Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tɔsisi Eve Aɖewo ƒe Ŋutinya

Tɔsisi Eve Aɖewo ƒe Ŋutinya

Tɔsisi Eve Aɖewo ƒe Ŋutinya

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE INDIA GBƆ

Tɔsisi eve aɖewo siwo dzi amewo ƒe agbe nɔ te ɖo vevie la le India, eye ame miliɔn alafa geɖe kpɔa woƒe agbemenuhiahiãwo tso wo gbɔ. Xexeame ƒe togbaka kɔkɔtɔwo kekeake tame tsikpewo mee wodzɔ tso eye wo dome medidi tso wo nɔewo gbɔ akpa o, tɔsisi eveawo dometɔ ɖesiaɖe de didiƒe wu kilometa 2,400, eye dukɔ eve koŋ mee wosi to. Wova de nu atsiaƒu vovovo eve me. Blema ŋkuʋuʋu aɖe dzɔ tso tɔsisi siawo dometɔ ɖesiaɖe gbɔ. Wo dometɔ ɖesiaɖe he mawusubɔsubɔ ɖedzesi aɖe vɛ. Wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nunanawo na amegbetɔ melɔ̃a nu le wo gbɔ o, eye wosubɔ wo dometɔ ɖeka, wosubɔnɛ egbea gɔ̃ hã. Ke woƒe ŋkɔwo ɖe? Woawoe nye Indus kple Ganges, woyɔa evelia le India afisia be Ganga.

ESI ameƒomea hiã tsi hafi ate ŋu anɔ agbe ahakpɔ dzidzedze ta la, blemadukɔwo ƒe ŋkuʋuʋu dze egɔme le tɔsisiwo gbɔ. Wobua tɔsisiwo ɣeaɖewoɣi be wonye mawuwo, eyata woƒe blemaŋutinyawo te ŋu tsakana kple glitotowo. Esia nye nyateƒe le Indus-tɔsisi kple Ganga-tɔsisi, si wogayɔna le India be Ganga Ma (Dada Ganga), ƒe ŋutinya hã gome.

Hindutɔwo kple Buddhatɔwo siaa bunɛ be Kailash-to si kɔkɔ meta 6,714 kple Manasarovar, ye nye mawuwo ƒe nɔƒe. Wosusui ɣeyiɣi didi aɖe be tɔsisi gã ene dzɔ tso ta sia me to lãwo ƒe nu me. Indus nye dzatatɔsisi, eye Ganga nye atsrimatɔsisi.

Tibettɔwo mexɔ dutatɔ anyigbayeyedilawo o. Gake le ƒe 1811 me la, England ɖɔkta aɖe si wɔa dɔ na lãwo si nɔ dɔ wɔm na Ɣedzeƒe India Adzɔha la trɔ eɖokui be womakpɔe adze sii o, eye wòtsa le dukɔa me godoo. Eka nya ta be tɔ aɖeke mesi tso Manasarovar me o, gake tɔsisi sue aɖewo si tso towo dzi va de nu eme. Ƒe alafa 20 lia me hafi wova ke ɖe Indus kple Ganga siaa ƒe dzɔtsoƒewo ŋu. Indus dzɔ tso Tibet, le Himalaya-toawo ƒe dziehe gome, eye Ganga dzɔ tso tsikpeʋe aɖe me le Himalaya-to ƒe abunu le India ƒe dziehe gome.

