Yeremiya 50:1-46
50 Nya si Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yeremiya dzi ɖe Babilon ŋu,+ ɖe Kaldeatɔwo ƒe anyigba ŋue nye esi:
2 “Migblɔe le dukɔwo dome, eye miɖe gbeƒãe.
Mido dzesiti ɖe dzi, eye miɖe gbeƒãe.
Migaɣla naneke o!
Migblɔ be: ‘Woxɔ Babilon.+
Ŋukpe lé Bel.+
Dzidzi ƒo Merodak.
Wodo ŋukpe eƒe legbawo.
Dzidzi ƒo eƒe legba nyɔŋuawo.’*
3 Elabena dukɔ aɖe ho ɖe eŋu tso dziehe.+
Ena eƒe anyigba zu ŋɔdzinu;Ame aɖeke megale edzi o.
Amegbetɔwo kple lãwo siaa si;Wosi dzo.”
4 Yehowa be: “Le ŋkeke mawo me le ɣemaɣi la, Israel viwo kple Yuda viwo awɔ ɖeka.+ Woanɔ avi fam anɔ yiyim,+ eye woadi Yehowa woƒe Mawu la.+
5 Woatrɔ mo ɖe Zion anɔ eƒe mɔ ta biam se,+ eye woanɔ gbɔgblɔm be: ‘Miva míabla nu mavɔ, si womaŋlɔ be o la, kple Yehowa.’+
6 Nye dukɔ la zu lãha si me lãwo le bubum le.+ Wo kplɔlawoe kplɔ wo trae.+ Wokplɔ wo yi towo dzi, wole tsatsam tso to dzi yi togbɛ dzi. Woŋlɔ woƒe nɔƒe be.
7 Ame siwo katã ke ɖe wo ŋu la ɖu wo,+ eye woƒe futɔwo gblɔ be: ‘Míeɖi fɔ o, elabena woawo ŋutɔwoe wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, si nye dzɔdzɔenyenyenɔƒe kple Yehowa wo tɔgbuiwo ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋu.’”
8 “Misi dzo le Babilon,Midzo le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi,+Eye minɔ abe agbowo le alẽha ŋgɔ ene.
9 Elabena kpɔ ɖa, manyɔ dukɔ gãwo ƒe ha aɖe tso dziehenyigba dzi,+Eye makplɔ wo ava ƒu Babilon.
Woava dze aʋa ɖe eŋu;Afi mae woaxɔe le.
Woƒe aŋutrɔwo le abe aʋawɔlaSi ƒe aŋutrɔwo wua vi na ame,+Eye wometrɔna gbɔna ƒuƒlu o la tɔ ene.
10 Kaldea azu nuhaha.+
Ame siwo katã ahae la aɖi ƒo,”+ Yehowa ye gblɔe.
11 “Elabena esime miele nye domenyinu la ham la,+Miekpɔ dzidzɔ,+ eye mietso aseye.
Mieɖi adzrɔ* abe nyinɔe le gbe fẽwo me ene,Eye mienɔ xɔxlɔ̃m abe sɔtsuwo ene.
12 Wodo ŋukpe mia dada.+
Nyɔnu si dzi mi la ƒe mo tsi dãa.
Kpɔ ɖa! Eyae nye dukɔwo ƒe suetɔ,Gbegbe si tsi mele o kple tagba.+
13 Le Yehowa ƒe dɔmedzoe la ta ame aɖeke manɔ eme o;+Azu aƒedo ɖikaa.+
Ame sia ame si ato Babilon ŋu ava yi la ƒe nu aku,Eye wòalia aku le fuwɔame siwo katã va edzi la ta.+
14 Mi aŋutrɔdalawo* katã,Midze aʋa ɖe Babilon ŋu le goawo katã me.
Mitee, migave nu le aŋutrɔ ŋu o,+Elabena Yehowa ŋue wòwɔ nu vɔ̃ ɖo.+
15 Mido aʋaɣli ɖe eŋu le goawo katã me.
Ena ta.*
Eƒe sɔtiwo ŋe, wogbã eƒe gliwo ƒu anyi,+Elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biabia+ wònye.
Mibia hlɔ̃e.
