Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkpɔkpɔ Lém Ðe Te Medo Dzi Le Dodokpɔwo Me

Mɔkpɔkpɔ Lém Ðe Te Medo Dzi Le Dodokpɔwo Me

 Mɔkpɔkpɔ Lém Ðe Te Medo Dzi Le Dodokpɔwo Me

ABE ALESI MICHIKO OGAWA GBLƆE ENE

Le April 29, 1969, dzi la, kpovitɔwo ƒo ka nam. Srɔ̃nyeŋutsu, Seikichi, xɔ abi le ʋufɔku aɖe me eye wokplɔe yi kɔdzi. Megblẽ vinye ŋutsuvi sue eve ɖe xɔ̃nye aɖe gbɔ eye meɖe abla yi kɔa dzi. Seikichi tu tso ɣemaɣi ke eye meganyɔ tso ɖi me keŋkeŋ kpɔ o. Mina maƒo nu tso nye ƒomea kple alesi míenɔ te ɖe nɔnɔmea nui ŋu na mi.

WODZIM le February 1940 me le Sanda, si te ɖe Kobe ŋu, le Japan. Mía kple Seikichi míedze si mía nɔewo tso esime míenɔ abɔdzokposuku dem ɖekae. Míeɖe mía nɔewo le February 16, 1964 dzi. Srɔ̃nye meƒoa nu fũ o, gake elɔ̃a ɖeviwo ƒe nya. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míedzi ŋutsuvi eve, Ryusuke kple Kohei.

Seikichi kpɔ dɔ le xɔtudɔwɔƒe aɖe le Tokyo, eyata le míaƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, míenɔ eƒe golɔgoe duawo dometɔ ɖeka me. Le ƒe 1967 ƒe October me la, ɖetugbi aɖe va srãm kpɔ, amesi gblɔ be yenye Biblia-fiala. Megblɔ be: “Nyemehiã nɛ o. Biblia le asinye.”

Ebia be: “Mate ŋu akpɔ Bibliaa ɖa?”

Mehe Bibliaa ɖe go tso míaƒe agbalẽti me—Seikichi tɔe—hetsɔ fiae. Efiam ŋkɔ Yehowa le eme. Nyemenya gbeɖe be Mawu ƒe ŋkɔe nye ema o. Esi nyɔnua kpɔ vinye sue eveawo la, exlẽ tso Biblia me nam be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” (Lododowo 22:6) Le nyateƒe me la, menɔ ŋugble dem le alesi manyi vinyewo dzidzedzetɔe ŋu. Eyata enumake medi be masrɔ̃ Biblia la.

Mekpe nyɔnua va xɔa me, eye míedze numedzodzro gɔme tso agblalẽvi si nye “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye” me. Megblɔ le ta me be, ‘Aleke gbegbe wòanyoe nye si ne míaƒe ƒome bliboa ate ŋu anɔ agbe le dzidzɔ me!’ Esi Seikichi gbɔ va aƒeme la, megblɔ be: “Medi be masrɔ̃ Biblia.”

Egblɔ be: “Nye lɔlɔ̃tɔ, mehiã be nàsrɔ̃ nu nenema gbegbe o. Mafia nusianu si nèdi be yeanya  la wò.” Ke hã medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo kwasiɖa sia kwasiɖa eye eteƒe medidi o medze woƒe kpekpewo dede gɔme.

Míaƒe Dodokpɔwo ƒe Gɔmedzedze

Esi meɖo kɔa dzi zã ma me le April 1969 me si ŋu meƒo nu tsoe va yi la, melulu esi mese be Seikichi ƒe xɔlɔ̃, si nye nyɔnu si gbɔ megblẽ vinyeawo ɖo la srɔ̃ŋutsu, hã nɔ ʋua me esime afɔkua dzɔ. Srɔ̃nye xɔlɔ̃a ku le kwasiɖa ɖeka megbe.

