Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzesiawo Kpɔkpɔ Adze Sii

Dzesiawo Kpɔkpɔ Adze Sii

 Dzesiawo Kpɔkpɔ Adze Sii

“Nuxaxa sɔ eye wònye seselelãme nyui; blanuiléle nye dɔléle. Afisi kuxia le enye wo gɔmesese kple sidzedze vovototo si le wo dome.”—Ðk. David G. Fassler.

ABE dɔléle bubuwo ene la, dzesiwo dzena nyuie le blanuiléle me. Gake dzesiawo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o. Nukata? Elabena dzi ɖena le ƒewuiviwo katã kloe ƒo ɣeaɖewoɣi abe ame tsitsiwo ke ene. Vovototo kae le nuxaxa dzro ko kple blanuiléle dome? Akpa gãtɔ atso eƒe sesẽ kple ɣeyiɣi didi si wòaxɔ gbɔ.

Eƒe sese fia alesi gbegbe mɔkpɔkpɔbuɖeame kpɔ ŋusẽ ɖe sɔhɛa dzii. Esi blanuiléle nu sẽna wu ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dziɖeleameƒo ta la, enye seselelãmedɔ si kpɔa ŋusẽ blibo ɖe ƒewuivi dzi ale be wògblẽa nu vevie le eƒe ŋutete be wòawɔ nusi dze ŋu. Ðk. Andrew Slaby ɖe nɔnɔmea ƒe sesẽ gblɔ ale: “Bu ŋutilãme vevesese heliheli si dzɔ ɖe dziwò—wò ƒu ŋe, aɖuvee ɖo ŋuwò, alo esi nènɔ ku lém ŋu kpɔ—eye nàbui teƒe ewo eye nàtsɔe be yemenya nusi gbɔ vevesesea tso o; ekema àte ŋu akpɔ alesi gbegbe blanuiléle venae.”

Eƒe didime fia ɣeyiɣi didi si mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame. Kɔdzinufialagã Leon Cytryn kple Donald H. McKnew, Jr. gblɔ be “ɖevi si medze akɔ anyi o ne wofa akɔ nɛ be wòagadze agbenɔnɔ si sɔ gɔme ake esime nu te ɖe edzi kwasiɖa ɖeka megbe (nuka ke gbɔe wòɖatso o)—alo ɣleti ade megbe le nusi wòbu be enye nubuɖeame gã si dzɔ ɖe ye dzi me la—ɖo xaxa si me wòate ŋu akpe blanuiléledɔ ƒe fu le.”

Dzesi Siwo Wonya na Wo

Woate ŋu akpɔ blanuiléle adze sii le sɔhɛ ŋu ne eƒe dzesi aɖewo dzena le eŋu gbesiagbe le ŋkekea ƒe akpa gãtɔ me va ɖo kwasiɖa eve ya teti. Blanuiléle aɖewo nyea ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe blanuiléle. Wobua blanuiléle sesẽwo be wonye esiwo ƒe dzesiawo dze tre ɖe enu anɔ ƒe ɖeka eye womekpɔ gbɔdzɔe wòde ɣleti eve teti hã o. Le blanuiléle evea sia gome la, dzesi kawoe wonya na wo? *

Ne amea ƒe seselelãme kple nɔnɔme trɔ kpata. Ƒewuivi si nye ame fatu tsã la trɔ kpata zu sesẽnyahela. Aglãdzegbenɔnɔ alo sisi le aƒeme nye nɔnɔme si bɔ ɖe ƒewuivi siwo lé blanui dome.

Ðokuiɖeɖeɖeaga. Sɔhɛa ɖea eɖokui ɖe aga  le exɔlɔ̃wo ŋuti. Alo ate ŋu anye be xɔlɔ̃awoe he ɖe megbe le blanuiléla ŋu esi wode dzesi tɔtrɔ si mesɔ o le eƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ me.

Dzidzɔ si meganɔa naneke kloe wɔwɔ me o. Ƒewuivia megaƒoa eɖokui ɖe naneke wɔwɔ me o. Eva bua modzakaɖedɔ siwo do dzidzɔ nɛ nyitsɔ laa nutiamee fifia.