Miwɔ nɛ abe ale si wòwɔ ene.+
16 Mitsrɔ̃ nuƒãlaKple ame si zãa hɛ gobɛ le nuŋeɣi la siaa ɖa le Babilon.+
Eye wo dometɔ ɖe sia ɖe atrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe dukɔ gbɔ,Eye wo dometɔ ɖe sia ɖe asi ayi eƒe anyigba dzi le yi ƒe fuwɔame la ta.+
17 “Alẽ si wonya de gbee Israel nye.+ Dzatawoe nyae de gbe.+ Gbã la, Asiria-fiae vuvui;+ ke azɔ Babilon-fia Nebukadnezar* gbã eƒe ƒuwo.+
18 Eya ta ale aʋakɔwo ƒe Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mahe to na Babilon-fia kple eƒe anyigba, abe ale si mehe to na Asiria-fia ene.+
19 Makplɔ Israel agbɔ va eƒe gbeɖuƒe,+ eye wòaɖu gbe le Karmel kple Basan+ ahaɖi ƒo* le Efrayim+ kple Gilead+ tonuto la me.’”
20 Yehowa be: “Le ŋkeke mawo me le ɣemaɣi la,Woadi Israel ƒe vodada la,Ke womakpɔe o;Womakpɔ Yuda ƒe nu vɔ̃wo o,Elabena matsɔ ake ame siwo makpɔtɔ ɖi la.”+
21 Yehowa be: “Tso ɖe Meratayim-nyigba ŋu, ho ɖe wo kple Pekod+ nɔlawo ŋu.
Wu wo, eye nàtsrɔ̃ wo gbidigbidi,
Eye nàwɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò la.
22 Aʋaɣli le ɖiɖim le anyigba la dzi,Gbegblẽ gã wònye.
23 Aleke anyigba blibo la ƒe yɔxɔmezu la gbã hekaka ale!+
Aleke Babilon zu ŋɔdzinu le dukɔwo dome ale!+
24 Oo Babilon, meɖo mɔ̃ na wò, eye wòɖe wò,Ke mèdze sii o.
Asi tu wò, eye wolé wò,+Elabena Yehowa ŋue nètsi tsitre ɖo.
25 Yehowa ʋu eƒe nudzraɖoƒe,Eye wòɖe eƒe dɔmedzoe ƒe aʋawɔnuwo ɖe go.+
Elabena dɔ aɖe le Aƒetɔ Dziɖulagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa si,Le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi.
26 Mitso didiƒe ʋĩi miaho ɖe eŋu.+
Miʋu eƒe nukudzraɖoƒeawo.+
Milɔe ƒo ƒu, abe ale si wolia kɔ agblemenuku ene,Mitsrɔ̃e gbidigbidi.+
Ame aɖeke megasusɔ ɖi nɛ o.
27 Miwu eƒe nyitsuiwo katã.+
Mikplɔ wo yi lãwuƒee.
Baba na wo, elabena woƒe ŋkeke ɖo,Woƒe akɔntabiaɣi ɖo!
28 Sisilawo,Ame siwo kpɔtɔ tso Babilon-nyigba dzi la ƒe gbe le ɖiɖim,Ne woagblɔ le Zion be Yehowa mía Mawu le hlɔ̃ biam,Ele hlɔ̃ biam ɖe eƒe gbedoxɔ la ta.+
29 Miyɔ aŋutrɔdalawo,Ame siwo katã vua da me la, ɖe Babilon ŋu.+
Miɖe to ɖee godoo va kpe, migana ame aɖeke nasi o.
Miɖo eƒe nuwɔna teƒe nɛ.+
Miwɔe nɛ abe ale si eya hã wɔe na ame bubuwo ene.+
Elabena edo eɖokui ɖe dzi ɖe Yehowa ŋu,Ðe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.+
30 Eya ta eƒe ɖekakpuiwo aku atsi eƒe ablɔwo me,+Eye eƒe aʋawɔlawo katã atsrɔ̃* gbe ma gbe,” Yehowa ye gblɔe.
31 Aƒetɔ Dziɖulagã, aʋakɔwo ƒe Yehowa be: “Kpɔ ɖa! Metso ɖe ŋuwò,+ Oo wò, dadala,+Elabena wò ŋkeke aɖo, ɣeyiɣi ade be mabia akɔnta wò.
32 Oo wò, dadala, àkli nu adze anyi,Eye ame aɖeke manɔ anyi afɔ wò ɖe tsitrenu o.+
Matɔ dzo wò duwo,Ne wòafiã nu sia nu le ŋuwò kpe ɖo.”