Kɔdzidɔwɔlaawo gblɔ nam zã ma me be mayɔ amesiwo katã mebu be ele be woakpɔ Seikichi, le esi womekpɔ mɔ be atsi agbe o ta. Eƒe tago ƒe akpa aɖe gbã eye eƒe susu tɔtɔ vevie. Le ŋufɔke la, ƒometɔwo tso Kobe nutoa me wɔ kaba va kɔa dzi.

Woɖe gbeƒã le kɔa dzi ƒe gbeƒãɖemɔ̃ dzi si bia be woatso kpla be: “Taflatse, Seikichi Ogawa ƒe ƒemetɔwo katã nava kpɔe enumake.” Míeɖe abla yi kɔa dzi ƒe dɔwɔƒe si wokpɔa amesiwo ƒe agbe ɖo kudo nu gbɔ le eye míeyi egbɔ ɖekaɖekae ɖado hede nyuie nɛ. Gake enɔ nɔnɔme sesẽ ma me ɣleti ɖeka blibo. Dodokpɔ mamlɛ aɖe va ɖee fia be anɔ nɔnɔme sia me ɣeyiɣi didi.

Eyata woɖe Seikichi tso Tokyo hedee dɔnɔkɔʋu me yi Kobe, si didi ade kilometa 650. Mekpɔe wòdzo eye meɖo keteke si ƒua du sesĩe hedze aƒemɔ dzi, henɔ gbe dom ɖa be wòatsi agbe. Emegbe le fiẽ me esi mekpɔe le kɔdzi aɖe le Kobe wòle agbe la, mekpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Megblɔ nɛ blewu be, ‘Nye lɔlɔ̃tɔ, èkpɔtɔ le agbe!’

Dzinyelawo Gbɔ Nɔnɔ

Mía kple vinyewo míetrɔ yi dzinyelawo ƒe aƒeme le Sanda, afisi ɖeviawo dze abɔdzokposuku gɔme le. Meƒle ƒe ɖeka blibo ƒe ʋuɖotikit hena ʋuɖoɖo yi Kobe, afisi didi tso mía gbɔ ade kilometa 40, eye mía kple lɔ̃xonye míeɖɔlia mía nɔewo gbesiagbe yia kɔa dzi gbɔna hena ƒe ɖeka. Mebiaa ɖokuinye be, ‘Ðe Seikichi anyɔ egbea? Nukae wòagblɔ nam gbã? Aleke maɖo eŋu nɛ?’ Azɔ hã megblɔna na ɖokuinye, vevietɔ ne mekpɔ ƒome kpɔdzidzɔ aɖe, be, ‘Ne ɖe Seikichi le lãmesẽ me la, anye ne mía viwo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ.’ Aɖatsi lólona ɖe nye ŋku dzi.

Le gɔmedzeƒe mawo me, ne mexlẽ le nyadzɔdzɔgbalẽ me be ame aɖe nyɔ le ɖimenɔnɔ ɣleti geɖe megbe la, ewɔna nam be Seikichi hã anyɔ. Eyata gbeɖeka megblɔ na nyonye be: “Medi be makplɔe yi kɔdzi si le Honshu ƒe dzieheɣedzeƒe.” Gake egblɔ nam be womate ŋu anyɔe o, eye wòɖo aɖaŋu nam be mazã ga si nɔ mía si na ƒomea me tɔ bubuawo dzi kpɔkpɔ.

Kristotɔ hamemegã aɖe si le Yehowa Ðasefowo ƒe hameawo dometɔ ɖeka me le Kobe ƒe aƒe gogo kɔa dzi, eyata metɔna ɖe eƒe aƒeme sẽ hafi va srãa Seikichi kpɔ. Srɔ̃anyɔnu wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kplim zi ɖeka le kwasiɖa ɖeka me. Wo vi eveawo va nɔ mía srãm kpɔ le míaƒe kɔdzixɔa me heƒoa kasɛt si dzi wolé woƒe hame ƒe kpekpewo me nuƒowo ɖo na mí. Ƒome sia na dzi ɖo ƒonye eye wofa akɔ nam ale gbegbe.

