Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aŋutsrɔewo Zazã—Ðe Nèléa Ŋku Ðe Ametakpɔmɔnu Siawo Ŋua?

Aŋutsrɔewo Zazã—Ðe Nèléa Ŋku Ðe Ametakpɔmɔnu Siawo Ŋua?

 Aŋutsrɔewo Zazã—Ðe Nèléa Ŋku Ðe Ametakpɔmɔnu Siawo Ŋua?

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Ireland gbɔ

EHIÃ be Paul naɖɔli elektrik-kaɖi aɖe le eƒe aƒe godo. Ehiã be wòatutu dziƒoxɔŋufesre aɖewo hã ŋu le egodo—srɔ̃anyɔnu ƒo nu tso nusia ŋu zi geɖe. Gake Paul nɔ dɔ siawo wɔwɔ hem ɖe megbe. Nukata? Le esi wòle be wòazã aŋutsrɔe ta.

Gɔmesese le eƒe vɔvɔ̃a ŋu. Enya be afɔku siwo tsoa aŋutsrɔe zazã me ate ŋu ade abi ame ŋu vevie, alo awu ame gɔ̃ hã. Esiawo dzɔna zi geɖe le esi dɔwɔlaa mebu alesi woawɔ aŋutsrɔe ŋudɔ nyuie ŋu yi ŋgɔe o ta.

Hafi Paul nadze dɔ siawo wɔwɔ gɔme la, nukawo ŋue wòhiã be wòade ŋugble tsoe le aŋutsrɔewo ŋu? Aɖaŋuɖoɖo ewo siwo kpe ɖe eŋu wòwɔ nuawo afɔkumanɔmee enye si.

Ðe Aŋutsrɔea Le Dediea?

1 Di aŋutsrɔe nyuitɔ. Ne aŋutsrɔea le kpuie akpa la, ahiã be nàde ɖokuiwò me akpa. Ne edidi akpa hã la, abia be nàviae ɖe afisi ate ŋu ahe afɔku vɛ. Tsri atrakpuiŋutsrɔe (siwo afɔ ene li na la) zazã ne èyina xɔa ƒe dzisasrã dzi. Zã aŋutsrɔe si didi aɖo wò xɔa ƒe dzisasrã gbɔ nyuie, alo nàzã esiwo woviana ɖe nu ŋu.

2 Lé ŋku ɖe wò aŋutsrɔea ŋu nyuie. Xexee nèdanɛ ɖoa? Atiŋutsrɔewo lolona ɖe edzi ne tsi ɖo wo eye womiana ne woƒu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, aŋutsrɔea ƒe atrakpuitiawo ate ŋu anɔ ʋaʋãm, si awɔe be ŋusẽ maganɔ eŋu o. Ðe atrakpuitiawo dometɔ aɖe fe, alo ɖe wodze abe wole vovom enea? Zi geɖe la, wodea ga atrakpuitiawo dometɔ ɖesiaɖe gɔme tsɔ doa ŋusẽe. Ðe ɖesiaɖe le wo teƒe eye wolĩ sesĩea? Ðe gavi siwo wotsɔ léa gaawo ɖe aŋutsrɔetiawo dzi la ŋe alo lé ɣebia heɖua? Ga kple ka nɔa aŋutsrɔe gã siwo wote ŋu didina ɖe enu ŋu, si wotsɔ didinɛ ɖe edzi alo ɖiɖinɛ. Ðe ga kple kaawo le dɔ wɔm nyuiea? Ðe wòdze abe kaawo ɖu enea, eye ɖe wòkpɔtɔ didi nyuiea? Dzra wo ɖo alo nàɖɔli wo enumake.

Zi geɖe la, wosia atrakpuitiawo ŋu ale be wo dzi mezrɔ̃ o ne woagaɖiɖi le wo dzi o. Kpɔ egbɔ be yeɖe ɖinu ɖesiaɖe siwo xe teƒe siwo wosi la ɖa. Ele be nusiwo wodea aŋutsrɔetiawo gɔme be magaɖiɖi o la, nanɔ ɖesiaɖe gɔme. Kpɔ egbɔ be woli eye womenyi akpa o.

3 De aŋutsrɔewo ʋu le mɔ si mawɔ nuvevi ame o nu. Bla aŋutsrɔea ɖe atiklã si dzi wodaa wo ɖo le ʋu me la ŋu nyuie, alo bla wo ɖe agbatsɔƒea le teƒe eve ya teti. Aŋutsrɔe si didi la ado ɖe gota le ʋua megbe, eyata sa avɔ kakɛ aɖe ɖe eƒe nugbɔ be ʋu si le megbewò nate ŋu akpɔe bɔbɔe.

