Lɔlɔ̃ Vavã

Lɔlɔ̃ Vavã

Hee Ðe Mɔ̃ Dzi:

  1. 1. Wogblɔ nya ’ɖe mese kpɔ, si tsi susu me nam ɖaa:

    Be afi kae meɖatso o, ƒome gã aɖe li nam.

    Míenye habɔbɔ ɖeka si lɔlɔ̃ bla ɖekae.

    Mía fofo lɔ̃ame si le dziƒo léa be na mí katã nyuie.

    Nye dzi dze ’me nyuie le mi katã mia dome,

    ’Ya ta madzi ha sia, ɛ̃, magblɔ be:

    (HAXE)

    “Nɔvinyeŋutsu, nɔvinyenyɔnu

    Tɔnye kple nɔnye: woawoe mieva zu.

    Lɔlɔ̃ si bla mí la,

    Eyae nye lɔlɔ̃ vavã.

    Nɔvinyeŋutsu, nɔvinyenyɔnu,

    Ƒometɔ vavãwoe míeva zu.

    Lɔlɔ̃ sia si bla mí la,

    Eyae nye lɔlɔ̃ vavã,

    ’Yae nye lɔlɔ̃ vavã.”

  2. 2. Yesu ka ɖe dzi na mí be míava zu ƒome ɖeka.

    Eƒe nya siawo va eme, elabe míeva wɔ ɖeka.

    Ame kae míeɖanye o, Mawue míekafuna.

    Dukɔ kple to ka mee míetso o, eƒe lɔlɔ̃nue míewɔna.

    Míekpɔa yayra geɖewo, kple yometiti geɖe,

    Ke míedoa alɔ mía nɔe’o. Ɛ̃, magblɔ be:

    (HAXE)

    “Nɔvinyeŋutsu, nɔvinyenyɔnu

    Tɔnye kple nɔnye: woawoe mieva zu.

    Lɔlɔ̃ sia si bla mí la,

    Eyae nye lɔlɔ̃ vavã.

    Nɔvinyeŋutsu, nɔvinyenyɔnu,

    Ƒometɔ vavãwoe míeva zu.

    Lɔlɔ̃ sia si bla mí la,

    Eyae nye lɔlɔ̃ vavã,

    ’Yae nye lɔlɔ̃ vavã,

    ’Yae nye lɔlɔ̃ vavã.”

    (DOMETSOHA)

    Dzi ɖena le mía ƒo, ’ye míeklia nu dzea anyi,

    Ke mía nɔviwo faa akɔ na mí ɣesiaɣi.

    Wogblɔ nya ’ɖe mese kpɔ, si teƒe mekpɔ hã:

    Be afi kae meɖatso o, ƒome gã aɖe li nam, ɛ̃!

    Oo, ƒometɔ, ƒometɔ, ƒometɔ nèzu nam, ɛ̃!

    (HAXE)

    “Nɔvinyeŋutsu, nɔvinyenyɔnu

    Tɔnye kple nɔnye: woawoe mieva zu.

    Lɔlɔ̃ si bla mí la,

    Eyae nye lɔlɔ̃ vavã.

    Nɔvinyeŋutsu, nɔvinyenyɔnu,

    Ƒometɔ vavãwoe míeva zu.

    Lɔlɔ̃ sia si bla mí la,

    Eyae nye lɔlɔ̃ vavã.”