Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔvedawo—Wokɔ, Woƒe Afɔ Didi, eye Wonya Kpɔ

Sɔvedawo—Wokɔ, Woƒe Afɔ Didi, eye Wonya Kpɔ

 Sɔvedawo—Wokɔ, Woƒe Afɔ Didi, eye Wonya Kpɔ

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

ZÃMU ƒo agakpeawo wofu kpii eye vuvɔ nɔ wɔwɔm le fɔfɔme. Míebe ɖe agakpe gã siawo dome eye míewɔ tii dzodzoe ɖe kplu me lé ɖe asi heke ŋku ɖe Afrika ƒe gbedadaƒo ɖaa. * Míaƒe dzigbɔɖia ɖe vi. Esi ɣea te dzedze vie la, míekpɔ sɔvedawo ƒe ha aɖe—wokɔ, woƒe afɔ didi, eye wonya kpɔ—wonɔ zɔzɔm blewu le gbeadzi. Wonɔ zɔ ɖem blewu ɖe woƒe afɔ tsralawo dzi, eye woƒe kɔ legbe si bi ɖe yame la nɔ nyenyem abe alesi tɔdziʋu ƒe abalati nyena le yaƒoƒo nu ene. Míelé mía ɖokui maʋãmaʋãe. Enya kpɔ ale gbegbe!

Esi míaƒe afima nɔnɔ meɖe fu na wo o ta la, wo katã wotrɔ ɖekae ɖe xeti dama siwo nɔ afima ŋu eye wokɔ ve ɖe yame ɖe atilɔ siwo ŋu ŋuwo le la ŋu. Lã dzɔtsu fatu siawo zã ŋuɖɔɖo blibo tsɔ woƒe aɖe legbeawo ɖu aŋgba dama suesueawo. Ne wotsi tre la, wokɔkɔna bobobo eye wohea ve ɖe yame yia ʋlẽwo ƒe atɔwo me heɖua nu faa dzitsitsi manɔmee. Xeviawo xlɔ̃na ɖe amedzidzela ve legbe siawo ta. Ne xɔxlɔ̃a na lãhaawo ɖi vo la, wotrɔna kpoo bubutɔe yina ɖe ati bubuwo gbɔ.

Woƒe Afɔnu Tsɔ eye Wonya Kpɔ

Asesẽ na amesi kpɔ nuwɔwɔ siawo le lãwo kpɔƒe wohe ve wòdo ɖe gota be wòakpɔ alesi wonya kpɔna hedze anii ne wole du ƒum le wo ɖokui si le Afrika gbewo me la le susume. Sɔveda ƒe zɔzɔme nya kpɔna eye wòle ɖoɖo nu. Ne wole du dzi le gbedadaƒo gbadzaƒewo la, woƒe dzedzeme, kple alesi wòdze abe ɖe ŋusẽ mele wo ŋu o ene na wòdzena abe ɖe woakli nu suetɔ kekeake amli to me ene. Gake to vovo na ema la, ŋusẽ le sɔveda tsu lolo si ƒe kpekpeme ade kilogram 1,300 la ƒe afɔwo ŋu eye eƒe afɔnu tsɔna, ale be ate ŋu aƒu du wòade kilometa 60 le gaƒoƒo ɖeka me.

Afrika koe nuwɔwɔ dzeani sia le. Alesi wòfa tu eye  mewɔa adã o la na ekpɔkpɔ doa dzidzɔ na ame. Woate ŋu aɖɔ sɔveda ƒe mo be ele etɔxɛ eye wònya kpɔ gɔ̃ hã, le eƒe to tsralɛ siwo didi kple dzo sue eve kpakple fu yibɔ kedzekedze siwo to ɖe eƒe mo ta. Eƒe ŋkuwo lolo ŋutɔ hele yibɔɔ, eye eƒe aɖaba legbeawo tsyɔ wo dzi. Ne sɔveda kɔkɔ la le adzɔge kpɔm ɖaa la, eƒe mo ɖia nukpɔla si meɖo susu vɔ̃ aɖeke o.

