Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Etsɔme Kae Li na Mɔxexe Ðe Aʋawɔnuwo Nu?

Etsɔme Kae Li na Mɔxexe Ðe Aʋawɔnuwo Nu?

 Etsɔme Kae Li na Mɔxexe Ðe Aʋawɔnuwo Nu?

LE ƑE siwo va yi nyitsɔ laa me la, dziɖuɖu siwo le xexeame godoo wɔ numedzodzro le alesi woawɔ atsi aʋawɔnu sue siwo ŋu se meɖe mɔ le o la nui ŋu. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Sewɔtakpekpeae bu nya sia ŋu. Woŋlɔ wo ŋu nyatakakawo, wogblɔ nusiwo wòle be woawɔ, eye woda asi ɖe tameɖoɖo kplikpaawo dzi. Gake ɖeklemiɖelawo gblɔ be ŋkutɔtɔ aʋawɔnusitsatsa si ŋu se meɖe mɔ le o fia be aʋawɔnusitsala gãtɔwo—dziɖuɖuwo ŋutɔ—ya vo tso wo ɖiaɖia me.

Le nyateƒe me la, kadodo si menya kpɔna dzea si tututu o le aʋawɔnusitsatsa si le se nu kple esi mele se nu o la siaa dome. Wodzra aʋawɔnu siwo va zu aʋawɔnu manɔsenuwo fifia la wonye aʋawɔnu siwo dzadzra nɔ se nu kpɔ. Zi geɖe la, wofiaa aʋawɔnu siwo wodzrana na asrafowo alo kpovitɔwo la va dzrana na  edzrala siwo se meɖe mɔ na o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ebɔ be wogagbugbɔ dzraa aʋawɔnuwo na ame bubu le edzrala gbãtɔ ƒe manyamanya me. Magazine si nye Arms Control Today me nyati aɖe gblɔ be: “Ele be dziɖuɖuwo koŋ nalé ŋku ɖe nu ŋu ayi ŋgɔ wu sedede ɖe aʋawɔnu suesuewo dzadzra si ŋu se meɖe mɔ ɖo o nu eye woalé ŋku ɖe akpa si wɔm woa ŋutɔwo le le aʋawɔnusitsatsa si ŋu se ɖe mɔ ɖo fifia me la ŋu.” Togbɔ be ame geɖe le mɔ kpɔm be dukɔwo ava tsi aʋawɔnu suesuewo dzadzra nu hã la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ be: “Esi dukɔ atɔ̃ siwo nye akametiwo le [Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dedienɔnɔ] ɖaŋuɖoha me la ɖeɖe dzraa aʋawɔnu siwo sɔ gbɔ wu esiwo  wodzrana le xexeame katã ƒe alafa memama 80 ta la, mele be míanɔ mɔ kpɔm na woƒe afɔɖeɖe kpata aɖeke o.”

Nusi na aʋawɔnu suewo kple esiwo mekpena o dzadzra ƒe kuxiawo nutsitsi gasesẽ ɖe edzi enye be aʋawɔnu sueawo wɔwɔ le bɔbɔe. Togbɔ be dukɔ ʋɛ aɖewo koe wɔa aʋawɔnu klitsuwo abe aʋawɔʋuwo, aʋawɔyameʋuwo, ƒudziʋawɔʋuwo ene hã la, fifia aʋawɔnu suesue wɔla siwo wu 300 ye le dukɔ siwo anɔ 50 me. Menye ɖeko tuwɔla gbogbo siwo ƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi na dukɔwo ƒe aʋawɔnuwo le dzidzim ɖe edzi o, ke wona mɔnukpɔkpɔ dukɔmevi siwo wona asrafowo ƒe hehee, aglãdzehawo, kple adzohawo hã be woƒe asi nasu aʋawɔnuwo dzi bɔbɔe.