Numaɖumaɖu nyuie si dze ƒã. Eŋutinunyala geɖewo bui be numaɖumaɖu nyuie, abe nuɖuɖumadzroame, nutsuɖuɖu, kple seselelãme be yeaɖu nu ɣesiaɣi nɔa blanuilélawo me (eye ɣeaɖewoɣi etsoa blanuiléle gbɔ).

Alɔ̃dɔdɔ kuxiwo. Ƒewuivia mete ŋu dɔa alɔ̃ o alo edɔa alɔ̃tsu. Ƒewuivi aɖewo siwo lé blanui tɔtɔ woƒe anyimlɔɣiwo eye wonɔa ŋu zã bliboa katã hedɔa alɔ̃ ŋkeke bliboa katã.

Sukudɔwo mawɔmawɔ nyuie. Kuxi nɔa sɔhɛ si lé blanui kple eƒe nufialawo kpakple ehatiwo dome eye eƒe agbalẽnyanya yia to. Medidina hafi ƒewuivia megava lɔ̃a sukudede o.

Afɔku alo ame ɖokui dome gbegblẽ nuwɔnawo. Nuwɔna siwo me ‘afɔku le ŋutɔ’ wɔwɔ afia be agbenɔnɔ megadzroa sɔhɛa o. Nuvevi wɔwɔ ame ɖokui (abe ŋutilã sisi ene) anye dzesia ƒe akpa aɖe.

Viɖemanɔameŋu ƒe seselelãme alo fɔbubu ame ɖokui madzemadzee. Ƒewuivia va ɖea ɖeklemi eɖokui vevie, eye wòsena le eɖokui me be yedo kpo nu, togbɔ be manye nenemae hafi o.

Susu kple seselelãme ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo. Ne womete ŋu kpɔ nusi gbɔ wòtso le gotagome o la, taɖuame, dzimeve, dɔmeɖui, kple kuxi mawo tɔgbe afia be amea lé blanui.

Ku alo ameɖokuiwuwu ŋu bubu edziedzi. Nusiwo doa ŋɔdzi na ame ŋu bubu ɣesiaɣi ate ŋu afia be amea lé blanui. Nenema ke nye amea ƒe didi be yeawu ye ɖokui.—Kpɔ aɖaka si le ete.

Seselelãme Ƒomevi Eve Dɔléle

Dzesi siawo ke ate ŋu adze le dɔléle ɖefumane bubu aɖe me—seselelãme ƒomevi eve dɔléle. Ðk. Barbara D. Ingersoll kple Ðk. Sam Goldstein ɖe seselelãme ƒomevi eve dɔléle (si wogayɔna be dzonɔameme kple blanuiléle dɔ) me be enye “blanuiléle ƒe nɔnɔme si me seselelãme kple dzonɔameme aɖe hona  ɖe ame me ɣeaɖewoɣi—ehona ale gbegbe be egbɔa seselelãme si sɔ ŋu.”

Woyɔ nɔnɔmea ƒe akpa si ho alea be nuwɔwɔ kple dzonɔameme yeye. Eƒe dzesi aɖewo anye be susua nanɔ nu vovovowo dzi yim, nukpoloeƒoƒo, kple alɔ̃madɔmadɔ. Le nyateƒe me la, amea te ŋu nɔa ŋu ŋkeke geɖe si me nu metea eŋu o. Seselelãme ƒomevi eve dɔléle ƒe dzesi bubuwo nye nu wɔwɔ gbodogbodo afɔku si le eme ŋu mabumabui. Amerika Dukɔ me Habɔbɔ si Kpɔa Tagbɔdɔléle Gbɔ gblɔ be: “Seselelãmea gblẽa nu le tamebubu, nyametsotso, kple nuwɔwɔ le hadome ŋu ale gbegbe be ehea kuxiwo kple ŋukpe vɛ. Ɣeyiɣi didi kae dzonɔameme yeye ƒe ɣeyiɣi sia xɔna? Ɣeaɖewoɣi la, ŋkeke ʋɛ aɖewo ko; le go bubuwo me la, seselelãmea nɔa anyi ɣleti geɖe hafi eƒe akpa evelia si nye blanuiléle gadzena.

