Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Ŋkɔ He Nyaʋiʋli Aɖe Vɛ

Mawu Ƒe Ŋkɔ He Nyaʋiʋli Aɖe Vɛ

Mawu Ƒe Ŋkɔ He Nyaʋiʋli Aɖe Vɛ

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE NETHERLANDS GBƆ

NETHERLANDSGBE me Biblia yeye aɖe gɔmeɖelawo he nyaʋiʋli aɖe de Biblia-nyalawo kple ame tsɛwo siaa dome. Nukae he nyaʋiʋlia vɛ? Woƒe nyametsotso be yewoaɖe Mawu ƒe ŋkɔ gɔme be Heer, alo “Aƒetɔ” ye.

Le December ƒe 1998 me, esi gbegɔmeɖelaawo ɖe dɔ si wowɔ ƒe akpa aɖe ɖe go kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko megbe la, nyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si nye Kerk en Wereld (Sɔlemeha Kple Xexeame), si nye Protestant-habɔbɔ aɖe me tɔwo ŋlɔ agbalẽ tsɔ tsi tre ɖe wo ŋu. Susu ka tae? Wobui be ŋkɔ “Aƒetɔ” fia “ŋutsunyenye akpa.” Eteƒe medidi o ƒuƒoƒo bubuwo—siwo nye Katoliko kple Protestant tɔwo—hã va kpe ɖe tsitretsiɖeŋulaawo ŋu. Le February 1999 me la, agbalẽnyala etɔ̃ hã gblɔ be yewoda asi ɖe nukpɔsusu si nye be woazã Hebri-ŋɔŋlɔdzesi ene, YHWH, si wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe la dzi. Eteƒe medidi o, Biblia-nyalawo, gbegɔmeɖelawo, kple mawunyaŋununyalawo kpe ta le Amsterdam hedzro nya la me. Le nyamedzodzroa ƒe nuwuwu la, wogblɔ na nyamedzrolaawo katã be woada akɔ atia gɔmeɖeɖe si wodi.

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Nieuwsblad van het Noorden gblɔ akɔdadaa me tsonu le nyati si nye “Le Mawu Ta, Míawɔ Dzre Ðe Mawu ƒe Ŋkɔ Ta O” te be: “Ame adre pɛ koe tia AƑETƆ. Gake ŋkɔa gɔmeɖeɖe bubu siwo wodo ɖa ƒe akpa gãtɔ hã mekpɔ akɔdada wòyi ŋgɔ kura o: esiwo nye Ŋkɔ la kpɔ (1), Eyama (3), Nublanuikpɔla (6), Ŋkɔmanɔsitɔ la (7), Amesi Le Agbe (10), kple Mavɔmavɔtɔ la (15). Esi ame gbogbotɔ tiae nye . . . YHWH!” Le March 15, 2001 dzi la, Biblia gɔmeɖeɖe yeye Dzikpɔkɔmitia tso nya me be yewoazã HEER (AƑETƆ), si woaŋlɔ kple ŋɔŋlɔdzesi gã siwo ƒe dzedzeme le sue.

Nyaʋiʋli sia ɖo kpe edzi be, togbɔ be amewo katã melɔ̃ ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ƒe gɔmeɖeɖe ɖeka aɖe dzi le Netherlandsgbea me o hã la, agbalẽnyalawo lɔ̃ ɖe edzi be ŋkɔ le Mawu si. Ŋɔŋlɔdzesi ene ye wotsɔ ŋlɔa ŋkɔ lae le Hebrigbe me, si nye יהוה, alo YHWH. Aleke woɖe YHWH gɔmee le Netherlandsgbe me Biblia, blematɔwo kple egbegbetɔwo siaa me?

Netherlands ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Nicolaas Goetzee ta Staten Biblia gɔmeɖeɖe ƒe axa aɖewo le ƒe 1762 me. Wogblɔ le agbalẽa ƒe ŋkɔ ɖoƒe be: “Le susu sẽŋu nyanyɛ aɖewo ta la, míegblẽ Mawu ƒe Ŋkuɖodziŋkɔ YEHOWA hã ɖi egɔmemaɖemaɖee.” Agbalẽnyala nyanyɛ Netherlandstɔ bubuwo—siwo dometɔ aɖewoe nye Nufialagã Nicolaas Beets kple Petrus Augustus de Genestet—hã zã ŋkɔ Yehowa.

Dzidzɔtɔe la, New World Translation of the Holy Scriptures * ya zã ŋkɔ Yehowa le afisiwo katã wòdze le. Netherlandsgbe me New World Translation ƒe megbenya gblɔ be “ezãa gɔmeɖeɖe si nye ‘Yehowa’ elabena eyae amewo nya ƒe alafa geɖe. Gawu la, . . . Mawu ƒe ŋkɔ ƒe ŋɔŋlɔdzesi eneawo, YHWH, la katã dze le eme.” Eyata New World Translation la kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wonya Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nyateƒenya la.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Yehowa Ðasefowoe tae.