Nya Siwo Ŋu Woʋlia Nya le Vevie

Vaseɖe afisia la, aʋawɔnu suesuewo zazã le dukɔ siwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le ŋu koe míele nu ƒom le. Ke hã la, mɔxexe ɖe tuwo nu nye nusi ŋu woʋlia nya le vevie le dukɔ siwo me ŋutifafa le vaseɖe afi aɖe eye womele aʋa wɔm le wo me o la hã me. Amesiwo tea tɔ ɖe edzi be woade se sesẽwo ɖe tuwo nu gblɔna be tuwo ƒe bɔbɔ naa wowua ame geɖe. Wogblɔna be amewuwu de dzi bobobo le United States, afisi womede se sesẽ aɖeke ɖe tu ƒe amesinɔnɔ nu le o eye tuwo bɔ ɖe afima, gake England, afisi wode se sesẽwo ɖe tu ƒe amesinɔnɔ nu le la, amewuwu mebɔ ɖe afima ale o. Amesiwo tsi tre ɖe sedede ɖe tu nu ŋu hã ʋlia nya be tu le ame akpa gãtɔ si le Switzerland, gake amewuwu mebɔ ɖe afima o.

Nusi gagblẽ nyaa ɖe edzi enye be numekukuwo ɖee fia be ame siwo wowuna kple amewunu siwo menye tu o le United States ƒe dzidziɖedzi kabakaba sɔ gbɔ wu ame alafa memama si wowuna le Europa-dukɔ geɖe me tɔ, ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu. Ke hã dukɔ bubuwo li siwo me ame alafa memama si wowuna kple amewunu siwo menye tu o la sɔ gbɔ wu ame alafa memama si wowuna le United States la katã ƒe ƒuƒoƒo.

Ebɔ be woazã akɔntabubuwo—le mɔ nyui nu atsɔ ade nukpɔsusu aɖe dzii loo alo woazãe ɖe mɔ gbegblẽ nu atsɔ ade bubu dzii. Eye le mɔxexe ɖe tu zazã nu ƒe nyaa gome la, edze abe tsitretsiɖeŋunya aɖe kokoko nɔa anyi wogblɔna le nya sia nya si woado ɖa ŋu ene. Enaa nyatiawo me dzodzro menɔa bɔbɔe o. Gake numetola geɖe lɔ̃ ɖe edzi be tsɔ kpe ɖe tu ƒe amesinɔnɔ ŋu la, nu bubu geɖewo hã li siwo kpɔa ŋusẽ ɖe amewuwu kple nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi dzi.

Dukɔa me Tuwo ƒe Amesinɔnɔ Gbɔkpɔha si nye habɔbɔ xɔŋkɔ aɖe le United States gblɔnɛ enuenu be: “Menye tue wua ame o; amee wua ame.” Le susu sia nu la, togbɔ be ɖe wowɔ tu be woatsɔ wu amee hã la, mewua ame le eɖokui si o. Amee ɖonɛ koŋ danɛ, alo adae le manyamanya me. Gake ame aɖewo ahe nya be tue naa wònɔa bɔbɔe na amewo be wowua wo haviwo.

Yiwo Tsɔtsɔ Tu Kodziwoe

Le Biblia ƒe nya nu la, womate ŋu akpɔ amewo ƒe wo nɔewo wuwu ƒe kuxia gbɔ to sedede ɖe tu zazã nu ko dzi o. Hadomekuxie nuvlowɔwɔ nye, ke menye lãnu ƒe amesinɔnɔ nya aɖe koe o. Egbɔkpɔnu ŋutɔŋutɔ ku ɖe amewo ƒe nɔnɔme kple tamesusu tɔtrɔ ŋu. Gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ ɖi be: “[Mawu] adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye wòatso nya me na dukɔ geɖewo; woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:4.

Menye nya si mate ŋu ava eme o ye nya sia nye abe alesi ame aɖewo asusui ene o. Yesaya ƒe nyagblɔɖia le eme vam egbea le nyateƒe Kristotɔwo dome le xexeame godoo. Alesi le kpɔɖeŋumɔnu wotrɔ aʋawɔnuwo tsɔ wɔ ŋutifafanuwoe fia alesi gbegbe wodi vevie be yewoadze Mawu ŋu eye yewoanɔ ŋutifafa me kple amewo. Eteƒe madidi o, le Mawu ƒe Fiaɖuƒe-dziɖuɖu te la, amesiame anɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ blibo me le anyigba dzi. (Mixa 4:3, 4) Womagazã tu awu amee o. Amewo magawu wo nɔewo o. Lãnuwo zazã azu gbaɖegbenya.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

“Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe”