Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | ESTA 6-10

Esta Ʋli Yehowa Kple Eƒe Dukɔa Ta Ðokuitɔmadimaditɔe

Esta Ʋli Yehowa Kple Eƒe Dukɔa Ta Ðokuitɔmadimaditɔe

Dzi nɔ Esta ƒo eye wòwɔ nu ɖokuitɔmadimaditɔe esi wònɔ Yehowa kple eƒe amewo ta ʋlim

8:3-5, 9

  • Esta kple Mordekai nɔ dedie. Gake se si Haman de be woawu Yudatɔwo katã la ɖo fiaɖuƒea ƒe akpa sia akpa

  • Esta gatsɔ eƒe agbe de afɔku me esi wòdo ɖe fia ƒe ŋkume evɔ womekpee o. Efa avi ɖe eƒe dukɔa ta eye wòbia tso fiaa si be wòatrɔ se si wode be woawu yeƒe amewo

  • Womagate ŋu atrɔ se si wode le fia ƒe ŋkɔ me la o. Eya ta fia la na ŋusẽ Esta kple Mordekai be woawɔ se yeye

Yehowa na eƒe amewo ɖu dzi eteƒe mekɔ o

8:10-14, 17

  • Woɖe gbeƒãe zi evelia be Yudatɔwo kpɔ mɔ aʋli wo ɖokuiwo ta

  • Sɔdolawo do sɔ ɖiduwo yi fiaɖuƒea ƒe akpa ɖe sia ɖe eye Yudatɔwo dzra ɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu

  • Ame geɖe kpɔe be Mawu le megbe na Yudatɔwo eye wova zu Yudatɔwo