33 Ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi:
“Wote Israel viwo kple Yuda viwo ɖe anyi,Eye ame siwo katã ɖe aboyo wo la và wo goŋgoŋ.+
Wogbe asiɖeɖe le wo ŋu.+
34 Gake wo Gbugbɔƒlela la tri akɔ,+
Eŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa.+
Adrɔ̃ woƒe nya na wo ɖe eteƒe,+Ne wòana gbɔdzɔe anyigba la,+Eye wòade zi Babilon nɔlawo dome.”+
35 Yehowa be: “Yi ava Kaldeatɔwo,Babilon nɔlawo kple eƒe amegãwo kpakple eƒe nunyalawo dzi.+
36 Yi ava nya ƒuƒlu gblɔlawo* dzi, eye woawɔ bometsinu.
Yi ava eƒe aʋawɔlawo dzi, eye dzidzi aƒo wo.+
37 Yi ava woƒe sɔwo kple woƒe aʋatasiaɖamwo dzi,Ava dukɔ vovovo me tɔ siwo tsaka le eme la dzi,Eye woazu nyɔnugbɔmewo.+
Yi ava eƒe kesinɔnuwo dzi, eye woaha wo.+
38 Gbegblẽ ava eƒe tsiwo dzi, eye woamie.+
Elabena legbawo ƒe anyigba wònye,+Eye ŋɔdzinu siwo wokpɔna na wole aɖaʋanu wɔm.
39 Eya ta lã siwo nɔa gbegbe la anɔ lã siwo xlɔ̃na sesĩe la gbɔ,Eye golowo* anɔ eme.+
Ame maganɔ eme akpɔ o,Eye maganye teƒe si amewo atso aƒe ɖo o tso dzidzime yi dzidzime.”+
40 “Ame aɖeke manɔ afi ma o,+ eye ame aɖeke matso aƒe ɖe afi ma o, abe ale si Mawu trɔ Sodom kple Gomora kpakple du siwo ƒo xlã wo la bu anyii ene,”+ Yehowa ye gblɔe.
41 “Kpɔ ɖa! Dukɔ aɖe tso dziehe;Eye dukɔ gã aɖe kple fia gãwo+ hoTso anyigba ƒe mlɔenuwo gbɔna.+
42 Da kple akplɔ le wo si.+
Woƒe tagbɔ sẽ, eye womakpɔ nublanui o.+
Woƒe ɣli le abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene,+Esi wole woƒe sɔwo dzi.
Wobla akpa abe ŋutsu ene na aʋawɔwɔ heho ɖe ŋuwò, Oo Babilon vinyɔnu.+
43 Babilon-fia se wo ŋu nya,+Eye eƒe asiwo do agblɔ.+
Vɔvɔ̃ ɖoe!Ese veve helĩhelĩ, abe nyɔnu si le ku lém ene.
44 Kpɔ ɖa! Ame aɖe ado abe ale si dzata dona tso ave dodo siwo le Yordan ŋu me ene atso ɖe gbeɖuƒe siwo le dedie la ŋu, ke mana woasi le egbɔ le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Ame si wotia la, eyae matsɔ aɖo enu.+ Elabena ame kae de nunye, eye ame kae aʋli ho kplim? Lãkplɔvi kae ate ŋu atɔ ɖe ŋkunyeme?+
45 Eya ta mise Yehowa ƒe nyametsotso* le Babilon+ ŋu kple tame si wòɖo ɖe Kaldeatɔwo ƒe anyigba ŋu.
Vavãe, woahe lãha la ƒe viwo adzoe.
Eye woana woƒe nɔƒe nazu aƒedo le wo ta.+
46 Ɣli si aɖi be woxɔ Babilon la ana anyigba naʋuʋu,Eye woase konyifaɣli le dukɔwo dome.”+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Ðewohĩ Hebrigbe me nya si wozã le afi sia la do ƒome kple nya si wozãna na “mĩ” eye wozãnɛ na nu si nyɔa ŋu.
^ Alo, “Miele fefem.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mi ame siwo vua da me.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Edo abɔ ɖe dzi.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nebukadrezar,” esia nye ŋkɔ Nebukadnezar ŋɔŋlɔ bubui.
^ Alo, “eye eƒe luʋɔ aɖi ƒo.”
^ Egɔmɖeɖe tẽe, “ɖoɖoe azi le eƒe aʋawɔlawo katã nu.”
^ Alo, “aʋatsonyagblɔɖilawo.”
^ Alo, “tsatsaboliwo.”
^ Alo, “adaŋudede.”