe vovovo gbogbo aɖewo ƒe nɔƒe la ƒe akpa gã aɖe. Wo dometɔ aɖewo xɔe se be xexeame ƒe dzoxɔxɔ ate ŋu anɔ Greenland kple Anyiehenyigbaa ƒe tsikpewo lolom. Afɔku gã ŋutɔe wòanye adzɔ ɖe anyigbaa dzi ne tsikpe siawo lolo.

Nu Gbagbewo Tsɔtsrɔ̃ ƒe Afɔku Aɖe

Aleke gbegbee nu gbagbe ƒomeviwo le tsɔtsrɔ̃mee? Womete ŋu ɖoa nya sia ŋu wòsɔna pɛpɛpɛ gbeɖe o. Nu gbagbe siwo le tsɔtsrɔ̃m ƒe akpa gãtɔ kpɔtɔ ɣla ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo. Gbã ele be woanya nu gbagbe ƒomevi siwo li. John Harte, amesi nye nu gbagbewo kple wo nɔƒe ŋuti nunyala si le California Yunivɛsiti le Berkeley, gblɔ be “nu gbagbe ƒomevi siwo ŋkɔ wonya le anyigba dzi ƒe xexlẽme anɔ miliɔn ɖeka kple afã, gake míenya be nu gbagbe ƒomevi siwo ŋkɔ womenya o hã li eye woanye tso miliɔn 5 va ɖo 15 ne woƒo wo katã nu ƒu.” Ame aɖewo bui be woasɔ gbɔ ade miliɔn 50 alo wu nenema. Agbɔsɔsɔa tututu nyanya mele bɔbɔe o elabena abe alesi dzɔdzɔmeŋutinunyala Anthony C. Janetos gblɔe ene la “nu gbagbe ƒomeviwo ƒe akpa gã aɖewo atsrɔ̃ hafi woava nya nu tso wo ŋu alo ana ŋkɔ wo gɔ̃ hã.”

Egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te nu gbagbewo kple wo nɔƒewo dome kadodo nyadri si naa agbe yia edzi nyuie le anyigba dzi la gɔme sese vivivi koe nye esia. Ne amegbetɔwo menya nu gbagbe ƒomevi agbɔsɔsɔ si li o la, aleke woate ŋu ase nu gbagbewo dome kadodo nyadri la kple alesi wo tsɔtsrɔ̃ gblẽa nu le wo ŋui la gɔmee? Aleke woate ŋu agblɔ nusi nu gbagbe ƒomeviwo ƒe anyimanɔmanɔ agblẽ le nusiwo dzi ɣletinyigbaa dzi gbenɔnɔ nɔ te ɖo ŋu lae?

Ne dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tee kpɔ be yewoabu akɔnta tso alesi gbegbe nu gbagbewo le tsɔtsrɔ̃mee ŋu la, xexlẽme si ŋu wokena ɖo dzia ŋɔ ŋutɔ, togbɔ be woƒe akɔntabubuwo le vovovo hã. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be “ate ŋu adzɔ be numiemiewo kple nu gbagbewo ƒe alafa me mama 50 natsrɔ̃ le ƒe alafa ɖeka me.” Nusi Harte gblɔ be ate ŋu adzɔ la gɔ̃ hã ɖi vɔvɔ̃ wu, si nye be: “Nugbagbeŋutinunyalawo bu akɔnta be anyigba xɔdzowo dzi ƒe avenyigbawo tsɔtsrɔ̃ ana nu gbagbe ƒomevi siwo le anyigbaa dzi fifia ƒe afã alo wu nenema natsrɔ̃ le ƒe 75 siwo gbɔna me.”

National Geographic nɔ te ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyala Stuart Pimm, si le Tennessee Yunivɛsiti, ƒe akɔntabubu dzi gblɔ be “xewo ƒe alafa me mama 11, alo xe ƒomevi siwo de 10,000 kloe le xexeame la dometɔ 1,100 ƒe vɔvɔ gbɔ medidi kura o; kakaɖedzi meli kura be xe 1,100 siawo ƒe akpa gãtɔ anɔ agbe ƒe geɖe le [ƒe alafa 21 lia] ƒe nuwuwu megbe o.” Magazine sia ke gblɔ be: “Numiemieŋutinunyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si ŋu wodea bubui vevie gblɔ nyitsɔ laa be numiemie ɖeka le enyi ɖesiaɖe me le tsɔtsrɔ̃ mɔ dzi. Pimm gblɔ be ‘menye nu gbagbe ƒomevi siwo le ƒukpowo dzi alo esiwo le avetsuwo me alo xewo alo lã klitsuwo koe ɖo afɔku me o. Nusianue eye ele dzɔdzɔm le afisiafi. . . . Xexeame katãe nu gbagbewo ƒe tsɔtsrɔ̃ sia le edzi yim le ŋɔdzitɔe.’”