Le blema la, wodea bubu kple asixɔxɔ sɔveda ŋu le eƒe dzedzeme dzeania kple alesi ŋu kpenɛ, wòwɔa nu kpoo eye mewɔa adã o la ta. Wotsɔa sɔveda viwo naa dziɖulawo kple fiawo be wòanye ŋutifafa kple nyuidiname dzesi le dukɔwo dome. Egbea wogakpɔa sɔvedawo ƒe nɔnɔme siwo wota ɖe blema Afrika agakpewo dzi.

Ekɔkɔ

Sɔvedae nye lã kɔkɔtɔ kekeake. Ne wodzidzee tso eƒe afɔkli nu va ɖo eƒe dzowo dzi la, atsu tsitsiawo te ŋu kɔkɔna dea meta 5.5. Le blema Egiptetɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ si me wozãa nɔnɔmetatawo le me la, wozãa sɔveda tsɔ tsia tre ɖi na dɔwɔnya si nye “be woagblɔ nya do ŋgɔ” alo “agblɔe ɖi,” si ɖe eƒe kɔkɔme kple eƒe ŋutete be wòakpɔ nu le adzɔge ɖaa fia.

Ne sɔveda tsi tre ɖe Afrika gbegbelã bubuwo abe gbetedziwo, golowo, afiãwo, kple bubuawo ene dome la, ezua gbetakpɔla na wo. Eƒe kɔkɔme kple nukpɔkpɔ nyui la wɔnɛ be wòkpɔa nu le adzɔge ʋĩ hekpɔa afɔku ɖesiaɖe si gbɔna la kaba. Eyata ɖikeke mele eme o be alesi wòkɔkɔ bobobo la nyea ametakpɔkpɔ aɖe ƒomevi na lã bubuwo.

Wowɔe Wòwɔ Nuku

Wowɔ sɔveda ale gbegbe be wòate ŋu aɖu nu le ati kɔkɔ, siwo kɔ wu lã bubu ɖesiaɖe negbe atiglinyi ɖeka ko la dzi. Eƒe nuyi dzitɔ si wowɔ wòle etɔxɛ eye wòte ŋu ŋlɔnɛ tsɔ léa nui kple eƒe aɖe si bɔbɔ la kpena ɖe eŋu be wòte ŋu gbea aŋgbawo le atilɔ siwo ŋuti ŋu ɖaɖɛwo le ŋu.

 Sɔvedawo te ŋu ɖua gbe si ade kilogram 34 gbeɖeka. Togbɔ be wote ŋu ɖua gbe ƒomevi vovovowo hã la, wolɔ̃a xeti siwo ŋuti ŋuwo le siwo bɔ ɖe Afrika dzogbewo la ƒe aŋgbawo ɖuɖu wu. Sɔveda tsu ate ŋu ahe eƒe aɖe ɖe go wòade sentimeta 42 ne ele nuɖuɖu dim. Sɔveda ƒe kɔ bɔbɔ ale gbegbe. Esia wɔnɛ be wòte ŋu trɔna eƒe ta hetronɛ nukutɔe le atilɔwo me le yame.

Nuwo gbɔ ɖoɖo le yame le bɔbɔe na sɔveda, gake tsi nono ya mele bɔbɔe nɛ o. Ne sɔveda ɖo tsivudo gbɔ la, ele be wòawɔ blewu akeke eƒe ŋgɔgbefɔwo me, ahabɔbɔ atu klo eveawo anyi hafi ate ŋu aɖo tsia gbɔ. Le nɔnɔme madeamedzi sia me la, sɔveda la hea eƒe kɔ keŋkeŋ hafi wòɖoa tsia gbɔ. Dzidzɔtɔe la, mehiã be sɔveda nano tsi edziedzi o, le esi wòkpɔa tsi geɖe le aŋgba mumu siwo wòɖuna me ta.

Amadede ɣiwo ɖe fli ɖe sɔveda ƒe kɔme kple axadamewo wònya kpɔ abe aŋgbawoe wotsɔ wɔe ene. Amadedeawo le vovovo, ɖewo le hẽ, bubuwo le abe aŋgba ƒuƒu ene kple yibɔ gɔ̃ hã. Ne sɔveda le tsitsim la, eƒe amadede nɔa nyɔnyɔm.