 Anyo wu be ame eve nadro aŋutsrɔe si didi. Gake ne ehiã be wò ɖeka nàdroe, eye nètia be yeatrɔe eƒe nugbɔwo nanɔ ŋgɔ kple megbe na ye la, ke tsɔ asi ɖeka lée sesĩe ɖe wò abɔta, eye nàtsɔ evelia nɔ edzɔmee. Be màtsɔe alɔ ame aɖeke o la, kɔ nugbɔ si le ŋgɔwò yi dzi wòagbɔ ta ŋu. Gake ɖo ŋku edzi be, aŋutsrɔea ƒe didime si le ŋgɔwò la kee le megbewò hã! Eɖia kokoe nenye be aŋutsrɔe lɔ ame aɖe le fefewɔwɔwo me. Gake le nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo me la, menye nukokoenyae esia nye kura o—vevietɔ nenye wòe wòlɔ.

Ne èdro aŋutsrɔe eye nètrɔe do ɖe dzi la, ke na eƒe kpekpeme nanɔ wò abɔta, eye nàzã asi ɖeka tsɔ lée ɖe abɔta eye nàtsɔ evelia lée le yame atsɔ nɔ edzɔmee. Ðɔ ŋu ɖo le elektrik-ka siwo wohe to dzi, akaɖi siwo le dzi, kple nusiwo dzi woŋlɔ nu ɖo le yame ŋu!

4 Via aŋutsrɔea nyuie. Le dedienɔnɔ ta la, mele be nàbii ɖe akpa ɖeka o, eye ele be wòavia ɖe nu ŋu tso afisi wòtɔ anyigba le wòanye degree 75.

5 Na wòalĩ ɖi sesĩe le dzia kple gɔmea. Ðɔ ŋu ɖo le afisi aŋutsrɔe ƒe nugbɔ ziɔ ɖo le dzi la ŋu. Kpɔ egbɔ be elĩ nyuie ɖe afisi woziɔe ɖo le dzia eye teƒea mele ɖiɖim o. Mègaziɔ aŋutsrɔea ɖe ahuhɔ̃e alo aŋenuwo ŋu gbeɖe o. Ne anya wɔ la, blae ɖe nane ŋu le dzi gome sesĩe eye aŋutsrɔea ƒe nugbɔ nagbɔ eblaƒea ŋu wòanɔ abe meta 1 lɔƒo ene.

Ðɔ ŋu ɖo vevie be ne ède aŋutsrɔea dzi la, nàsae ɖe nu ŋu gbã. Malĩ ɖi nyuie le edzidede zi gbãtɔ sia me o, alo nè etu kawo le dzia hele ɖiɖim zi mamlɛtɔ o. Be afɔku naganɔ elialia zi gbãtɔ kple ɖiɖi zi mamlɛtɔ me o la, na ame aɖe nalé aŋutsrɔea ɖe asi le egɔme ne èle eliam. Gake ne aŋutsrɔea medidi wu meta 5 o ko hafi kpekpeɖeŋu sia aɖe vi.

Ne anyigba ɖi abu tso xɔa gbɔ la, tsɔ nu kpekpe aɖe ɖo aŋutsrɔea gɔme atsɔ axe mɔ na eƒe ɖiɖi alo nàbla atrakpuiti mamlɛtɔ si le anyime la ɖe nane ŋu. Ne anyigbaa mesɔ o evɔ wòhesesẽe la, de ati aɖe ete be gɔmea nasɔ. Tsɔ ʋuƒo  aɖe alo nane si le nenema ɖo anyi le teƒe siwo anyigba bɔbɔ alo ke le akpa.

Ne atrakpuiŋutsrɔe zãmee nèle la, ke kpɔ egbɔ be eƒe afɔ eneawo katã lĩ ɖe anyigba nyuie, eye nàkeke afɔawo me ɖa tso wo nɔewo gbɔ alesi dze eye nàde dedienɔnɔgavi ɖesiaɖe ɖe wo teƒe alesi dze.

Èle Dediea?

6 Lé ŋku ɖe wò afɔkpawo ŋu. Hafi nàde aŋutsrɔe dzi la, kpɔ egbɔ be wò afɔkpawo gɔme ƒu nyuie. Ðe ba ɖesiaɖe, si ate ŋu aɖiɖi wò la ɖa.

7 Ðɔ ŋu ɖo le nusiwo nàtsɔ ɖe ŋuti me. Be wò asi eveawo navo nàtsɔ alia aŋutsrɔea la, ne anya wɔ la, tsi dɔwɔnuawo ɖe wò alidziblaka ŋu. Dze agbagba nàdi mɔnu bubuwo atsɔ akɔ nu kpekpewoe, gake ne àde aŋutsrɔe dzi la, kpɔ egbɔ be yetsɔ asi ɖeka si me naneke mele o lé aŋutsrɔea ɣesiaɣi ahanɔ etem yi dzi le aŋutsrɔetia ŋu esi nèle eliam. Ðɔ ŋu ɖo eye nàwɔ blewu, mègaɖe abla o.

