Yona 2:1-10
2 Eye Yona do gbe ɖa na eƒe Mawu Yehowa tso ƒumelã la ƒe dɔme,+
2 eye wògblɔ be:
“Medo ɣli yɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.+
Medo ɣli tso Tsiẽƒe* ʋĩi* ke be nàxɔ nam.+
Èse nye gbe.
3 Esi nètsɔm ƒu gbe ɖe gogloeƒe, ɖe atsiaƒu titina la,Ƒu dzeagbo la ŋe tsyɔ dzinye.+
Wò tsi kpakawo kple ƒutsotsoewo katã to tanye yi.+
4 Eye megblɔ be: ‘Wonyam ɖa le ŋkuwòme!
Aleke mawɔ agakpɔ wò gbedoxɔ kɔkɔe la?’
5 Tsiwo ŋe tsyɔ dzinye eye nye agbe ɖo afɔku me;*+Tsi goglo la nyè tsyɔm.
Gbewo xatsa ɖe ta nam.
6 Meyi to de towo ƒe agunu ke.
Anyigba ƒe gametiwo do ɖe nunye tegbee,Ke èɖe nye agbe do goe tso do la me, Oo Yehowa nye Mawu.+
7 Esi nye agbe* nu nɔ tsotsom la, Yehowae nye Ame si dzi meɖo ŋkui.+
Eye nye gbedodoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.+
8 Ame siwo ku ɖe legba maɖinuwo ŋu la gblẽ woƒe lɔlɔ̃ vavã* tsoƒe ɖi.
9 Ke nye la matsɔ akpedagbe akafu wò eye masa vɔ na wò.
Mawɔ adzɔgbe si meɖe la dzi.+
Yehowa gbɔe xɔname tsona.”+
10 Eye Yehowa de se na tɔmelã la, ale wòyi ɖadzɔ Yona ɖe gota.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒe dɔme.”
^ Alo, “Tsiwo ɖe to ɖem de keke nye luʋɔ gbɔ.”
^ Alo, “luʋɔ.”
^ Agate ŋu afia, “woƒe nuteƒewɔwɔ.”