Afisi Blema Ŋkuʋuʋu Dze Egɔme Tso

Wosusui be ame gbãtɔ siwo nɔ India la tso ɣedzeƒe gome va do ɖe Indus-bali me. Le afisia la, tomenukulawo ke ɖe dukɔ siwo ƒe ŋkuʋuʋu de ŋgɔ ƒe dudowo ŋu le teƒe siwo dometɔ aɖewoe nye Harappa kple Mohenjo-Daro. Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, nusiawo siwo ŋu woke ɖo wɔe be nukpɔsusu si nɔ amewo si be Indiatɔ gbãtɔ siwo nɔ teƒea nye tsaglãlatsala siwo ƒe ŋku meʋu o trɔ. Ƒe 4,000 kple edzivɔwoe nye si va yi la, Indus Ŋkuʋuʋu de ŋgɔ wu Mesopotamia tɔ alo esɔ kple wo tɔa. Wokpɔe be mɔdodo dzɔdzɔe siwo le ɖoɖo nu hede nu wo nɔewo me nyuie, dziƒoxɔ kɔkɔwo kple aƒe gãwo, tsigbegblẽtoƒe kple tsiƒoɖivudo nyuiwo, ava gãwo, gbedoxɔwo, kple tsileƒe siwo wotu na ŋutikɔklɔ le kɔnu nu; esiawo katã fia be dugã siwo ƒe ŋkuʋuʋu de ŋgɔ nɔ anyi. Edze abe asitsatsa kadodowo hã nɔ wo kple Mesopotamia kple Titina Ɣedzeƒe tɔwo dome ene, eye anyigba siwo gbɔ didi kilometa alafa geɖe dzi tɔwo toa Indus-tɔsisia dzi yia Arabia-ƒua nu.

Le ƒe alafawo me la, edze abe dzɔdzɔmefɔkuwo—ɖewohĩ anyigbaʋuʋuwo alo tɔɖɔɖɔ gãwo—gblẽ nu le dugã siwo nɔ Indus-balia me la ŋu ene. Esia wɔe be tsatsalawo ƒe to vovovo siwo tso Titina Asia gbogbo aɖewo siwo ame geɖe yɔna be Aryatɔwo te ŋu va dze wo dzi bɔbɔe. Wonya dugã la me tɔ akpa gãtɔ le tɔsisia gbɔ, esia na fifia blemadukɔ siwo nɔ Indus-tɔsisia ƒe nutoa me ʋu yi India ƒe anyiehe gome, afisi Dravidatɔwo kpɔtɔ nye India ƒe to vovovo me tɔ ɖedzesiawo dometɔ ɖeka le egbea.

Aryatɔawo to India ɖo ta ɣedzeƒe eye woƒe to aɖewo tsi Ganga-tagba. Eyata dziehe India ye Aryatɔwo ƒe hatsotso si le India-nyigba ƒe nutoawo me ƒe dekɔnu si to vovo kura la dzɔ tso, eye Ganga-tɔsisia ŋu koŋue wonɔ, afimae wogakpɔtɔ le vaseɖe egbe.

Tɔsisi Eve Kple Subɔsubɔha Eve

Nusiwo wofɔ le tomenukuku me ɖe nusiwo ɖi wo nɔewo le subɔsubɔ nuwɔna siwo yi edzi le Indus-balia me kple esiwo yi edzi le Mesopotamia fia. Woke ɖe Hindu subɔsubɔha la, si wobu ɣeyiɣi didi aɖe be enye Aryatɔwo ƒe ha, ƒe ŋkuɖodzinu kɔkɔe aɖewo ŋu le Indus-dugãwo ƒe dudowo me. Mawu siwo wosubɔna do ŋgɔ na Aryatɔwo ƒe vava kple Aryatɔwo tɔ kpakple woƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo, si wotsɔ tsaka mee Hindu subɔsubɔha la dzɔ tso. Gbã la, Aryatɔawo bua Indus-tɔsisi kɔkɔe, gake esi woʋu yi ɣedzeƒe gome eye wotso du ɖe Ganga-tɔsisia ŋu la, wova tsɔ woƒe tadedeagua na tɔsisi sia boŋ. Esi ƒe alafawo va nɔ yiyim la, wova tso dugãwo ɖe Ganga-tɔsisia ŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye Haridwar, Allahabad, kple Varanasi. Hindu-subɔsubɔe xɔ aƒe ɖe afisiawo katã. Egbea ame miliɔn geɖe zɔa mɔ yia teƒe siawo va lea tsi le Ganga-tɔsisia me, eye wobui be tsia yɔa dɔ eye wòkɔa ame ŋu.

