Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Nui Kple Dzikudolawo?

Aleke Mawɔ Nui Kple Dzikudolawo?

 Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Nui Kple Dzikudolawo?

“Edo dziku vevie ŋutɔ. Mebui be esi wòkpɔ be menye ɖevi ta, edi be yeaƒom. Esi menɔ sisim la, megblɔ be: ‘Tɔ gbɔ! Lala gbɔ! Lala gbɔ! Nukatae nèdi be yeaƒom ɖo? Nyemewɔ naneke ɖe ŋuwò o. Nyemenya nusi tae nèdo dzikua ɖo o. Míate ŋu aƒo nu tso eŋua?’”—David, si xɔ ƒe 16.

ÐE ANYRAWƆLA aɖe do dziku ɖe ŋuwò kpɔa? Biblia gblɔe ɖi be amewo lanye “ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o” le egbeŋkekeawo me. (Timoteo II, 3:3) Eye togbɔ be àdze agbagba ɖesiaɖe si nàte ŋui be yeaƒo asa na ‘hadede kple dɔmedzoetɔ kple dzikutɔ’ hã la, màte ŋu aƒo asa na dzikudolawo ɣeaɖewoɣi o. (Lododowo 22:24) Aleke wòle be nàwɔ nui ne èdo go nɔnɔme mawo tɔgbe?

Alesi Nàwɔ Nu ɖe Dziku Nui

Egbea, sɔhɛ geɖe ado dziku atsɔ aɖo dziku teƒee. Gake ɖeko nusia wɔwɔ hea vevesese geɖe vɛ. Gakpe ɖe eŋu la, ɖokuiwò dzi maɖumaɖu ana mía kple amesi le dzikua dom la míasɔ. Lododowo 26:4 gblɔ be: “Megaɖo nya ŋu na bometsila ɖe eƒe bometsitsi nu, ne wò hã nasɔ kplii o.” Sɔhɛ aɖe si nye Jeremy srɔ̃ nya sia ƒe nyateƒenyenye le nuteƒekpɔkpɔ sesẽ aɖe me. Eɖo ŋku esime wònɔ anyi ɖe nuɖukplɔ̃ ŋu le suku ale: “Ŋutsuvi aɖewo nɔ anyi siwo lɔ̃a wo nɔewo kple ame bubuwo koko ɣesiaɣi. Woƒoa nu tso ŋunye edziedzi. Meŋea aɖaba ƒua woƒe nyawo zi geɖe. Gake esi wo dometɔ ɖeka te nuƒoƒo tso danye ŋu la, medo dziku helũ ɖe edzi.” Nukae do tso eme? Jeremy gblɔ be: “Eƒom nyuie.”

Biblia ɖo aɖaŋu sia si me nunya le be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Nyateƒee, ɖeko “gbe da ɖe ame gbɔ” tsɔtsɔ aɖo dziku nui gblẽa nɔnɔmea ɖe edzi. Ke nyaŋuɖoɖo fafɛ te ŋu naa nuwo nu fana zi geɖe eye wònaa nɔnɔme sesẽ nu fana.

Ðo ŋku David, si míeyɔ va yi le gɔmedzedzea me la dzi. Ete ŋu ble anyrawɔlaa nu wòɖe nusita wòdo dziku la me nɛ. Nya lae nye be ame aɖe fi anyrawɔlaa ƒe ŋdɔnuɖuɖu eye wònɔ dzikua ɖem ɖe ame gbãtɔ si wòdo goe la ŋu. David ɖe nu me nɛ be: “Ne eƒom la, mazu ŋdɔnuɖuɖu na wò o.” Emegbe wòdoe ɖa be yewoayi nuɖuɖudzraƒea. David gblɔ be: “Esi menya amesi le nua dzram le afima ta la, mete ŋu ɖo eƒe ŋdɔnuɖuɖua  teƒe nɛ. Ena asim, eye wòwɔ nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe kplim tso ema dzi.” Èkpɔ ŋusẽ si ate ŋu anɔ nya fafɛwo ŋua? Abe alesi lododo aɖe gblɔe ene la, “aɖe fafɛ gbãa ƒuwo.”—Lododowo 25:15.

Tufafa—Gbɔdzɔgbɔdzɔe loo alo Ŋusẽe?

