Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YESAYA 1-5

‘Mina Míayi Yehowa Ƒe To La Dzi’

‘Mina Míayi Yehowa Ƒe To La Dzi’

2:2, 3

“Le ŋkeke mamlɛawo me”

Efia ɣeyiɣi siwo me míele fifia

“Yehowa ƒe aƒe ƒe to la”

Efia Yehowa ƒe subɔsubɔ dzadzɛ si ƒo ɖe sia ɖe ta

“Dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu”

Efia be ame siwo le subɔsubɔ dzadzɛa me la wɔ ɖeka

‘Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi’

Efia be mawusubɔla vavãwo kpea ame bubuwo be woava subɔ kpli yewo

“Afia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo”

Efia be Yehowa toa eƒe Nyaa dzi fiaa nu mí eye wòkpena ɖe mía ŋu míezɔa eƒe toƒewo

2:4

“Womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o”

Yesaya ƒo nu tso ale si woatrɔ aʋawɔnuwo woazu agblenuwo ŋu, si fia be Yehowa ƒe amewo ati ŋutifafa yome. Nu kawoe nye agblenuwo le Yesaya ŋɔli?

“Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe”

1 Dɔwɔnua ƒe akpa si wotsɔ dzoboa anyigba lae nye agblenua. Gakpo ye wotsɔ wɔ wo dometɔ aɖewo.—1Sa 13:20

“Woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe”

2 Enye hɛ gobɛ si ŋu asiléƒe le. Wotsɔa dɔwɔnu siawo ɖea wainkawo ŋu.—Yes 18:5