Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kɔnu Nyanyɛwo Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

Kɔnu Nyanyɛwo Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Kɔnu Nyanyɛwo Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

“NUWƆNA AÐEKE MELI SI ŊU WOMEƑO NU TSI TRE ÐO LE ƔEYIƔI KPLE TEƑE AÐE KPƆ O, GAKE LE ƔEBUBUƔI KPLE TEƑE BUBU LA, WODA ASI ÐE EDZI KPƆ.”

NYA siawoe Ireland ŋutinyaŋlɔla William Lecky gblɔ tsɔ ɖɔ alesi amewo ƒe nɔnɔme trɔnae la kpuie. Eƒe nyawo ate ŋu aku ɖe kɔnuwo kple kɔnyinyi siwo li tso blema ke hã ŋu. Le nyateƒe me la, wova ƒoa nu tsia tre ɖe nuwɔna siwo wobu tsã be wonye agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖe la ŋu emegbe. Esia mewɔ nuku o, elabena abe alesi Kristotɔ apostolo Paulo gblɔe ene la, “xexe sia me ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.”—Korintotɔwo I, 7:31, NW.

Ẽ, amegbetɔƒomea ƒe nuwɔna trɔna ɣesiaɣi. Esia dzena le alesi tɔtrɔ gãwo vana le amewo ƒe nɔnɔmewo kple hadomenuwɔnawo me le ɣeyiɣi vovovowo mee. Mele be Kristotɔwo nanye ‘xexe sia me ƒe akpa aɖeke o’—si fia be woaɖe ɖa le amegbetɔƒomea ƒe nuɖoanyi si te ɖa tso Mawu gbɔ la ŋu. Ke hã Biblia lɔ̃ ɖe edzi be Kristotɔwo “le xexeame,” eye mede se na wo be woasa ɖe aga o. Eyata kɔnuwo ŋuti nukpɔsusu si da sɔ le vevie.—Yohanes 17:11, 14-16; Korintotɔwo II, 6:14-17; Efesotɔwo 4:17-19; Petro II, 2:20.

Nukae Nye Kɔnuwo?

Kɔnuwo nye hadomenuwɔna siwo teƒe aɖe nɔlawo koŋ alo ameha aɖewo wɔna. Anye be alesi wòhiã be woana amewo nawɔ nu ɖe ɖoɖonu le hamenuwɔnawo me mee kɔnu aɖewo abe alesi woaɖu nui kple nuɖukplɔ̃ ŋuti nudzeamewɔwɔwo do tso ene, bene woate ŋu ado ka kple wo nɔewo le mɔ si dze nu ahade bubu wo nɔewo ŋu. Le go mawo me la, woate ŋu atsɔ hadome nudzeamewɔwɔ kɔnuwo asɔ kple ami, elabena enaa amewo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu nyuie abe alesi nuwo trona nyuie ne wode ami eme ene.

Subɔsubɔhawo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe kɔnuwo dzi. Le nyateƒe me la, aʋatsodzixɔse xoxowo kple nukpɔsusu siwo metso Biblia me o mee geɖe do tso. Le kpɔɖeŋu me, anye be subɔsubɔ me aʋatsodzixɔsewo mee seƒoƒowo tsɔtsɔ na amesiwo dzi ku dzɔ ɖo la tso ene. * Hekpe ɖe eŋu la, wosusui be amadede blɔtɔ—si wolɔ̃a zazã na vidzĩ siwo nye ŋutsuviwo—nyãa gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa. Wobuna be ɖuŋkui kpɔa ame ta tso adzeŋku si me, eye wozãa lipolipo alo nuyiɖomi tsɔ xea mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo be woagato nyɔnu ƒe nu me aɖo eme o. Ate ŋu anye be nukpɔsusu si nye be ame ƒe luʋɔ ate ŋu ado to eƒe nu si me wòke baa me la mee nuwɔna gbɔlo si nye asi tsyɔtsyɔ nu ne wole haham gɔ̃ hã tso ene. Gake esi ƒeawo va le yiyim la, subɔsubɔdzixɔse siwo kpe ɖe wo ŋu la va nɔ bubum, eye egbea womebua subɔsubɔdzixɔse aɖeke ɖe nuwɔna kple kɔnu siawo ŋu o.

Nusi Le Vevie na Kristotɔwo

Ne eva hiã be Kristotɔ natso nya me be yeawɔ kɔnu aɖe alo yemawɔe o la, nusi le be wòanɔ vevie nɛ enye be, Nukae nye Mawu ƒe nukpɔsusu si wòɖe gblɔ le Biblia me? Le blemaɣeyiɣiwo me la, Mawu de se ɖe nuwɔna aɖewo siwo ŋu woɖea mɔ ɖo le nuto aɖewo me ŋu. Esia ƒe ɖewoe nye ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe, ʋu zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, kple gbɔdɔdɔnuwɔna vovovowo. (Mose III, 17:13, 14; 18:1-30; Mose V, 18:10) Nenema ke edze ƒã be kɔnu aɖewo siwo li egbea mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo o. Woƒe ɖewoe nye kɔnyinyi siwo menɔ te ɖe Biblia dzi o siwo do ƒome kple subɔsubɔŋkekenyuiwo abe Kristmas kple Easter alo aʋatsodzixɔse siwo do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔnawo ene.