Ƒomegbenɔnɔ

Sɔvedawo lɔ̃a hadede, eye wo ame 2 va ɖo 50 nɔa hame zɔna. Fu nɔa nɔea ƒo wòdea ŋkeke 420 vaseɖe 468 hafi wòdzia vi si ƒe kɔkɔme nɔa meta 2. Ne wodzi sɔveda vi la, egena tso yame wu meta eve va dzea anyigba, eye eƒe tagbɔe dona gbã! Gake nuvevi mewɔnɛ o eye le aɖabaƒoƒo 15 me la, efɔna ɖe eƒe afɔ dzi henoa no. Le kwasiɖa eve alo etɔ̃ megbe la, via tea xeti ƒe alɔdzewo ƒe ɖɔmewo ɖuɖu le eɖokui si eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋusẽ ɖoa eŋu be wòate ŋu akplɔ dadaa ɖo ne ele azɔli si tsɔna dzi.

Sɔveda vi nye edzilawo ƒe kpɔɖeŋu tututu. Togbɔ be ele kpuie le sɔvedawo dome hã la, ekɔkɔ wu ame akpa gãtɔ. Ne etsi tre hele ŋku tsam vɔvɔ̃manɔmee eye dadaa si kɔ boo la ƒe ŋku le eŋu la, ewɔa nu wònya kpɔna ŋutɔ.

Le woƒe ɖevime la, woƒoa sɔveda viwo nu ƒu ɖe hatsotsowo me, afisi wonɔna le ŋkekea me nɔa ɖiɖim ɖe me, nɔa fefem, eye wonɔa ŋku lém ɖe nusiwo le edzi yim la ŋu. Sɔveda vi tsina kabakaba nukutɔe. Le dzinu ade me la, via te ŋu kɔkɔna dea meta ɖeka, eye ate ŋu akɔkɔ ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ƒe ɖeka me. Le kwasiɖa ɖeka ko me la, sɔveda via ate ŋu akɔkɔ sentimeta 23! Sɔveda nɔ kpɔa viawo ta ale gbegbe, eye togbɔ be eɖea mɔ via ɖia tsa yia adzɔge vie hã la, alesi wòte ŋu kpɔa nu nyuie la wɔnɛ be eƒe ŋku te ŋu nɔa via ŋu.

Le sɔveda ƒe lolome, alesi wòte ŋu trɔna ɖe nɔnɔme vovovo nu, eƒe ablaɖeɖe kple nukpɔkpɔ deŋgɔ ta la, dzata kple gbemelã ɖekaɖeka aɖewo koe nye futɔ nɛ. Ke hã amegbetɔe daa ade wua lã dzeani siawo le agbɔsɔsɔ gã me. Le esi wotia lã fatu sia yome ɣesiaɣi le eƒe lãgbalẽ dzeania, eƒe lã si vivina, kple eƒe asike fu yibɔ  siwo didi—esi amewo buna be gbɔgbɔmeŋusẽ le eŋu—ta la, eƒe etsɔme ɖo afɔku me. Togbɔ be sɔveda bɔ ɖe Afrika ƒe akpa geɖe va yi hã la, fifia lãwokpɔƒe kple ave siwo ŋu wode se ɖo siwo me wokpɔa wo ta le me koe wonɔa dedie le.

Egbea amesiwo zɔ mɔ yi Afrika ƒe ave siwo nye lãwokpɔƒe agate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wokpɔ sɔveda kɔ legbewo wole du ƒum faa le gbedadawo ƒo. Le afima la, woate ŋu akpɔ wo woanɔ xeti siwo ŋuti ŋu le ƒe aŋgbawo ɖum le yame alo woanɔ nu kpɔm le adzɔge ɖaa abe alesi sɔvedawo wɔnɛ ene. Nuwɔwɔ wɔnuku sia si ƒe dzedzeme nya kpɔ eye wòfatu la nye atsyɔ̃ɖoɖo si deŋgɔ—eye wònye alesi Yehowa Mawu nye wɔla wɔnuku kple eƒe amenyenye si ƒomevi aɖeke megali o la ƒe kpeɖodzi bubu.—Psalmo 104:24.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Woyɔa togbɛ glidzaglidza siwo kaka ɖe Afrika ƒe gbedadaƒowo be kopjes.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

