Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nɔnɔmewo le Egbea le Agbenyuinɔnɔ Gome?

Aleke Nɔnɔmewo le Egbea le Agbenyuinɔnɔ Gome?

 Aleke Nɔnɔmewo le Egbea le Agbenyuinɔnɔ Gome?

Gbeɖeka ŋdi le April 1999 me la, ŋutifafa si nɔ Littleton, si nye du aɖe si gogo Denver, le Colorado, U.S.A. me la tɔtɔ zi ɖeka. Ðekakpui eve siwo nɔ awu yibɔ me ge ɖe kɔledzi si nɔ afima la me eye wote tu dada sukuviawo kple nufialawo. Woda bɔmbwo hã. Wowu sukuvi wuieve kple nufiala ɖeka eye wowɔ nuvevi amesiwo wu 20. Amewulaawo wu wo ɖokui tsɔ ƒo tsɔtsrɔ̃a tae. Ƒe 17 kple 18 koe woxɔ eye wolé fu ameha aɖewo kaɖikaɖi.

NUBLANUITƆE la, kpɔɖeŋu si woyɔ le etame la bɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽwo, radio, kple televisionwo kaa nya ta le nudzɔdzɔ mawo tɔgbe ŋu le xexeame katã. Dukɔa ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Agbalẽsɔsrɔ̃ Ŋuti Kɔntabubuwo Gbɔ gblɔ be woka nya ta le hlɔ̃donuwɔna 11,000 siwo me wozã amewunuwo le ŋuti le Amerikatɔwo ƒe sukuwo me le ƒe 1997 me. Le Hamburg, Germany la, ŋutasẽnuwɔnawo dzi ɖe dzi alafa memama 10 le ƒe 1997 me, eye amesiwo wosusu be woawoe wɔ wo la dometɔ 44 le alafa me nye sɔhɛ siwo mexɔ ƒe 21 haɖe o.

 Nufitifitiwɔwɔ bɔ ɖe dunyahelawo kple dziɖuɖumegãwo dome. Europatɔwo ƒe Ðekawɔhabɔbɔ (EU) ƒe dɔdzikpɔlagã Anita Gradin, ka nya ta le ƒe 1998 me be ga siwo tsi nufitifitiwɔwɔ me le Ðekawɔhabɔbɔa me nɔlawo dome le ƒe 1997 me ade dɔlar biliɔn 1.4. Esia lɔ nuwɔna siwo me wotea fli ɖe nya siwo wotsɔ ɖe amesiwo da ʋukuku sewo dzi ŋu me va ɖo mɔ fitifitiwo dzi toto axɔ gakpekpeɖeŋu si EU nana agbledelawo kple dɔ bubu wɔlawo ɖe eme. Woɖe mɔ ɖe ga home gãwo fifi kple aʋawɔnuwo kpakple atike muamewo tsɔtsɔ gbã dee ŋu, eye nuvlowɔhawo xea zãnu na EU-dɔwɔlawo be woamia nu ɖe edzi. Europatɔwo ƒe Ðekawɔhabɔbɔa ƒe Dɔdzikpɔƒea ƒe amegãwo katã ɖe asi le dɔ ŋu le ƒe 1999 me.

Gake menye amesiwo le nɔƒe kɔkɔtɔ kekeakewo le hadome koe wɔa amebanuwo o. Numekuku aɖe si Europatɔwo ƒe Ðekawɔhabɔbɔ ƒe Dɔdzikpɔƒe wɔ ku ɖe dɔwɔla siwo se meɖe mɔ na o ŋuti ɖee fia be ga siwo katã wokpɔna le EU-dukɔwo me ƒe akpa si ade alafa memama 16 nye ga siwo tso asitsatsa siwo womede agbalẽ me o eye womexea adzɔ hã o la me. Le Russia la, wobu akɔnta be gakpɔmɔnu siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o la ade ga siwo katã wokpɔna le dukɔa me ƒe alafa memama 50. Gakpe ɖe eŋu la, Habɔbɔ si Kua Finyawo Me le United States gblɔ be adzɔha siwo le Amerika bua ga home si wu dɔlar biliɔn 400 ƒe sia ƒe to dɔtɔwo ƒe ga alo nunɔamesi siwo dɔwɔlawo fina me.

Ðevigbɔdɔla geɖe siwo dina be yewoable ɖevi matsimatsiwo nu ade gbɔdɔdɔ nuwɔna me zãa Internet tsɔ wɔnɛ. Habɔbɔ si nye Mixɔ Na Ðeviawo si le Sweden ƒe nyanuɖela gblɔ be, ame geɖe va le dzi tsim ɖe ɖeviwo ƒe amamaɖeɖe nuwɔnawo ɖeɖefia le Internet dzi ŋuti. Le ƒe 1997 me le Norway la, habɔbɔ sia xɔ nyatakaka 1,883 ku ɖe ɖeviwo ƒe amamaɖeɖe nuwɔnawo ɖeɖefia le Internet dzi Nyatakakadzraɖoƒewo ŋuti. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, nyatakaka siawo dzi ɖe dzi ɖo 5,000 kloe. Wowɔa amamaɖenuwɔna siawo ƒe akpa gãtɔ le dukɔ siwo me dziɖuɖuwo alo dumegãwo mete ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ŋukpenanuwɔna siawo wɔwɔ dzi o la me.

Ðe Nuwo Ka Ðe Eme Wu le Ɣeyiɣiwo Siwo Va Yi Mea?

Ame geɖe siwo agbenyuinɔnɔ si dome gblẽ le xexeame egbea do vɔvɔ̃ na la abu tame le ɖetsɔleme na ame nɔvi si nɔ anyi le wo dzilawo kple tɔgbuiwo ƒe ŋkekea me ŋuti eye wòadzro wo. Ðewohĩ wose be amewo nɔ anyi le tomefafa me wu le ɣeyiɣi mawo me eye be wodea asixɔxɔ blibo anukwareɖiɖi kple agbenyuinɔnɔ ƒe akpa bubuwo ŋu le hadome. Ðewohĩ ame tsitsiwo ƒo nu tso ɣeyiɣi siwo me amesiwo wɔa dɔ sesẽ kpena ɖe wo nɔewo ŋu, ƒomekadodowo me sẽ, eye sɔhɛwo sena le wo ɖokui me be yewole dedie eye wokpena ɖe wo dzilawo ŋu le woƒe agblewo me alo dɔwɔƒewo la ŋuti.

Esia kplɔ mí va biabia siawo gbɔe be: Ðe amewo ƒe agbenɔnɔ nyo wu le ɣeyiɣi siwo va yi me vavãa? Alo ɣeyiɣi siwo va yi ŋuti dzodzro fluamewo koe wònyea? Mina míakpɔ alesi ŋutinyaŋlɔlawo kple amesiwo léa ŋku ɖe hadome nudzɔdzɔwo ŋu ɖo wo ŋui.

[Aɖaka si le axa 3]

Nusi Agbenyuinɔnɔ Fia

Nya “agbenyuinɔnɔ” si me dzrom míele le nyati siawo me la ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋuti gɔmeɖose siwo dzena le amegbetɔwo ƒe nuwɔna me ŋuti. Esia lɔ anukwareɖiɖi, nyateƒetoto, gbɔdɔdɔ kple agbenɔnɔ bubuwo ŋuti dzidzenu kɔkɔwo ɖe eme.