Ke kɔnu siwo ŋu nya ku ɖo tsã, gake egbea wobua wo be wonye hadomenudzeamewɔwɔ ko hã ɖe? Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be trɔ̃subɔsubɔ mee srɔ̃kpekpe me kɔnu geɖe—si me asigɛ dodo na ame nɔewo kple akpɔnɔ ɖuɖu hã le—la dzɔ tso. Ðe esia fia be womeɖe mɔ na Kristotɔwo be woawɔ kɔnu mawo oa? Ðe wobia tso Kristotɔwo si be woaku nutoa me kɔnu ɖesiaɖe me tsitotsito akpɔ be ɖe wòdo ƒome kple alakpadzixɔse aɖe va yi alo le teƒe aɖe hãa?

Paulo gblɔ be ‘afisi Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.’ (Korintotɔwo II, 3:17; Yakobo 1:25) Mawu medi be míazã ablɔɖe sia le ɖokuitɔdidi ƒe mɔnu o, ke boŋ be míatsɔ ana hehe míaƒe sidzedze ŋutetewo bene wòate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome. (Galatiatɔwo 5:13; Hebritɔwo 5:14; Petro I, 2:16) Eyata le nɔnɔme siwo me womeda le Biblia ƒe gɔmeɖose aɖeke dzi kaŋ o la, Yehowa Ðasefowo medea se kplalawo o. Ke boŋ ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu awɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso.

Di Ame Bubuwo ƒe Nyonyo

Ðe esia fia be enyo ɣesiaɣi be míakpɔ gome le kɔnu aɖewo me ne womenya da le Biblia ƒe nufiafia dzi tẽ o koa? Ao. (Galatiatɔwo 5:13) Paulo ɖee fia be mele be Kristotɔ nadi eya ŋutɔ ko ƒe nyonyo o, ke “nusi nyo na ame geɖeawo” boŋ. Ele be ‘wòawɔ nuwo katã na Mawu ƒe kafukafu’ ke menye be wòava zu nukikli na amewo o. (Korintotɔwo I, 10:31-33) Eyata ele be amesi di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu nabia eɖokui be: ‘Aleke amewo bua kɔnu siae? Ðe nukpɔsusu masɔmasɔ aɖe le nutoa me tɔwo si ɖe eŋua? Ðe nye gomekpɔkpɔ le eme afia be meda asi ɖe nuwɔna alo nukpɔsusu siwo medzea Mawu ŋu o la dzia?’—Korintotɔwo I, 9:19, 23; 10:23, 24.

Togbɔ be afɔku aɖeke manɔ kɔnu aɖewo ŋu o hã la, woate ŋu anɔ wo ŋudɔ wɔm le mia gbɔ le mɔ si tsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu nu. Le kpɔɖeŋu me, le azã aɖewo dzi la, gɔmesese tɔxɛ aɖe ate ŋu anɔ seƒoƒo tsɔtsɔna ŋu si atsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu. Eyata nuka ŋue wòle be Kristotɔ natsi dzi ɖo wu? Togbɔ be ate ŋu ahiã be nalé ŋku ɖe afisi kɔnu aɖe koŋ dzɔ tso ŋu hã la, le nɔnɔme aɖewo me la, nusi le vevie wue nye be nàbu alesi amewo bua kɔnuae le ɣeyiɣi ma me kple afisi nèle la ŋu. Ne dzixɔse siwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o, alo nukpɔsusu masɔmasɔ aɖewo zɔna kple kɔnu aɖewo le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖe koŋ me le nɔnɔme aɖewo me la, ke Kristotɔwo ate ŋu atso nya me nunyatɔe be yewoaƒo asa nɛ le ɣeyiɣi ma me.

Paulo do gbe ɖa be Kristotɔwo nayi edzi agba go le sidzedze vavãtɔ kple nugɔmesese me. Ne nukpɔsusu si da sɔ le Kristotɔwo si le kɔnu nyanyɛwo ŋu la, ‘woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, anye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo.’ (Filipitɔwo 1:9, 10) Le ɣeyiɣi ma ke me la, woana woƒe ‘nugɔmesese nadze na amewo katã.’—Filipitɔwo 4:5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Amegbetɔŋutinusrɔ̃la aɖewo gblɔ be ɣeaɖewoɣi la, wotsɔa seƒoƒo bablawo nana wònyea nunana na ame kukuwo be woagawɔ nuvevi agbagbeawo o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Gɔmesese si nɔ blemakɔnuwo abe asi tsyɔtsyɔ nu ne wole haham kple seƒoƒowo tsɔtsɔ na amesiwo dzi ku dzɔ ɖo ene ŋu le gɔmedzedzea me la bu