Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wokpɔ Egbɔkpɔnua Mlɔeba!

Wokpɔ Egbɔkpɔnua Mlɔeba!

 Wokpɔ Egbɔkpɔnua Mlɔeba!

KPƆ xexe aɖe si me woaɖe ɖetsɔleme vavã, kple lɔlɔ̃ vavã afia ɖevi ɖesiaɖe, eye wòakpɔ dzila lɔ̃ame belénamela siwo di tso dzi blibo me be yewoana mɔfiame kple mɔfiafia nyuitɔ kekeake yewo vi la ɖa le susu me. Kpɔ xexe aɖe si me ɖevi ɖesiaɖe le lãmesẽ me nyuie le ŋutilã kple susu me siaa, afisi ɖevi ablɔdzitsila aɖeke mele o, afisi ɖeviwo ƒe ɖevimenɔɣi magagblẽ le gamanɔamesi ta o ɖa le susu me!

Edzro wòa? Adzro wò godoo. Ðe wònye nusi dzi woate ŋu axɔ asea? Yehowa Ðasefowo bui nenema, le susu eve aɖewo ta.

Dzilawo Ate Ŋu Awɔ Akpa aɖe le Egbɔkpɔkpɔ Me

Ðikekemanɔmee la, àlɔ̃ ɖe edzi be ame tsitsiwo ate ŋu akpɔ ɖeviwo ƒe kuxiawo dometɔ  aɖewo gbɔ—axe mɔ ɖe wo nu ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Nyateƒee, enɔa nenema nenye be ame tsitsi siawo lɔ̃ faa be yewoawɔe. Ẽ, kuxiawo gbɔ kpɔnuwo dometɔ ɖeka le dzilawo ŋutɔ si.

Le kpɔɖeŋu me, ame tsitsi siwo te ŋu wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be “nyɔnu nagagbe srɔ̃a o . . . eye ŋutsu hã nagagbe srɔ̃a o” ƒe viwo mekpea fu siwo tsoa aƒe si me ma le kaklã alo srɔ̃gbegbe ta o.—Korintotɔwo I, 7:10, 11.

Ame tsitsi siwo lɔ̃ faa wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi be ‘míazɔ nyuie, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo me o,’ ƒe viwo mekpea fu si tsoa dzila siwo nye ahamulawo alo atikevɔ̃ɖizãlawo si me o.—Romatɔwo 13:13; Efesotɔwo 5:18.

Ame tsitsi siwo lɔ̃ faa wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi be “miaɖe mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me” awɔe be asesẽ be wo viwo natsi ava zu gbɔdometsilawo, ɖewohĩ le dzilaɖekɛƒome me.—Tesalonikatɔwo I, 4:3; Mateo 19:9.

Ame tsitsi siwo lɔ̃ faa wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi be, “Migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o,” eye ‘wolɔ̃ wo viwo’ la ƒe viwo mase veve le ŋutilã alo susu me fuwɔame ƒomevi aɖeke me o.—Kolosetɔwo 3:21; Tito 2:4.

Kpuie ko la, ne ame tsitsiwo katã alɔ̃ faa awɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋu si wòɖo le Biblia me dzi be, “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo” dzi la, ɖe ɖevi miliɔn geɖe siwo tsi gbɔdome kple esiwo womeɖe lɔlɔ̃ fia o anɔ anyia?—Mateo 7:12.

Dzidzɔtɔe la, ame tsitsi geɖewo li siwo lɔ̃ faa wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le etame dzi. Gake nublanuitɔe la, menye wo katãe wɔna ɖe edzi o, eye emae nye kuxia. Eye wo dometɔ siwo lɔ̃ wɔnɛ gɔ̃ hã kpɔnɛ zi geɖe be amegbetɔ ƒe blibomademade kple nusiwo ŋu yewomate ŋu awɔ naneke le o wɔnɛ be yewoƒe agbagbadzedzewo tsia akpo dzi. Amegbetɔwo ate ŋu awɔ akpa aɖe le ɖeviwo ƒe kuxiawo gbɔ kpɔkpɔ me, ke hã edze ƒã be womate ŋu akpɔ wo gbɔ bliboe o.