Esi Hindu-subɔsubɔ dze egɔme le Indus-tɔsisia gbɔ la, Buddha-subɔsubɔ hã dze egɔme le Ganga-tɔsisia gbɔ. Sarnath, si gogo Varanasi, ye Siddhārtha Gautama si woyɔna be Buddha gblɔ eƒe mawunya gbãtɔ le. Wogblɔ be eƒu tsi tso Ganga-tɔsisia ƒe akpa si keke ŋutɔ la esime wòxɔ ƒe 79.

Aleke Tɔsisiawo Le Egbea?

Tɔsisiawo me tsi va hiã egbea wu alesi wònɔ ƒe 4,000 siwo va yi, esime amewo ʋu va tsi Indus kple Ganga tɔsisiawo ƒe gowo ŋu hena woƒe agbemenuhiahiãwo kpɔkpɔ. Be tsia nate ŋu akpɔ ame gbogbo siwo le India, Pakistan, kple Bangladesh ƒe nuhiahiãwo gbɔ la, ele be ɖoɖo nyui nanɔ alesi woazãe ŋu. (Kpɔ anyigba ƒe nɔnɔmetata si le axa 28-29.) Esi tɔsisia si to dukɔ si wu ɖeka me ta la, dukɔwo dome ɖoɖowɔwɔwo va hiã. Pakistan wɔ nu geɖe siwo dometɔ aɖee nye Tarbela-ta si me tsi wotsɔ dea tsi agblemenuwo, si ƒe didime nye kilometa 3 eye wògoglo meta 143. Enye ta gãtɔwo kekeake siwo le xexeame la dometɔ ɖeka, eme ƒe lolome ate ŋu axɔ ke kubik-meta 148,500,000. Farakka-ta si wowɔ ɖe Ganga-tɔsisia dzi, naa tsi agbɔsɔsɔ si sɔ nɔa tɔsisia me ɣesiaɣi na agba geɖe tsɔtsɔ zɔ mɔ to tɔa dzi le afisi gogo Calcutta Melidzeƒe.

Ðiƒoƒo nye nusi le nu gblẽm le Ganga-tɔsisia ŋu, abe alesi wòle nu gblẽm le tɔsisi geɖe ŋui ene. Eyata le ƒe 1984 me la, India dziɖuɖua ɖo Ganga Takpɔkpɔ ƒe Ðoɖowɔha wòdze dɔ gɔme. Wotrɔ asi le tsi gbegblẽwo ŋu kpɔa anyigbanyonu alo dzodonu tsoa wo me, wotrɔ mɔ na tsi ƒoɖi siwo sina yia tɔsisia me, eye wotu dɔwɔƒe siwo trɔa aɖiɖuɖɔwo wozua ŋudɔwɔnu nyuiwo.

Dɔ gã si nye be woatrɔ asi le anyigba ƒe tɔsisiwo ŋu woaganya kpɔ eye wo me nadza aɖo woƒe nɔnɔ la va le amegbetɔ ƒe habɔbɔwo ƒe ŋutete ŋu gbɔm. Gake eteƒe madidi o Mawu aɖɔ nɔnɔmea ɖo. Le eƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua te la, ‘tɔsisiwo aƒu akpe’ esime anyigba bliboa katã azu paradiso.—Psalmo 98:8.

[Box/Map on page 28, 29]

