Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Srɔ̃ Mawu Ƒe Nɔnɔmewo—Xɔse

Srɔ̃ Mawu Ƒe Nɔnɔmewo—Xɔse

NU SI TA WÒLE VEVIE:

  • Míehiã xɔse be míate ŋu adze Mawu ŋu nyuie.—Heb 11:6

  • Ne míexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi sea, akpe ɖe mía ŋu míado dzi le dodokpɔwo me.—1Pe 1:6, 7

  • Xɔse manɔamesi ate ŋu ahe mí ade nu vɔ̃ me.—Heb 3:12, 13

ALE SI NÀWƆE:

Aleke mate ŋu ado ŋusẽ nye kple nye ƒomea ƒe xɔse?

MIKPƆ VIDEO SI NYE TI NU SIWO ANA NÀWƆ NUTEƑE YOME—XƆSE, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kae nye “xɔse si me alakpa mele o”? (1Ti 1:5)

  • Hafi xɔse sesẽ nasu mía si la, nɔnɔme gbegblẽ kawoe wòle be míatsri?

  • Nu ka tae míahiã xɔse le xaxa gã la me? (Heb 10:39)