Mɔkpɔkpɔ Lém Ðe Te

Gbeɖeka Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla aɖe va srã mí kpɔ le kɔa dzi eye wòxlẽ Romatɔwo 8:18-25 nam. Eƒe akpa aɖe gblɔ be: “Mebuna bena, ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mía ŋuti la o. . . . Elabena míenyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi. . . . Elabena nusi ame kpɔna kple ŋku la, nukaŋuti wògale mɔ kpɔm nɛ mahã? Ke ne míele mɔ kpɔm na nusi míekpɔna kple ŋku o la, míele elalam le dzidodo me.”

Míaƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa me dzodzro ɖo ŋku edzi nam be xaxa siwo li fifia le sue ne wotsɔ wo sɔ kple dzidzɔ si ƒe ŋugbe Yesu do—si nye agbenɔnɔ le Paradisonyigba si gbɔna la dzi. (Luka 23:43) Numedzodzroa kpe ɖe ŋunye be metsɔ mɔkpɔkpɔ nɔ te ɖe nɔnɔme siwo dze ŋgɔm le ɣeyiɣi ma me la nu eye metsɔ susu ɖo xexe yeyea ƒe yayra ŋutɔŋutɔ siwo le etsɔme dzi.—Korintotɔwo II, 4:17, 18; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Le June 1970 me la, woɖe Seikichi yi kɔ aɖe dzi le Sanda, afisi mía kple dzinyelawo míele. Le January si kplɔe ɖo me, esime mexɔ agbalẽ tso míaƒe senyala gbɔ si gblɔ be afɔkua wɔe be srɔ̃nye magahaya o la, ete ɖe dzinye vevie ale gbegbe be nyemegate ŋu ɖu nye avifafa dzi o. Lɔ̃xonye gblɔna nam enuenu be: “Michiko, ete ɖe dzinye ŋutɔ, le nɔnɔme sesẽ siwo me vinyeŋutsu na nèva le ta.” Egblɔna hã be: “Ne ɖe mate ŋu axɔ ɖe Seikichi teƒe la anye ne adzɔ dzi nam hafi.” Ale wɔ míefaa avi ɖekae.

 Fofonye xlɔ̃a num be madi ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ awɔ, gake meɖoe kplikpaa be makpɔ Seikichi dzi. Togbɔ be edze abe menyɔ o ene hã la, eʋãna ne dzoxɔxɔ kple fafa ka eŋu eye ne dɔnɔdzikpɔlawo le asi trɔm le eŋu la, esenɛ. Fofonye di be magbugbɔ aɖe srɔ̃, gake mekpɔ be masɔ nenema o, le esi srɔ̃nye kpɔtɔ le agbe ta. (Romatɔwo 7:2) Emegbe ne Fofonye mu aha la, egblɔna be: “Ne meku la, makplɔ Seikichi ɖe asi ayii.”

Enye dzidzɔ gã aɖe nam be, wova ɖo hame ɖe Sanda le ƒe 1971 me. Emegbe le July 28, 1973, dzi la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi. Esia dzɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Osaka Expo Grounds la me.

Le ƒe 1973 ƒe nuwuwu la, vinyeŋutsu Kohei dze ayikumedɔ sesẽ aɖe eye woxɔe ɖe kɔdzi ɣleti atɔ̃. Yɔmekpe dze fofonye hã dzi woxɔ ɖe kɔdzi. Eyata le January 1, 1974, dzi la, meyi ɖasrãa fofonye, atsunye, kple vinyeŋutsu kpɔ le kɔ vovovo etɔ̃ dzi. Le Kwasiɖagbewo ne mekplɔ vinyeŋutsu tsitsia, Ryusuke, ɖe asi míeva srã Kohei kpɔ la, mesrɔ̃a agbalẽ si nye Toɖoɖo Nufiala Gã La kpli wo. Ema megbe la, mía kple Ryusuke míedea kpekpe le Kobe eye míetrɔna yia aƒeme kple dzi kpɔdzidzɔ.