Indus-tɔsisi Gã La

Esi wònye tɔsisi vovovowoe va de nu wo nɔewo me zu Indus-tɔsisia ta la, wohe nya le afisi tututu tɔsisi sia dzɔ tso ŋu. Gake kakaɖedzi le eŋu be tɔsisi gã sia dzɔ tso Himalaya-toawo dzi. Tɔsisi sia si ɖo ta dzieheɣetoɖoƒe gome eye wòde nu tɔsisi bubuwo me le mɔa dzi eye wòsi kilometa 320 to Tibet-to kɔkɔ si dzi le gbadzaa, si nye “xexeame ƒe kpo kɔkɔtɔ kekeake,” la dzi ɖo ta ŋgɔ. Esi tɔsisia gogo India ƒe liƒowo le Ladakh nutoa me la, efe mɔ to toawo dome eye wòɖe mɔ to agakpe kɔkɔawo ƒe bali me wòzu tsimɔ si le Himalaya kple Karakoram togbakawo dome. Esi wòva do ɖe India nutowo me la, eɖi abu yi anyi me ade meta 3,700 kloe le tsia ƒe sisi kilometa 560 ko me. Le eƒe mɔfefe alea me la, esi ɖo ta dziehe eye emegbe wòxa mɔ ƒo xlã Himalaya-toawo le eƒe ɣetoɖoƒe gome, afisi tɔsisi gã si nye Gilgit, si si tso Hindu Kush togbaka me va de nu eme le. Emegbe tsia si ɖo ta anyiehe va to Pakistan. Esi Indus-tɔsisia lɔe ɖe nu to toawo dome henɔ bibim gɔdɔgɔdɔ kple du sesĩe la, eva do ɖe gbadzaƒe mlɔeba eye wòtsa to Punjab nutoa me. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Tɔsisi Atɔ̃,” elabena alɔdze gã atɔ̃—siwo nye Beas, Sutlej, Ravi, Jhelum, kple Chenab—ye tsa to nuto sia me va de nu Indus-tɔsisia me, abe asibide siwo le asi gã aɖe si woke ŋu ene, eye wozu ɖeka tsa yi tɔsisi sia ƒe sisi dzeani si didi wu kilometa 2,900 ƒe nuwuwui.

Ganga si Ŋu Wodea Subɔsubɔ ƒe Bubui

Anɔ abe kilometa 100 ene tso Indus-tɔsisia si dzɔ tso Himalaya-toawo ƒe anyiehekpa dzi gbɔe Ganga-tɔsisia dze eƒe sisi si didi wu kilometa 2,500 gɔme tsoe va de nu Adɔ̃ si le Bengal la me. Tsia ƒe dzɔtsoƒe le toa ƒe akpa si kɔkɔ wu kilometa 3,870, eye wòdo bababa tso tsikpe aɖe si ɖi nyi ƒe nu, si woyɔna be Gaumukh le Hindigbe me la me va zu tɔʋu si woyɔna be Bhagirathi. Anɔ abe kilometa 214 ene tso eƒe dzɔtsoƒe la, tɔsisi sue bubu si nye Alaknanda va de nu eme le Devaprayag. Azɔ tɔsisi eve siawo hekpe ɖe tɔsisi siwo nye Mandakini, Dhauliganga, kple Pindar ŋue va zu Ganga la.

Esi Ganga-tɔsisia si ɖo ta anyieheɣedzeƒe gome to India-nyigba gã la dzi yina la, tɔsisi gã bubu siwo me Yamuna si le Allahabad le India kple Brahmaputra-tɔsisi gã si le Bangladesh hã le va de nu eme. Ganga-tɔsisia kple eƒe alɔdzewo de teƒe didiwo eye wodea tsi India nyigba katã ƒe akpa ɖeka le ene me, si nye Ganga-bali wɔnu la. Tɔsisi siawo dea tsi anyigba si lolo kilometa 1,035,000 togodo eye wònye afisi Indiatɔwo katã ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me kpɔa woƒe nunyiame tsonɛ, fifia Indiatɔwo katã ƒe xexlẽme wu biliɔn ɖeka, eye wònye afisiwo amewo sɔ gbɔ ɖo wu le xexeame dometɔ ɖeka. Tɔsisia va keke ɖe enu le Bangladesh, abe atsiaƒu si anyigba ƒo xlã ene, eye tɔdziʋu ƒomevi vovovowo zɔa edzi. Ganga-tɔsisia dze alɔ zu tɔsisi gã kple tɔsisi sue vovovo siwo va zu ɖeɖego gãtɔ kekeake le xexeame katã.

[Anyigbatata]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Tibet

PAKISTAN

Indus

Jhelum

Chenab

Sutlej

Harappa

Mohenjo-Daro

INDIA

Ganga

Yamuna

Brahmaputra

Allahabad

Varanasi

Patna

Calcutta

BANGLADESH

NEPAL

BHUTAN

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.

[Nɔnɔmetatawo]

Hindutɔwo léa tsi le Ganga-tɔsisia me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Copyright Sean Sprague/Panos Pictures