Enye nyateƒe be, “aɖe fafɛ” ƒe amesinɔnɔ ƒe nukpɔsusu madze ame ŋu o. Adze abe enye ŋusẽ ƒe amesinɔnɔ alo ŋutsunyenye be woatsɔ dziku awɔ avu kple dziku ene. Àvɔ̃ kura gɔ̃ hã be ne efa tu la, amewo abui be nègbɔdzɔ ŋutɔŋutɔ. Gake nuka tututue wòfia be woafa tu? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, be woafa tu fia be woagbɔ dzi ɖi. Gake numekugbalẽ ma ke gagblɔ kpee be: “Ŋusẽ bliboe le dzigbɔɖia yome.” Eyata le esi teƒe be tufafa nanye gbɔdzɔgbɔdzɔ la, ate ŋu anye ŋusẽ ƒe dzesi. Le mɔ ka nu?

Nusita wòle aleae nye be, ame fatu ɖua eɖokui dzi eye wòdana sɔna bɔbɔe. Le go bubu me la, ame mafatu la dzena abe amesi mele dedie o, amesi ƒo dzi ɖe le, alo amesi tsi dzi gɔ̃ hã ene. Meɖua eɖokui dzi hã o. Esi mete ŋu ɖua eƒe seselelãmewo dzi o ta la, ɖewohĩ anɔ dzre wɔm kple amewo edziedzi. Nyateƒee, “amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o la, le abe du, si wogbã gli le eŋu, wòtsi nuvo ene.” (Lododowo 25:28) Ekema ame fatu la ŋue ŋusẽ le!

Tufafa ƒe Kpɔɖeŋu Siwo le Biblia Me

Bu Yesu Kristo ŋu kpɔ. Eɖɔ eɖokui be, “nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokui ɖe anyi le dzi me.” (Mateo 11:29) Mewɔ nu ŋutasesẽtɔe alo nusi medze, si me wòaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe le, gbeɖe o. Le nyateƒe me, apostolo Petro, amesi nye Yesu xɔlɔ̃, ka nya ta be: “Esime wodzu [Yesu] la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.” (Petro I, 2:23) Gake ɖo ŋku edzi be Yesu sia kee ‘yi ɖe Mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem la do goe.’ (Mateo 21:12) Eye ne ɖe Yesu hiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu la, ate ŋu abia ‘mawudɔlawo ƒe aʋakɔ siwo wu wuieve’ hafi! (Mateo 26:53) Yesu megbɔdzɔ kura o.

De ŋugble le kpɔɖeŋu si Ʋɔnudrɔ̃la Gideon ɖo, si woŋlɔ ɖe Biblia me le Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:1-3 me hã ŋu kpɔ. Le aʋadziɖuɖu gã aɖe megbe la, dzi medzɔ Efrayim-toa me asrafo aɖewo o elabena wokpɔe be womena mɔnukpɔkpɔ yewo be woakpɔ gome le aʋaa me o. Wohe nya be: “Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu, eye esi nèho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu la, nègbe mía yɔyɔ? Eye wohe dzre kplii vevie.” Gideon nye “ŋutsu, kalẽtɔ” aɖe. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:12) Ate ŋu atsɔ dziku awɔ nu ɖe wo ŋu adãtɔe bɔbɔe hafi. Ðe eteƒe la, etsɔ nyaŋuɖoɖo fafɛ tsi dzikudola mawo ƒe dziku nu keŋkeŋ.  Gideon bia be: “Ðe miawo miewɔ wum oa?” Nukae do tso nyaŋuɖoɖo sia si da sɔ la me? “Woƒe dziku la nu fa.”

Mlɔeba la, de ŋugble le Biblia ƒe ŋutinya si ku ɖe nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Abigail ŋu kpɔ. Dawid nɔ eɖokui ɣlam esi wònɔ sisim le eƒe futɔ Saul, Israel-fia nu. Togbɔ be Dawid ƒe amewo nɔ sisim hã la, wòdzɔa wo hati Israel-viwo ŋu hekpɔa wota enuenu. Ŋutsu aɖe si ŋu wokpe ɖo enye Abigail srɔ̃, Nabal, amesi nye kesinɔtɔ gã aɖe. Gake Nabal nye ‘ŋlɔmitɔ, eye wòvɔ̃ɖi.’ Esi nuɖuɖu hiã Dawid ƒe amewo la wobia Nabal. Le esi teƒe be Nabal naɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe ametakpɔkpɔ si Dawid ƒe amewo nɛ ŋu la, ɖeko ‘woda gbe’ ɖe Dawid ƒe dɔlawo gbɔ ‘heka mo na’ wo eye wòɖo wo ɖa asiƒuƒlui.—Samuel I, 25:2-11, 14.

