Ame Miliɔn Geɖewo Le Yiyim—Àyia?

Ame Miliɔn Geɖewo Le Yiyim—Àyia?

Ame Miliɔn Geɖewo Le Yiyim—Àyia?

Afika yimee wole? Yesu Kristo ƒe ku ƒe ŋkuɖodzizã si woɖuna ƒe sia ƒe la ɖuƒee. Le ƒe 2000 me la, ame 14,872,086 ye de le xexeame katã.

Nukatae amewo dena? Nusi Kristo ƒe kua fia na ameƒomea tae. Efia be eteƒe madidi o míavo tso dɔléle, fukpekpe, kple ku si me. Woafɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku gɔ̃ hã ɖe tsitre be woava nɔ anyigba si wowɔ paradisoe dzi.

Aleke Yesu ƒe ku ate ŋu ahe yayra siawo vɛe? Míele kpewòm be nàva see. Yehowa Ðasefowo le kpewòm be nàva wɔ ɖeka kpli yewo le wɔna vevi sia me.

Yi le Fiaɖuƒe Akpata si tsɔ gbɔwò wu me. Edze Kwasiɖagbe, April 8, ƒe ɣeɖoto dzi le ƒe sia me. Bia Ðasefo siwo le mia gbɔ ne nàse game si tututu woawɔe.