Amesiwo seselelãme ƒomevi eve dɔa ate ŋu aɖe fu na bɔbɔe dometɔ aɖewoe nye amesiwo le ƒome si me tɔ aɖe dze dɔ sia me. Nyanyui lae nye be mɔkpɔkpɔ li na amesiwo dzi wòdze. Wogblɔ le agbalẽ si nye The Bipolar Child me be: “Ne wokpɔe dze sii kaba eye wodae pɛpɛpɛ la, ɖevi siawo kple woƒe ƒomeawo ate ŋu anɔ agbe si le dedie wu.”

Ele vevie be woade dzesii be dzesi ɖeka aɖeke mafia blanuiléle alo be seselelãme ƒomevi eve dɔléle le ame ŋu o. Zi geɖe la, dzesi ƒokpli siwo dzena ɣeyiɣi aɖee kpena ɖe amewo ŋu wodzea sii. Ke hã biabia gakpɔtɔ li be, Nukata dɔ manyatalenu sia dzea ƒewuiviwo dzi ɖo?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Woɖoe be dzesi siwo woyɔ le afisia nana mí eŋutinukpɔsusu ke menye dzidzenu si woatsɔ abu dɔléleae wònye o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

NE ÐEVI AÐE DI BE YEAWU EÐOKUI

United States Dɔléle Nutsitsi Dɔwɔƒe ka nya ta be le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me la, sɔhɛ siwo wu wo ɖokui le United States sɔ gbɔ wu amesiwo kansa, dzidɔ, AIDS, vidzidzi me nuwɔamewo, tutudɔ, axamedɔ, dzamezã, kple dzitodzito me dɔ wu ne wotsɔ wo katã ƒo ƒui. Nya bubu si gaɖea fu na susu enye: Ameɖokuiwuwu ŋuti nyatakaka dzi ɖe edzi nukutɔe le amesiwo xɔ ƒe 10 va ɖo ƒe 14 dome.

Ðe woate ŋu axe mɔ na sɔhɛwo ƒe wo ɖokui wuwua? Ẽ, le go aɖewo me. Ðk. Kathleen McCoy ŋlɔ be: “Akɔntabubu fia be ameɖokuiwuwu geɖe dzea egɔme kple agbagbadzedze aɖewo alo nuƒoƒo tso eŋu kpakple dzesi aɖewo. Ne viwò ƒewuivi gblɔ nya aɖe si fia be ameɖokuiwuwu vaa susu me na ye la, ɣemaɣie wòle be nàlé ŋku ɖe eŋu wu eye nàdi eŋutiɖaŋuɖolawo yome mɔ.”

Ƒewuiviwo ƒe blanuiléle ƒe dzidziɖedzi tea gbe ɖe hiahiã si li be dzilawo kple ame tsitsiwo natsɔ dzo ɖe dzesi ɖesiaɖe si woakpɔ le sɔhɛ si le didim be yeawu eɖokui ŋu. Ðk. Andrew Slaby ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye No One Saw My Pain me be: “Ameɖokuiwuwunya siwo katã me meto la, mekpɔ be woŋe aɖaba ƒu sɔhɛa ƒe tameɖoɖowo dzi alo wometsɔ dzo ɖe eŋu o. Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo mete ŋu se alesi gbegbe tɔtrɔ si teƒe kpɔm wole la loloe gɔme o. Woƒe susu nɔa emetsonu ŋu ke menye kuxi si gbɔ wòtso ŋu o, eyata wova daa agba ɖe ‘ƒome kuxiwo’ alo ‘atikevɔ̃ɖizazã’ alo ‘nuɖuɖumadzroame’ dzi be eyae nye kuxia. Ɣeaɖewoɣi wokpɔa dzikua, tɔtɔa, kple nusiwo hea dzikua vɛ gbɔ ke menye blanuilélea o. Kuxi si gbɔ wòtso la tsia anyi nɔa fu wɔm henɔa vevesese dom na amea.”

Nya la me kɔ be: Mitsɔ dzo ɖe ame aɖe si le didim be yeawu ye ɖokui ƒe dzesi ɖesiaɖe ŋu!

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ɣeaɖewoɣi la, aglãdzedze ƒe nɔnɔme nyea blanuiléle ƒe dzesi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Zi geɖe la ƒewuivi siwo lé blanui megadoa vivi ɖe nuwɔna siwo doa dzidzɔ na wo tsã ŋu o