Ne èle elektrikmɔ̃wo zãm la, mègatsɔ asi evea siaa lé woe gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, doŋɔmɔ̃ ate ŋu atɔ te dɔwɔwɔ alo aɖiɖi le vome, si awɔe be nàgli age. Mègade dzo wo me da ɖi o; woate ŋu age esime wokpɔtɔ le dɔ wɔm.

8 Bu ame bubuwo ŋu. Ne èle dɔ wɔm le dutoƒo la, na aŋutsrɔea nadze nyuie amewo nakpɔ, eye ne anya wɔ la, tsɔ mɔxenu aɖe ƒo xlãe. Ne ebia be nàtsɔ aŋutsrɔea yi dzogoe aɖe dzi la, ɖo ŋku edzi be ame bubuwo manya o. Do ago xɔlɔ̃wɔwɔtɔe tsɔ na nyanyae, eye nàlé ŋku ɖe mɔa dzi kpɔ be edzi vo hã.

Ne ètsɔ dɔwɔnuwo ɖe asi yi dziae la, ɖo ŋku edzi be gatagbadzetronu suetɔ gɔ̃ hã ate ŋu ade abi ame ŋu ne ege tso dzi. Ne ebia be nàyi teƒe aɖe le susu aɖewo ta eye mète ŋu bla aŋutsrɔea wòlĩ ɖi nyuie o la, na ame aɖe nadzɔ eŋu na wò, alo nàɖiɖi aŋutsrɔea ɖe anyigba kpoo vaseɖe esime nàgbɔ. Mègagblẽe ɖi naneke mawɔmawɔ tso eŋu o.

9 Bu wò lãmesẽ ŋu. Esi wònye dzidede bia ŋutenɔnɔ eye wòʋuʋua ame ta la, mègade dzi ne wò lãme mele kɔkɔm o alo dɔme le ɖuwòm loo alo ne wò ŋkume le tɔtrɔm o.

10 Wɔ blewu le dzia dede me. Wò susu nenɔ dedienɔnɔ ŋu ɣesiaɣi. Mègaɖe mɔ ame eve alo esi wu nenema nade aŋutsrɔe ɖeka dzi le ɣeyiɣi ɖeka me gbeɖe o. Mègade dzi ne ya sesẽ le ƒoƒom gbeɖe o. Mègatsi tre ɖe atrakpuiŋutsrɔe ƒe atrakpuiti mamlɛtɔ si le dzi la dzi alo aŋutsrɔe didi ƒe atrakpuiti enelia le dzi gome dzi gbeɖe o. Mègana aŋutsrɔe siwo wote ŋu didina ɖe enu nadidi ɖe edzi wòagbɔ eme gbeɖe o; na woagbɔ wo nɔewo ŋu, ne mede ɖeke o la, atrakpuiti etɔ̃ ya teti. Mègade ɖokuiwò me akpa gbeɖe o. Ne èbi ɖokuiwò akpa le aŋutsrɔe dzi la, ele bɔbɔe be nàgli age. Be màgawɔ nuvevi ɖokuiwò o la, kɔ aŋutsrɔea yi afisi wòhiã le, ne ema wɔwɔ ahe dɔa ɖe megbe gɔ̃ hã. Ne èle dzia liam la, kpɔ ŋgɔ tẽ.

Ametakpɔmɔnu ka kee nèzã o, afɔkuwo anɔ aŋutsrɔe zazã me ɣesiaɣi. Ðewohĩ àte ŋu aɖe wo dzi akpɔtɔ ne èzã aɖaŋuɖoɖo siawo. Wokpe ɖe Paul ŋu. Esi wòwɔ wo dzi la, ete ŋu de elektrik-kaɖi yeye si le dzi le eƒe aƒea godo afɔkumanɔmee. Ke fesrea ŋu tutu ya ɖe? Ðewohĩ . . . awɔ ema ɣebubuɣi!

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22, 23]

1 Di aŋutsrɔe nyuitɔ

2 Lé ŋku ɖe wò aŋutsrɔe ŋu nyuie

3 De aŋutsrɔewo ʋu le mɔ si mawɔ nuvevi ame o nu

4 Via aŋutsrɔea ɖe nɔnɔme nyuitɔ me

5 Na wòalĩ ɖi sesĩe le dzia kple gɔmea

6 Lé ŋku ɖe wò afɔkpawo ŋu

7 Ðɔ ŋu ɖo le nusiwo nàtsɔ ɖe ŋuti me

8 Bu ame bubuwo ŋu

9 Bu wò lãmesẽ ŋu

10 Wɔ blewu ne èle dzia liam