Medaa akpe ɣesiaɣi na amesiwo na kpekpeɖeŋu le Seikichi dzi kpɔkpɔ me. Meɖoe kplikpaa be madzro Biblia me sidzedze me kpli wo. Esi mefia tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ wɔnukua ŋuti ŋugbedodo si le Biblia me dɔnɔdzikpɔla aɖe si nɔvia nyɔnu tsi dzo me ku la, exɔ nya la nyuie. (Hiob 14:13-15; Yohanes 5:28, 29) Medze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii le kɔa dzi, eye mlɔeba la, exɔ nyɔnyrɔ le takpekpe aɖe me le ƒe 1978 me.

Vinyewo na Dzi Dzɔam

Vinyewo nyinyi srɔ̃nye ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee sesẽ nam ŋutɔ, gake teƒeɖoɖo ka gbegbee nye esi do tso eme nam! Mefia nɔnɔme nyuiwo ɖeɖefia kple ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo ƒe seselelãmewo me wo. Esime Ryusuke xɔ ƒe etɔ̃ ko la, eɖea kuku ne ewɔ nu gbegblẽ aɖe, gblɔna be: “Dada, meɖe kuku.” Kohei ya mesea gbe nam tututu o, ɣeaɖewoɣi ne meɖɔe ɖo la, edoa dziku. Gbeɖeka emlɔ anyigba gɔ̃ hã le fiase aɖe ŋgɔ nɔ avi fam le esi wòdi be woaƒle nane na ye ta. Gake meɖea nu me nɛ, ɖea lɔlɔ̃ fianɛ hegbɔa dzi ɖi nɛ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva zu ŋutsuvi ɖɔʋu, si ɖoa to. Esia na meka ɖe edzi be Biblia nye Mawu ƒe Nya vavã.—Timoteo II, 3:15-17.

Esime Ryusuke ɖo titinasuku la, eɖe nu me na nufialaawo le nusita mate ŋu akpɔ gome le aʋawɔɖaŋu sɔsrɔ̃ me o ŋuti. (Yesaya 2:4) Gbeɖeka esi wògbɔ tso suku la, dzidzɔkpɔkpɔ tɔxɛ aɖe nɔ dzedzem le mo nɛ elabena le woa kple nufiala aɖewo ƒe kpekpe aɖe me la, ete ŋu ɖo woƒe biabiawo katã ŋu na wo.

Hamea me hadede tuameɖowo kpe ɖe vinyewo ŋu ŋutɔ. Kristotɔ hamemegãwo kpea wo enuenu na fiẽnuɖuɖu eye womia asi wo vaa woƒe ƒome Biblia-nusɔsrɔ̃ kpakple modzakaɖewɔnawo me. Hadede dodzidzɔname siwo me gomekpɔkpɔ le kamedefefe vovovowo me hã nɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo hã su wo si. Ryusuke tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi le ƒe 1979 me, eye Kohei hã xɔ nyɔnyrɔ le ƒe si kplɔe ɖo me.

 Míaƒe Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa

Gbeɖeka le dzikpɔla mɔzɔla aɖe ƒe sasrãkpɔɣi la, megblɔ nɛ be medi be manye mɔɖela, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiyiawo katã ƒe subɔlawoe. Esi wònye nye nɔnɔmeawo made dzinye le afɔɖeɖe ma wɔwɔ me ɣemaɣi o ta la, eɖo ŋku alesi wòhiã be manyi vinyeawo woali ke sesĩe ɖe Biblia me nyateƒea me dzi nam tufafatɔe. Egblɔ be: “Nu vevitɔe nye be mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ nanɔ mewò.” Eyata mewɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa, vinyewo nɔa ŋunye míewɔnɛ le woƒe sukumɔkeɣiwo. Dɔ sia wɔwɔ kpe ɖe ŋunye ŋutɔ hewɔe be nye dzidzɔkpɔkpɔ nu metso o eye nye susu dze akɔ anyi le Seikichi dzi kpɔkpɔ me.