Esi Dawid se nya sia la, edo dziku eye wòɖe gbe na eƒe amewo be: “Mia dome amesiame neta yi!” Dawid kple eƒe amewo dze mɔ heyina Nabal kple ŋutsu maɖifɔ siwo katã le eƒeme la wu ge esime Abigail de nu nya la me. Etsɔ nuɖuɖu kple nunono gbogbo aɖewo yi ɖakpe Dawid. Eɖe kuku ɖe srɔ̃a ƒe nuwɔna si medzena tsɔtsɔke o la ta eye wòɖe kuku na Dawid be wòave ame maɖifɔwo nu.— Samuel I, 25:13, 18-31.

Abigail ƒe kukuɖeɖe ɖokuibɔbɔtɔe tsi Dawid ƒe dziku nu. Le nyateƒe me, esi Dawid de dzesi afɔku si ado tso eƒe dzikua me la, egblɔ be: “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si dɔ wò ɖa nèva kpem egbe! Woakafu wò nunya, eye woakafu wò, amesi xe mɔ nam egbe be, nyemagaɖe hlɔ̃fe, eye nyematsɔ nye asi axɔ na ɖokuinye o!” (Samuel I, 25:32-35) Ẽ, ‘nyaŋuɖoɖo fafɛ’ ate ŋu atsi ame bubuwo ƒe dziku nu le go geɖe me. Ke ne wò nyaŋuɖoɖo fafɛa mete ŋu wɔ ema o ya ɖe?

“Dzudzɔ”

Ate ŋu aƒo asa na dzo ƒɔƒlɔ ɖe dzrenya aɖe te ne èdzo kpoo. Biblia gblɔ be, “Ne nake vɔ la, dzo tsina.” Egagblɔ hã be: “Dzregɔmetoto le, abe alesi woŋɔa tɔe ene; eyata dzudzɔ hafi ne wòava do gã.” (Lododowo 17:14; 26:20) Merissa, si xɔ ƒe 17, gblɔ be: “Ŋutsuvi aɖe si wonya nyuie le suku te ɖe ŋunye hedi be yeaɖo dze kplim. Egblɔ nam be medze tugbe. Eteƒe medidi o, eƒe ahiãvi do ɖe dzinye kple dziku. Etsɔ nya ɖe ŋunye be mele ahiã moe ɖom na yeƒe ahiãvi eye wòdi be yeawɔ dzre kplim! Medze agbagba be maɖe nusi dzɔ la me nɛ, gake egbe be yemase o. Esi míekpã la, ekplɔ nyɔnuvi aɖewo kpe ɖe eɖokui ŋu va be yewoaƒom! Mesi dzɔlaa tso, eye meɖe nya me na nyɔnuvi si do dziku la be nyemewɔa dzre o eye be eƒe ahiãvie te ɖe ŋunye boŋ. Esi megblɔ nyaa nɛ vɔ la medzo.” Merissa meɖe mɔ eƒe seselelãmewo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Menye ɖeko wòdzo le dzre aɖe nu o ke ewɔ nu tsɔ kpɔ eɖokui hã tae. Abe alesi Lododowo 17:27 gblɔe ene la, “amesi mekea nu kplakplakpla o la, sidzedze le esi, eye ame ɖɔŋuɖo enye nugɔmesela.”

Ke ne wò ŋutɔe do dziku na ame aɖe—ɖewohĩ le manyamanya me ya ɖe? Ðe kuku, eye nàwɔe kaba! Ðewohĩ esia koe anye nusi ko nàwɔ atsɔ atsi ame kemɛa ƒe dziku nu. Ɣeyiɣi sesẽwo mee míele, eye ame geɖe doa dziku kabakaba. Gake ne èwɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le wò nuwɔnawo me la, ate ŋu aƒo asa na ame aɖe ƒe dziku me dzedze.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

“Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu”

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wòle be nadzo