Ðe Míehiã Nu Gbagbe Ƒomevi Siawo Katã?

Ðe susu aɖe li si ta míatsi dzi le alesi nu gbagbe vovovowo le tsɔtsrɔ̃m la taa? Ðe míehiã nu gbagbe ƒomevi vovovo siawo tututua? Eŋutinunyala geɖe siwo wobuna vevie gblɔna be míehiã wo vevie. Nu gbagbe kple numiemie ƒomevi vovovo siwo bɔ ɖe anyigba dzi la mee amegbetɔwo kpɔa nuɖuɖu, atike veviwo, kple dɔwɔnu kpakple nuhiahiã bubu geɖewo tsonɛ. De ŋugble le viɖe siwo anɔ nu gbagbe bubu siwo ŋu womeke ɖo haɖe o hã ŋu na ameƒomea ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me wobu akɔnta be atike 150 siwo koŋ ɖɔktawo lɔ̃a ŋɔŋlɔ na dɔnɔwo wozãna le United States la dometɔ 120 tso dzɔdzɔmenuwo me. Eyata ne ameƒomea bu numiemie siwo le xexeame la, keke ɖe atike kple nuzazã yeyewo ŋu ƒe mɔnukpɔkpɔ hã buna ɖe wo. Aƒetɔ Ghillean Prance, si nye Numiemie-bɔ si le Kew, London la dzikpɔla gblɔ be: “Ɣesiaɣi si nu gbagbe ƒomevi aɖe tsrɔ̃ la, viɖenu aɖe si ŋu míava ke ɖo le etsɔmee nye ma ge le mía si. AIDS datike alo numiemie si me woate ŋu akpɔ dɔlékuinutsitikewo lee nye mawo bu ɖe mí. Eyata ele be míato mɔ aɖe nu atɔ te nu gbagbewo ƒe tsɔtsrɔ̃ menye le míaƒe ɣletinyigba la ɖeɖeko ta o, ke le mía ŋutɔwo. . . ƒe nuhiahiãwo kple nuzazãwo hã ta.”

Míehiã nu gbagbewo kple wo nɔƒe siwo ŋu womegblẽ nu le o, siwo me nuhiahiã vevi siwo dzi nu gbagbewo katã nɔa agbe ɖo le la. Ya si nu gbagbewo gbɔna kpɔkpɔ, ɖi ɖeɖe le tsi me, ɖiƒoƒowo ɖeɖe ɖa, kple mɔxexe na tsi ƒe ke kpɔkplɔ le anyigba dzi, nusiawo katãe míekpɔna tsoa nu gbagbewo kple wo nɔƒe siwo le dedie la gbɔ.

Nudzodzoeviwo naa numiemiewo ƒoa se. Akpɔkplɔwo, tɔmelãwo, kple xeviwo léa lãvigblẽnuwo nu; gomelãwo kple tsimenugbagbe bubuwo ɖea ɖi le míaƒe tsizazãwo me; numiemiewo kple tomenugbagbeviwo trɔa asi le míaƒe agbledenyigbawo ŋu. Viɖe siwo míekpɔna le dɔwɔna siawo katã me lolo ŋutɔ. Ga si wobu akɔnta be eyae woadzra ɖo ƒe sia ƒe tso nu gbagbe ƒomevi vovovowo ƒe dɔwɔnawo me le xexeame katã, le ƒe 1995 me nuwo ƒe asixɔxɔ nu, enye dɔlar biliɔn 3,000.