Mlɔeba le September 1979 me la, mete ŋu va zu gbesiagbe mɔɖela. Le May 1984 me, si anɔ abe ƒe ɖeka ene le Ryusuke ƒe kɔledzi nu wuwu megbe la, eya hã zu mɔɖela. Kohei wɔ ɖeka kplii le mɔɖeɖedɔa me le September 1984 me. Ale wɔ mí ame etɔ̃a katã míeva le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ sia wɔm. Ne metrɔ kpɔ megbe le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe 20 kple edzivɔwo me, ɣeyiɣi si me mɔnukpɔkpɔ su asinye mekpe ɖe ame geɖe ŋu be wova le Yehowa subɔm la, mesenɛ le ɖokuinye me be dɔ sia wɔwɔ lém ɖe te le nye dodokpɔwo me.

Ryusuke tsɔ eɖokui na faa le xɔ aɖe si Yehowa Ðasefowo azã, si le Kansai Takpexɔ xa, la tutu me. Emegbe enye Hyogo Takpexɔ dzikpɔla ƒe adre sɔŋ. Fifia enye Kristotɔ hamemegã le Kobe hame aɖe si te ɖe ŋunye me, eye eyae le dzinye kpɔm. Tso ƒe 1985 me la, Kohei nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Ebina.

Yayra Geɖe Lém Ðe Te

Metsɔ ƒe geɖe dea kɔ dzi zi gbɔ zi nane le kwasiɖa ɖeka me va srãa Seikichi kpɔ helea tsi nɛ. Menɔ nye akpa dzi wɔm tsɔ kpe ɖe esi dɔnɔdzikpɔla si kpɔa egbɔ wɔna ŋu. Le September 1996 me, si nye Seikichi ƒe kɔdzi nɔnɔ ƒe 27 megbe la, egbɔ va mía gbɔ le aƒeme, eye dɔnɔdzikpɔla nɔa eŋu. Wotsɔa tsinuɖuɖuwo toa ka me to ŋɔti me nɛ. Togbɔ be eƒe ŋkuwo meʋu o hã la, ne míegblɔ nya aɖe nɛ la esenɛ vie. Etena ɖe dzinye ne mekpɔ Seikichi le nɔnɔme sia me, gake etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnukua doa ŋusẽm.

Do ŋgɔ teti na Seikichi ƒe gbɔgbɔ va aƒeme la, mena xɔ dzikpɔla mɔzɔla aɖe kple srɔ̃a, eyata mí ame atɔ̃ míenɔ anyi ɖekae ƒe blibo ɖeka le míaƒe aƒe suea me. Nyemesusui kpɔ be mía kple Seikichi míagava nɔ anyi ɖekae o, eye meda akpe na Yehowa ɖe esia ta. Ƒe geɖe enye esia la, mekpɔa mɔ vevie be Seikichi ƒe ŋkuwo naʋu, gake fifia nusi medi koe nye be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu nava eme.

Mate ŋu agblɔ le nyateƒe me be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.” (Lododowo 10:22) Togbɔ be agbenɔnɔ le dzidzɔ me kple Seikichi esime wònɔ lãmesẽ me nɔ kpuie hã la, woyram kple viŋutsu eve siwo ‘ɖo ŋku mía Wɔla Gã dzi.’ Meda akpe ɖe esia ta ale gbegbe!—Nyagblɔla 12:1.

Fifia la, nu eve si medi be mawɔ enye be mayi mɔɖeɖedɔa dzi—si awɔe be makpe ɖe amewo ŋu woake ɖe “agbe vavã la” ŋu—eye le ɣeyiɣi ma ke me la, malé be na Seikichi lɔlɔ̃tɔe. (Timoteo I, 6:19) Nye nuteƒekpɔkpɔ na mekpɔ hakpala ƒe nya siawo ƒe nyateƒenyenye dze sii be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”—Psalmo 55:23.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple srɔ̃nye kpakple Ryusuke

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Seikichi kple mía viŋutsu eveawo, ɣleti ade do ŋgɔ na ʋufɔkua

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Woyra mí kple viŋutsu eve, Ryusuke kple Kohei (etame), siwo ‘ɖo ŋku mía Wɔla Gã la dzi’