Zakariya 1:1-21
1 Le Dario+ ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti enyilia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zakariya,*+ Berekiya vi, ame si nye Ido vi be:
2 “Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie.+
3 “Gblɔ na wo be: ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa* gblɔe nye esi: “‘Mitrɔ ɖe ŋunye,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe, ‘ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu,’+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.”’
4 “‘Miganɔ abe mia fofowo ene o; ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be: “Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Meɖe kuku, mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo me.’”’+
“‘Gake womeɖo to o, eye womelé to ɖe ŋunye o,’+ Yehowa ye gblɔe.
5 “‘Afi kae mia fofowo le fifia? Eye ɖe nyagblɔɖilawo nɔ agbe tegbeea?
6 Ke hã ɖe nye nya kple nye sedede siwo mede asi na nye subɔla nyagblɔɖilawo la meva eme ɖe mia fofowo dzi oa?’+ Eya ta wotrɔ ɖe ŋunye hegblɔ be: ‘Ale si aʋakɔwo ƒe Yehowa ɖo be yeawɔ mí ɖe míaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenemae wòwɔ míi.’”+
7 Le Dario+ ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti wuiɖekɛlia, si nye Sebat,* ƒe ŋkeke blaeve vɔ enelia dzi la, Yehowa ƒe nya va na nyagblɔɖila Zakariya, Berekiya vi, ame si nye Ido vi be:
8 “Mekpɔ ŋutega le zã me. Mekpɔ ŋutsu aɖe le sɔ dzĩ aɖe dom, eye wòtɔ ɖe gbemiti siwo le bali me la dome; eye sɔ dzĩwo, sɔ hẽwo kple sɔ ɣiwo le emegbe.”
9 Ale mebiae be: “Nye aƒetɔ, ame kawoe nye esiawo?”
Eye mawudɔla si le nu ƒom kplim la gblɔ nam be: “Mafia ame si tututu ame siawo nye la wò.”
10 Ale ŋutsu si tɔ ɖe gbemitiawo dome la ɖo eŋu be: “Ame siawoe Yehowa dɔ be woatsa le anyigba la dzi.”
11 Eye wogblɔ na Yehowa ƒe dɔla si tɔ ɖe gbemitiawo dome la be: “Míeyi ɖatsa le anyigba la dzi, eye kpɔ ɖa, anyigba bliboa dzi zi ɖoɖoe, eye fuɖename aɖeke meli o.”+
12 Eye Yehowa ƒe dɔla la bia be: “Oo aʋakɔwo ƒe Yehowa, ɣekaɣie nàgbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda du,+ siwo nèbu fɔe ƒe blaadre siawo la, ase ɖo?”+
13 Eye Yehowa tsɔ nya nyuiwo kple akɔfanyawo ɖo eŋu na mawudɔla si le nu ƒom kplim la.
14 Eye mawudɔla si le nu ƒom kplim la gagblɔ nam be: “Ðe gbeƒã be, ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Mele ŋu ʋãm ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie ŋutɔ.+
15 Dzi le kuyem vevie ɖe dukɔ siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la ŋu,+ elabena dziku vi aɖe koe nye ya medo,+ gake woawo la, wona vɔ̃ la do gã ɖe edzi.”’+
16 “Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘“Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu ahakpɔ nublanui nɛ.+ Woagbugbɔ atu nye xɔ ɖe eme,+ eye woada dzidzeka ɖe Yerusalem ŋu,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.’
17 “Gaɖe gbeƒã be, ‘Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: “Nu nyuiwo agagbagba ɖe nye duwo me; eye Yehowa agafa akɔ na Zion,+ eye wòagatia Yerusalem.”’”+
18 Eye mefɔ kɔ dzi hekpɔ lãdzo ene.+
19 Eye mebia mawudɔla si le nu ƒom kplim la be: “Nu kae lãdzo siawo fia?” Eɖo eŋu nam be: “Lãdzo siawoe ka Yuda,+ Israel+ kple Yerusalem+ hlẽ.”
20 Emegbe Yehowa na mekpɔ gbede ene.
21 Eye mebiae be: “Nu ka wɔ ge ame siawo gbɔna?”
Eye wòɖo eŋu be: “Esiawoe nye lãdzo siwo ka Yuda hlẽ ale gbegbe be, ame aɖeke mete ŋu fɔ ta dzi o. Gbede siawo ava do ŋɔdzi na lãdzoawo, eye woatutu dukɔ siwo do woƒe dzowo ɖe dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu, be yewoaka edzinɔlawo ahlẽ la, ƒe dzowo aƒu anyi.”