KƆ LEGBE SI NYE NUKUNU

Ele be alesi sɔveda ƒe dzedzeme le kple eƒe lolome dziŋɔ la nahe kuxiwo vɛ—alo ame aɖe abui nenema. Le sɔveda ƒe kɔkɔme kple eƒe kɔ legbea ta la, edze abe asesẽ be ʋu nasi ayi ŋutilãa ƒe akpa ɖesiaɖe ene. Le kpɔɖeŋu me, ne sɔveda bi eƒe ta va anyi la, ele be nuheŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ nawɔe be ʋu nasi ayi eƒe tagbɔ age ɖe susua me. Eye ne sɔveda kɔ eƒe ta dzi la, ele be ʋua nasi agbugbɔ yi dzia gbɔ, si awɔe be lãa ƒe mo natsyɔ zi. Gake medzɔna nenema o. Nukatae?

Sɔveda ƒe ʋu ƒe dɔwɔwɔ nye aɖaŋuwɔwɔ si wɔ nuku vavã, si ŋu wotrɔ asi le etɔxɛ be wòakpɔ lãa ƒe nɔnɔme si le etɔxɛ kple eƒe lolome ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Dzia ŋutɔ lolo etɔxɛe eye ele be wòawɔ dɔ sesĩe be ʋu nate ŋu aɖo susua si le yame afisi ade meta 3.5 la gbɔ. Dzia tsona dea zi 170 le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye ŋusẽ si nu sẽ wu amegbetɔ tɔ zi gbɔ zi etɔ̃ la dona le ayi si le dzia ŋu si ƒe titrime anɔ sentimeta 7 la me. Be woawɔ ŋusẽ ma ŋudɔ dedie la, ehiã be ʋuka si me ʋu tona yia susua gbɔ, kple esi me ʋu tona gbugbɔna yia dzia gbɔ la nalolo. Le nyateƒe me, ʋuka siawo lolo wu sentimeta 2.5, eye ʋuka suesue siwo sẽ doa ŋusẽ wo, si wɔe be wobɔbɔ eye ŋusẽ le wo ŋu.

Ne sɔveda bɔbɔ ta la, ʋumenu siwo le ʋuka si me ʋu tona gbugbɔ yia dzia gbɔ xea mɔ na ʋua be wòagasi ayi susua gbɔ o. Le susua gɔme la, ʋuka gã la va ge ɖe ŋutinu bubu si wowɔ nukutɔe si woyɔna be dɔwɔƒe tɔxɛ la me. Le afisia la, ŋusẽ si ʋua tsɔ sina yia susua gbɔ le sɔveda ƒe kɔ si wòbɔbɔ ta la dzi ɖena kpɔtɔna ne wòva ge ɖe ʋuka suesue siwo kpɔa ŋusẽ ɖe ʋua ƒe dɔwɔwɔ dzi eye wòkpɔa susua ta be ʋu nagasi kple ŋusẽ aɖo egbɔ o la me. Ʋuka suesueawo kekena ne sɔvedaa bɔbɔ ta eye wòga míana ne efɔ ta dzi, ale be etsia nusi ʋu ƒe dɔwɔwɔ si ɖiɖi ŋutɔ ate ŋu agblẽ eye wòate ŋu ana eƒe mo natsyɔ zi hafi la nu.

Sɔveda ƒe kɔ hã nye nuwɔwɔ si wɔ nuku. Ewɔ nuku na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo esi wokpɔe be ƒu xexlẽme si le afi kple lã akpa gãtɔ ƒe kɔ me kee le sɔveda ƒe kɔ legbe wɔnuku la hã me! Gake to vovo na lã bubuwo la, sɔveda ƒe ƒuwo tso kpuikpui hede nu wo nɔewo me etɔxɛ si wɔe be wòte ŋu tronɛ faa. Eyata sɔveda te ŋu bɔbɔa kɔ hetronɛ wòdea eƒe ŋutilã ƒe akpa ɖesiaɖe alo henɛ ɖe yame ɖaa ɖua nu le atiwo ƒe alɔwo me.