Togbɔ be nu gbagbe ƒomevi vovovowo dzie míaƒe agbe nɔ te ɖo hã la, edze abe xexeame ɖo nu gbagbewo ƒe kadodo nyadri la tsɔtsrɔ̃ ƒe afɔku aɖe me ʋĩ ene. Esi amegbetɔwo va le dɔ vevi si nu gbagbe ƒomevi vovovoawo wɔna gɔme sem la, fifia boŋue míele wo dometɔ geɖe tsrɔ̃m wu tsã! Gake ɖe amegbetɔ ate ŋu akpɔ kuxia gbɔa? Mɔkpɔkpɔ kae li na anyigba dzi nugbagbe vovovoawo?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Asixɔxɔ Kae Le Nu Gbagbewo Ŋu?

Nusiwo katã me míedzro ku ɖe vevienyenye si le nu gbagbe ƒomeviwo ŋu adze abe ɖe wòfia be ne nu gbagbe bubuawo aɖe vi na mí ko hafi woahiã be míalé be na wo ene. Ame aɖewo xɔe se be esia nye nuŋumabumabu nyuie. Nusiwo nɔ agbe kpɔ ŋuti numekula, Niles Eldredge he susu yi asixɔxɔ vevi si le nu gbagbewo ŋu dzi esi wògblɔ be: “Mí amegbetɔwo hã míedea asixɔxɔ nu gbagbe siwo ƒo xlã mí ŋu—siwo nye nu gbagbe dzeani vovovowo, kpakple ave damawo—le woƒe nu vevi nyenye ta. Nane le mía me si naa míedzea sii be kadodo le mía kple xexeame dome eye be míekpɔa tomefafa kple dzidzɔ ɣesiaɣi si míele wo dome.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

Red List La

Dukɔwo Dome Habɔbɔ si Kpɔa Nu Gbagbewo Kple Dzɔdzɔmenuwo Ta, si nye habɔbɔ aɖe si léa ŋku ɖe lã ƒomevi siwo le tsɔtsrɔ̃m la ƒe nɔnɔme ŋu ye ta agbalẽ si nye “Red List” la. Míeŋlɔ nu gbagbe ƒomevi siwo le tsɔtsrɔ̃m siwo dze le “Red List” ƒe 2000 tɔ me la dometɔ ʋɛ aɖewo ɖe axa sia dzi:

Ƒudzixe aɖe (Diomedea exulans)

Ƒudzixe ƒomevi 16 siwo wode dzesii be wole tsɔtsrɔ̃m le xexeame godoo la dometɔ ɖeka enye sia. Wogblɔ be gbogbo aɖe tsrɔ̃ esime ɖɔkplɔʋu aɖe siwo zãa ƒeka didiwo la ƒe ƒewo ɖe wo le manyamanya me.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo by Tony Palliser

Kese ƒomevi aɖe (Pygathrix nemaeus)

Vietnam ƒe anyiehe-titina kpakple Laos ƒe akpa aɖewo ye Asia-kese dzeani ƒomevi sia le. Wo nɔƒewo tsɔtsrɔ̃ kple wo wuwue na wole vɔvɔm. Wowua wo ɖe ɖuɖu kple woƒe ŋutinu siwo wozãna le atikewɔwɔ me le wo gbɔ la ta.

Corsica-bɔbɔ (Helix ceratina)

Abɔbɔ sia si kpɔtɔ vie ko ne wòatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ la nɔƒe ƒe lolome nye agbleka 20 pɛ ko, le Ajaccio ƒe golɔgoe le Corsica-ƒuta ƒe anyieheɣetoɖoƒe. Le yameʋudzeƒe si tum wole kple ƒutamɔ si ɖem wole ta la, woƒe anyinɔnɔ anya ɖo afɔku me.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo by G. Falkner

Seƒoƒo aɖe (Mimetes chrysanthus)

Woke ɖe seƒoƒo dzeani sia ŋu le ƒe 1987 me le Western Cape, South Africa. Dzotɔtɔ gbe edziedzi kple gbe bubu ƒomevi siwo to vovo na seƒoƒo sia si va le eƒe nɔƒewo xɔm ye na seƒoƒoa le tsɔtsrɔ̃m kabakaba ɖo.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo by Craig Hilton-Taylor

Tsi nyui me lã si ɖi laxalaxa (Pritis microdon)

India kple Ɣetoɖoƒe Pasifik tsiaƒu gã gbanaawo, kple adɔ̃wo, azizãwo kple tɔsisiwo mee ƒumelã sia si le tsɔtsrɔ̃m la le. Wote ŋu ɖea wo bɔbɔe eye wo dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ. Woƒe nɔƒe si gblẽm wole hã na wole tsɔtsrɔ̃m.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo courtesy of Sun International Resorts, Inc.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ƒumelãwo ƒe Akpa Gã aɖe Tsɔtsrɔ̃