Dziƒodziɖuɖu si Ahe Egbɔkpɔnu Bliboa Vɛ

Agbalẽŋlɔla John Ruskin si míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me xɔe se vevie be “nu gbãtɔ si wòle be Dziɖuɖu nawɔe nye be wòakpɔ egbɔ be ɖevi ɖesiaɖe si woadzi nakpɔ aƒe nyui, nudodo nyui, wòaɖu nu nyuie, eye wòaxɔ hehe nyuie, vaseɖe esime wòatsi ava nɔ eɖokui si.” Gake Ruskin lɔ̃ ɖe edzi be, “be Dziɖuɖua [nate ŋu awɔ] esia la ele be wòakpɔ ŋusẽ ɖe eteviwo dzi le mɔ si meva tame na mí amesiwo li fifia kpɔ o nu.”

Dziɖuɖu si Mawu ada megbe na ko sie ŋusẽ nyui si ŋu Ruskin ƒo nu tsoe ate ŋu anɔ. Eye wodo dziɖuɖu ma tɔgbe tututu ŋugbe—si nye esi ŋu Yesu ƒo nu tsoe le Mateo 6:9, 10. Ne Mawu ƒe dziɖuɖu sia va kpɔ ŋusẽ ɖe anyigba dzi keŋkeŋ ko la, aɖu amewo katã dzi—ana aƒewo, nudodowo, nuɖuɖu, kple hehe eteviwo katã, siwo dome ɖeviwo hã anɔ. (Yesaya 65:17-25) Gake dziɖuɖu deblibo sia awɔ nu geɖe wu ema gɔ̃ hã.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea ana amegbetɔwo nagade blibo, si ana woate ŋu anyi wo viwo le dadasɔ me nyuie. (Hiob 33:24-26) Woatsɔ ŋutifafa, kple amewo katã ƒe nɔvisiléle ƒe gbɔgbɔ anyi ɖeviwo, si nye taɖodzinu si wogblɔ ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo ƒe Gomenɔamesi Sewo me. (Psalmo 46:9, 10) Dukɔwo Dome Ƒe na Ðeviwo alo Ðeviwo ƒe Gomenɔamesi Nubabla magahiã gbeɖegbeɖe o.

Lãmesẽ deblibo nana dzilawo kple ɖevi nuwɔametɔwo manye nu sesẽ na Kristo Yesu, amesi nye dziƒodziɖuɖu sia ƒe Fia o. Eƒe nukudɔdada siwo wòwɔ esime wònɔ anyigba dzi nye kpeɖodzi. (Luka 6:17-19; Yohanes 5:3-9; 9:1-7) Ðevi kple dzila siwo ku fɔfɔ ɖe tsitre gɔ̃ hã manye nu sesẽ nɛ o!—Mateo 9:18-25.

Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be míanya be ɣeyiɣi si Mawu axɔ na ɖevi siwo le anyigba dzi la gogo!

 [Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Kpekpeɖeŋu na Sɔhɛwo

Yehowa Ðasefowo tsɔ ɖe le kpekpeɖeŋunana sɔhɛwo be woaƒo asa na kuxiwo kple mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato anɔ te ɖe kuxi siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le o nu fiafia wo siaa me vevie. Eyata le ƒe siwo va yi me la, wota kpekpeɖeŋunagbalẽ siwo ŋu wotrɔ asi le be woakpɔ sɔhɛwo—tso esiwo medze suku gɔme haɖe o dzi va ɖo ƒewuiviwo dzi—ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Agbalẽ siawo dometɔ aɖewoe nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo kple Questions Young People Ask—Answers That Work kpakple video si ƒe tanyae nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends? Woate ŋu asu asiwò ne ète ɖe Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ ŋu alo ne èŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.

Le Yehowa Ðasefowo ŋutɔ ƒe viwo gome la, woléa be na wo eye woɖea lɔlɔ̃ fiaa wo to woƒe kuxiwo me dzodzro kpli wo edziedzi me. Zi geɖe dzilawo zãa nyati nyui siwo le nusrɔ̃gbalẽ siwo míeyɔ le etame me wònyea nusi dzi wotua wo viwo hehe ƒe ɖoɖo si wowɔna edziedzi la ɖo. Ðewohĩ àdi be ye hã yeazɔ ɖe ɖoɖo ma tɔgbe dzi le viwòwo hehe me.