Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋuɖui—Dɔléle si Naa Wozua Nuwɔametɔ

Ŋuɖui—Dɔléle si Naa Wozua Nuwɔametɔ

Ŋuɖui—Dɔléle si Naa Wozua Nuwɔametɔ

“MÀTE ŊU ANYA ALESI WÒVENAE O NEGBE ÐEE WÒLÉ WÒ HAFI. MESUSU BE MƆ ÐEKA SI KO WOATO AKPƆ GBƆDZƆE ENYE BE NÀKU.”—SETSUKO, JAPAN.

“ESI TSO NYE ƑE 16 XƆXƆ ME KE DƆ SIA DZE DZINYE TA LA, MESE LE ÐOKUINYE ME BE EGBLẼ NYE ÐEKAKPUI ME NAM.”—DARREN, GREAT BRITAIN.

“NYE AGBENƆƑE EVE ME GBLẼ NAM ESI WÒNA METSI ABA DZI TA.”—KATIA, ITALY.

“NE VEVESESEA NYA DZE EGƆME TSO NYE ƑUNUKPEƑEWO KATÃ KO LA, NYE ŊUTILÃ ƑE AKPA AÐEKE MESUSƆNA SI NYEMESEA VEVE LE O.”—JOYCE, SOUTH AFRICA.

ESIAWOE nye ŋuɖuilélawo ƒe konyifafawo. Ŋuɖui ɖoa eléla miliɔn nanewo ɖe woƒe atikewɔlawo gbɔ ƒe sia ƒe wonɔa gbɔdzɔe dim tso vevesese, teƒe ɖeka tsitsi, kple nuwɔametɔ si wòte ŋu naa wozuna la si me.

Le United States ɖeɖe la, ŋuɖui ɖea fu na ame miliɔn 42 kple edzivɔ henaa ame 1 le 6 ɖesiaɖe me si wòlé la zua nuwɔametɔ. Le nyateƒe me la, ŋuɖuie naa amewo zua nuwɔametɔwo le dukɔ ma me wu dɔléle ɖesiaɖe. Dukɔa me Dɔlélewo Nuléle Kple Wo Nu Tsitsi ƒe Dɔwɔƒe gblɔ be nusi dɔléle sia gblẽna le ganyawo ŋu “de sɔsɔ ge kple nusi gblẽna le ɣeyiɣi si me dukɔa ƒe ganyawo yia to le tɔ kloe,” elabena enaa Amerikatɔwo zãa dɔlar biliɔn 64 kple edzivɔwo ƒe sia ƒe le dɔléle sia kple dɔwɔnawo ƒe toyiyi ta. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gblɔ be, numekuku siwo wowɔ le dukɔ madeŋgɔwo abe Brazil, Chile, China, India, Indonesia, Malaysia, Mexico, Pakistan, Philippines, kple Thailand ene me ɖee fia be agba si ŋuɖuiléle da ɖe dukɔ siawo dzi la de “sɔsɔ ge kple dukɔ deŋgɔwo tɔ kloe.”

Nyakpakpae wònye be ame tsitsiwo ko ƒe dɔlélee ŋuɖui nye. Nyateƒee wònye be egblẽa nu le amewo ŋu vevie ne wole tsitsim ya. Gake ŋuɖui si bɔ wu ɖesiaɖe, si naa kpeƒewo tena, léa ƒe 25 va ɖo 50 xɔlawo. Le United States la, ame 3 le ŋuɖuiléla 5 ɖesiaɖe me mekpɔ xɔ ƒe 65 o. Nenema ke le Great Britain la, le ŋuɖuiléla miliɔn 8 dome la, miliɔn 1,200,000 mexɔ ƒe 45 o. Wo dome 14,500 kple edzivɔ nye ɖeviwo.

Ŋuɖuilélawo ƒe xexlẽme dzina ɖe edzi ŋutɔ ƒe sia ƒe. Le ƒe ewo si gbɔna me la, ŋuɖuilélawo adzi ɖe edzi miliɔn ɖeka le Canada. Togbɔ be ŋuɖui bɔ ɖe Europa wu Afrika kple Asia hã la, dɔléle sia ƒe amedzidzedze le dzidzim ɖe edzi le anyigbagã mawo hã dzi. Alesi ŋuɖui le dzidzim ɖe edzii la ƒoe ɖe Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔa nu be wòaɖe gbeƒã ƒe 2000-2010 be enye Ƒu Kple Ƒunukpeƒe Ƒewo. Le ɣeɣiɣi sia me la, ɖɔktawo kple lãmesẽnya gbɔ kpɔla bibiwo le xexeame godoo awɔ dɔ ɖekae be woakpe ɖe amesiwo le lã kple ƒu me dɔwo abe ŋuɖui ene lém ŋu be woaka vo vie le agbe me.

Nukae wonya tso dɔ sia si naa wosea veve helĩhelĩ la ŋu? Amekawo dzie wòate adze? Aleke ŋuɖui lélawo ate ŋu anɔ te ɖe nuwɔametɔ si wònaa wozuna la nui? Ðe woate ŋu ava dae gbaɖegbea? Míadzro nya siawo me le míaƒe nyati siwo kplɔe ɖo la me.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

X ray: Used by kind permission of the Arthritis Research Campaign, United Kingdom (www.arc.org.uk)