Wova kpɔe be alesi wobui tsã be ƒumelãwo mavɔ akpɔ gbeɖe o megale nenema o. Esi nusiwo nɔ agbe kpɔ ŋuti numekula, Niles Eldredge, nɔ eƒe nyawo ŋlɔm ɖe Natural History magazine me la, eƒo nu tso alesi gbegbe wole ƒumelãwo ɖemee ŋu be: “Egbegbe mɔ̃ɖaŋununya na lãɖeɖedɔ le edzi yim ale gbegbe be wokplɔa atsiaƒu gã gɔme ƒiaƒiaƒia abe alesi ko wote ŋu ŋlɔa avenyigba gã aɖe bɔbɔe ene. Gake mɔ̃ɖaŋununya sia ke le lãwo tsrɔ̃m wòle ŋɔ dzim ale gbegbe; ƒumeklowo kple nyowo, kpakple ƒumelã ƒomevi gbogbo aɖewo siwo womeƒlena o kple lã siwo si dzimeƒu meli na o la kuna ɣesiaɣi si wokplɔ ɖɔ alo woku ɖɔkplɔʋu to ƒua mee.”

Esi National Geographic magazine nɔ nu ƒom tso nusi woyɔ be “ƒumelã suewo tsɔtsrɔ̃ yakatsyɔ” ŋu la eɖe nu me be “le Mexico Ƒukɔme Ƒuta [si gogo Texas, U.S.A] la, wote ŋu tsrɔ̃a ƒumelã gbogbo aɖewo—siwo ƒe akpa gãtɔ nye tɔmelã matsimatsiwo—ɖe bɔlu pounde ɖeka kpɔkpɔ ta.” Woyɔa ƒumelã kple gomelã siwo dim womele o la be lãdedziwo. Dziɖuɖudɔwɔla aɖe si nye nugbagbeŋutinunyala fa konyi be: “Ƒumelã siwo woɖena evɔ womele wo dim o nyea esi dim wole ƒe teƒe ene.” Mewɔ nuku o be míaƒe atsiaƒu gãwo va zu nu gbagbe ƒomevi siwo le vɔvɔm la dometɔ geɖe tsrɔ̃ƒe!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]

Nu Gbagbe Siwo Ɣla Ðe Avewo Me

Nu gbagbewo yɔ avewo me fũ, nu gbagbe ƒomevi siwo ŋu amegbetɔ menya nu le haɖe o hã le wo dome. Nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋutinunyala John Harte gblɔ be: “Afisi ave tsitsiwo le le Anyigbaxɔdzowo dzi mede ɣletinyigbaa me mama eve le alafa me o gake teƒe mawo koe nye nɔƒe na nu gbagbe 50 ya teti le alafa me alo ɖewohĩ nu gbagbe ƒomevi siwo katã le anyigba dzi ƒe agbɔsɔsɔ si ade 90 le alafa me la nɔƒe. Wobu dzesi gãtɔ kple susua be nu gbagbe ƒomevi siwo ŋu womenya nu tsoe haɖe o la ƒe akpa gãtɔ anɔ anyigbaxɔdzowo dzi elabena nu gbagbewo ŋuti numekuku si wowɔ le anyigbaxɔdzowo dzi meyi ŋgɔ kura o. Ele eme be womeku nu me bliboe le nu gbagbewo nɔƒe bubuwo hã ŋu ya o, eye ɖikeke manɔmee la, nu gbagbe ƒomevi gbogbo aɖewo le wo dzi siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo menya nu le egbea o. Teƒe siawo ƒe ɖewoe nye avenyigba siwo dzi dzoxɔxɔ mele fũ o, abe ave tsitsi si le United States ƒe Pasifik Dzieheɣetoɖoƒe si me afu dona ɖo litii la ene.”

Amekae ate ŋu anya nu wɔnuku siwo ŋu woake ɖo ne mɔnukpɔkpɔ su amewo si woku nu me le nu gbagbe siwo ɣla ɖe avewo me ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ahɔnɛ gã la, si tsrɔ̃ fifia

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

U.S. Fish & Wildlife Service, Washington, D.C./Luther C. Goldman